Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Magate Ŋu Afɔ

Magate Ŋu Afɔ

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Melé blanui, mese veve, metsi’akogo.

    Yehowa, mekpɔe be nyemewɔe nyuie’o.

    Nuteɖeamedzi na ŋusẽ vɔ le ŋunye keŋ.

    Medi be matrɔ va wò’ame’o dome.

    (HAXE)

    Nyemeŋlɔ wò nyawo be o; meɖoa ŋku wo dzi.

    Wonaa dzi ɖoa ƒonye be matrɔ gbɔ.

    Nenye be mekli nu hã, ne medze’anyi hã,

    Magate’ŋ afɔ.

  2. 2. Nye nuwɔna’o do nuxaxa

    Na ame siwo lɔ̃am,

    ’Me si’o lɔ̃ Yehowa tso dzi me.

    Wò nya nye akaɖi fia mɔ si mato atrɔ va;

    Matrɔ va agbe mavɔ mɔ la dzi.

    (DOMETSOHA)

    ’Fi sia ’fi meyi, nu sia nu mekpɔ, ɖoa ŋku edzi nam be:

    Nuwuwu la tu’aƒe.

    (HAXE)

    Oo Mawu, meɖe kuku tsɔ nye nu vɔ̃’o kem.

    Kpe ɖe ŋunye ne matrɔ va gbɔwò.

    Ènya be ne medze’anyi zi geɖe hã,

    Magate’ŋ afɔ.

    (DOMETSOHA)

    Yehowa sea nu gɔme nam; menya be akpe ɖe ŋunye.

    Enya nye dzi me kple nu nyui si’o katã mewɔ tsã.

    Matsɔm aƒu gbe akpɔ o.

    (HAXE)

    Meɖoe be mayi kpekpea egbea. Manɔ nɔvi’o dome;

    Afi mae wòle be manɔ.

    Nenye be mekli nu hã, ne medze’anyi hã, magate’ŋ afɔ.

    Magate’ŋ afɔ.