Mateo 10:1-42

  • Apostolowo wuieveawo (1-4)

  • Subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋuti mɔfiame (5-15)

  • Woati nusrɔ̃lawo yome (16-25)

  • Mivɔ̃ Mawu ke menye amegbetɔwo o (26-31)

  • Menye ŋutifafa o, ke yi boŋ (32-39)

  • Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xɔxɔ (40-42)

10  Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo vɛ hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔwo dzi,+ be woanya wo ado goe, eye woada dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi.  Apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwoe nye:+ Gbãtɔe nye Simon, si wogayɔna be Petro,+ kple nɔvia Andrea;+ Yakobo, Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes;+  Filipo kple Bartolomeo;+ Toma+ kple Mateo,+ si nye adzɔxɔla la; Yakobo, Alfeo vi, kple Tadeo;  Simon Veviedola la; kple Yuda Iskariot, ame si va dee asi emegbe.+  Ame wuieve siawoe Yesu dɔ hede se siawo na wo be:+ “Migayi dukɔwo me tɔwo gbɔ o, eye migage ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖeke me o;+  ke miyi ɖe Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ siwo bú la, ɖeɖe ko gbɔ.+  Ne mieyi la, miɖe gbeƒã be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’+  Mida gbe le dɔnɔwo ŋu,+ mifɔ ame kukuwo ɖe tsitre, mina anyidɔlélawo* ŋuti nakɔ, minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Faa miexɔe, faa minae.  Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o,+ 10  eye migadi nuɖuɖu de akplo me na mɔzɔzɔa o, alo awu eve,* alo afɔkpawo loo alo atizɔti o,+ elabena dɔwɔla dze na eƒe nuɖuɖu.+ 11  “Du sia du alo kɔƒe sia kɔƒe si me mieyi la, midi ame siwo dze le eme la, eye minɔ afi ma va se ɖe esime miadzo.+ 12  Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na aƒea me tɔwo. 13  Eye ne aƒea dze la, ekema ŋutifafa si miedi nɛ la nava edzi,+ ke ne medze o la, miaƒe ŋutifafa negbugbɔ va mia dzi. 14  Afi sia afi si ame aɖe mexɔ mi alo ɖo to miaƒe nyawo le o la, ne miele dzodzom le aƒe ma alo du ma me la, miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu ɖe anyi.+ 15  Vavã mele egblɔm na mi be, anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomora+ nyigba le Ʋɔnudrɔ̃gbe la wu ale si wòanɔ na du ma. 16  “Kpɔ ɖa! Mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eya ta midze aye abe dawo ene, eye midza abe ahɔnɛwo ene.+ 17  Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋu, elabena woakplɔ mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo,+ eye woaƒo mi kple atam+ le woƒe ƒuƒoƒewo.+ 18  Woakplɔ mi ayi nutodziɖulawo kple dufiawo ŋkume+ le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo kple dukɔwo.+ 19  Ne wode mi asi la, migatsi dzimaɖi le ale si miaƒo nui alo nya si miagblɔ ŋuti o, elabena woatsɔ nya si miagblɔ la ana mi le gaƒoƒo ma me,+ 20  elabena menye miawo ɖeɖee aƒo nu o, ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ la aƒo nu to mia dzi.+ 21  Azɔ hã, nɔvi ade nɔvi asi be woawu, eye fofo ade via asi, viwo atsi tsitre ɖe wo dzilawo ŋu ahana woawu wo.+ 22  Eye amewo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta,+ ke ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe.+ 23  Ne woti mia yome le du aɖe me la, misi yi du bubu me;+ elabena vavã mele egblɔm na mi be: Miele Israel duawo katã kpe ge ɖo hafi Amegbetɔvi la nava ɖo o. 24  “Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, eye kluvi hã mewua eƒe aƒetɔ o.+ 25  Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la be wòazu abe eƒe nufiala ene, eye na kluvi be wòazu abe eƒe aƒetɔ ene.+ Ne amewo yɔa aƒea tɔ be Beelzebul*+ la, ɖe womayɔ eƒemetɔwo ya nenema geɖe wu oa? 26  Eya ta migavɔ̃ wo o, elabena wometsyɔ nu naneke dzi, si dzi womava klo nu le o, eye naneke mele ɣaɣla, si womava nya o.+ 27  Nya si megblɔ na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nya si medo dalĩ gblɔ na mi la, miɖe gbeƒãe le xɔwo tame.+ 28  Eye migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, gake womate ŋu awu luʋɔ*+ o la o; ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le Gehena.*+ 29  Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku* ɖeka, si ƒe home le sue ŋutɔ oa? Gake wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o.+ 30  Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã. 31  Eya ta migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.+ 32  “Eya ta ame sia ame si ʋua menye le amewo ŋkume la,+ nye hã maʋu eme le Fofonye si le dziƒowo la ŋkume.+ 33  Ke ame si gbe nu le gbɔnye le amewo ŋkume la, nye hã magbe nu le egbɔ le Fofonye si le dziƒowo la ŋkume.+ 34  Migabu xaa bena ɖe meva ŋutifafa na ge le anyigba dzi o; nyemeva ŋutifafa na ge o, ke yi boŋ.+ 35  Elabena meva viŋutsu kple fofoa, vinyɔnu kple dadaa, lɔ̃xoyɔvi kple lɔ̃xoa dome ma ge.+ 36  Ɛ̃, ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒemetɔwo. 37  Ame si lɔ̃a fofoa alo dadaa wum la, eya medzem o; eye ame si lɔ̃a viaŋutsu alo vianyɔnu wum la, eya medzem o.+ 38  Eye ame sia ame si melɔ̃ tsɔ eƒe fuwɔameti* la hedze yonyeme o la, eya medzem o.+ 39  Ame si ɖe eƒe luʋɔ* la abui, eye ame si bu eƒe luʋɔ* le tanye la, eya akpɔe.+ 40  “Ame si xɔa mi la xɔa nye hã, eye ame si xɔam la xɔa Ame si dɔm ɖa la hã.+ 41  Ame si xɔa nyagblɔɖila le esi wònye nyagblɔɖila ta la, axɔ nyagblɔɖila ƒe fetu,+ eye ame si xɔa ame dzɔdzɔe le esi wònye ame dzɔdzɔe ta la, axɔ ame dzɔdzɔe ƒe fetu. 42  Eye ame sia ame si ana tsi fafɛ kplu ɖeka pɛ ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka wòano le esi wònye nye nusrɔ̃la ta la, vavã mele egblɔm na mi be, eƒe fetu la matsi eŋu akpɔ o.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “kpodɔlélawo.”
Alo, “awu bubu.”
Enye ŋkɔ si woyɔna na Satana si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ɖula la.
Efia, agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “asario.” Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “agbe.”
Alo, “agbe.”