Mateo 8:1-34

  • Eda dɔ na anyidɔléla aɖe (1-4)

  • Asrafomegã aɖe ƒe xɔse (5-13)

  • Yesu da dɔ na ame geɖewo le Kapernaum (14-17)

  • Ale si míadze Yesu yomee (18-22)

  • Yesu blu ɖe ya sesẽ ta, eye wòtɔ te (23-27)

  • Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃awo de hawo me (28-34)

8  Esi wòɖi tso toa dzi la, ameha gã aɖe dze eyome.  Eye kpɔ ɖa, anyidɔléla* aɖe va bɔbɔ nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.”+  Ale wòdo asi ɖa ka asi eŋu gblɔ be: “Melɔ̃! Ŋutiwò nekɔ.”+ Enumake eƒe anyidɔ* la vɔ nɛ.+  Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Mègagblɔe na ame aɖeke o,+ ke boŋ yi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla,+ eye nàna nu siwo Mose ɖo be woana la,+ be wòanye kpeɖodzi na wo.”  Esi Yesu va Kapernaum la, asrafomegã aɖe va egbɔ heɖe kuku nɛ vevie+  be: “Aƒetɔ, nye subɔvi le aba dzi le aƒe me le lãmetutudɔ lém, eye wòle fu kpem vevie.”  Egblɔ nɛ be: “Ne meɖo afi ma ko la, mada gbe le eŋu.”  Asrafomegã la ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, nyemedze be nàva aƒenye me o, ke boŋ ɖe gbe ko, eye nye subɔvi la ahaya.  Elabena nye hã mele ame aɖe ƒe ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na ame sia be, ‘Heyi!’ eye wòyina, megblɔna na ame bubu be, ‘Va!’ eye wòvana, eye megblɔna na nye kluvi be, ‘Wɔ esia!’ eye wòwɔnɛ.” 10  Esi Yesu see la, ewɔ nuku nɛ, eye wògblɔ na ame siwo dze eyome la be: “Vavã mele egblɔm na mi be, nyemekpɔ ame aɖeke wòɖe xɔse gã sia tɔgbi fia kpɔ le Israel o.+ 11  Ke mele egblɔm na mi be, ame geɖewo atso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, eye woanɔ kplɔ̃ ŋu kple Abraham kple Isak kpakple Yakob le Dziƒofiaɖuƒe la me;+ 12  ke woatsɔ Fiaɖuƒe la ƒe viwo ya aƒu gbe ɖe viviti me le xexe. Afi mae woafa avi ahaɖu aɖukli le.”+ 13  Eye Yesu gblɔ na asrafomegã la be: “Heyi. Neva eme na wò le wò xɔse la nu.”+ Eye subɔvi la ƒe lãme sẽ le gaƒoƒo ma dzi.+ 14  Esi Yesu va Petro ƒe me la, ekpɔ lɔ̃xoa+ le anyimlɔƒe, wònɔ asrãdɔ lém.+ 15  Ale wòka asi eƒe asi ŋu,+ eye asrãdɔ la vɔ nɛ, eye wòfɔ hesubɔe. 16  Ke esi fiẽsi ɖo la, amewo kplɔ ame geɖe siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ, eye wògblɔa nya kpui aɖe tsɔ nyaa gbɔgbɔawo doa goe, eye wòda gbe le ame siwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋu, 17  ale be nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nava eme be: “Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe lãmegbegblẽwo, eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.”+ 18  Esi Yesu kpɔ ameha geɖewo le eŋu la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yewoayi ƒua ƒe go kemɛ dzi.+ 19  Eye agbalẽfiala aɖe va gblɔ nɛ be: “Nufiala, madze yowòme ayi afi sia afi si nàyi.”+ 20  Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, ke teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòaziɔ ta ɖo o.”+ 21  Eye nusrɔ̃la aɖe gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye gbɔ.”+ 22  Yesu gblɔ nɛ be: “Nɔ yonyeme, eye na ame kukuwo naɖi woƒe ame kukuwo.”+ 23  Azɔ Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖaɖo tɔdziʋu aɖe.+ 24  Kpɔ ɖa, ya sesẽ aɖe ƒo le ƒua dzi, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe tɔdziʋua me; ke Yesu ya le alɔ̃ dɔm.+ 25  Eye wova nyɔe hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ɖe mí, míeku vɔ!” 26  Ke egblɔ na wo be: “Mi xɔseʋɛtɔwo, nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi alea?”+ Eye wòtso heblu ɖe ya la kple atsiaƒua ta, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ.+ 27  Ewɔ nuku na nusrɔ̃laawo ale gbegbe, eye wogblɔ be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Yaƒoƒowo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.” 28  Esi wòva ɖi go ɖe Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi la, ŋutsu eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la do go tso yɔdowo* dome va kpee.+ Wowɔa adã ale gbegbe be dzi menɔa ame aɖeke ƒo wòtoa mɔ ma o. 29  Kasia, wodo ɣli sesĩe bia be: “Mawu ƒe Vi,+ nya kae le mí kpli wò dome? Ðe nèva be yeawɔ fu mí+ hafi ɣeyiɣi ɖoɖi la nadea?”+ 30  Ke hawo ƒe hatsotso gã aɖe le nu ɖum le adzɔge ɖaa.+ 31  Eya ta gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ vevie be: “Ne ènya mí do goe la, ɖo mí ɖe haawo me.”+ 32  Eya ta egblɔ na wo be: “Miheyi!” Ale wodo go hege ɖe haawo me; eye kpɔ ɖa, hawo ƒe ha blibo la katã ƒu du kplikplikpli to to la dzi* ge dze ƒu la me doo heku ɖe tsia me. 33  Ke haawo kplɔlawo sí, eye woyi dua me ɖagblɔ nu siwo katã dzɔ kple ŋutsu siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ la hã ŋuti nya. 34  Eye kpɔ ɖa, du blibo la katã ƒo zi eye wodo va Yesu gbɔ; esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewoƒe nutoa me.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “kpodɔléla.”
Alo, “kpodɔ.”
Alo, “ŋkuɖodziyɔdowo.”
Alo, “to la dzi va ɖo eƒe aga nu.”