Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Ðevi Suewo

Srɔ̃ Ðevi Suewo

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Yesu zã ɖevi sue

    Tsɔ fia nu nyui aɖe mí,

    Be míabɔbɔ mía ɖokui tso dzi me,

    Atsri dada kple fuléle.

    Yehowa di be míalɔ̃’ame sia ’me ade bubu wo ŋu.

    (HAXE)

    Míasrɔ̃ ɖevi’o, alɔ̃ mía nɔe’o tso dzi me ke;

    Míaganɔ vodada dim le mía nɔe’o ŋu o.

    Míasrɔ̃ ɖevi’o, anyo dɔme na ’me sia ’me;

    Míaganɔ mama dem mía nɔewo dome o.

  2. 2. Ðokuitɔdidi bɔ ɖe

    Míaƒe xexe vɔ̃ɖi sia me.

    Ame’o doa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo,

    ’Ye womelɔ̃a wo havi o.

    ’Ya ta míakpɔ nyuie be míagawɔ nu abe wo ene o.

    (HAXE)

    Míasrɔ̃ ɖevi’o, alɔ̃ mía nɔe’o tso dzi me ke;

    Míaganɔ vodada dim le mía nɔe’o ŋu o.

    Míasrɔ̃ ɖevi’o, anyo dɔme na ’me sia ’me;

    Míaganɔ mama dem mía nɔewo dome o.

    Srɔ̃ ɖevi suewo.

    (DOMETSOHA)

    Esi mí katã

    Míele Ma’u subɔm

    Kple dzi kpɔdzidzɔ,

    Mina míaɖo ŋku

    Yesu ƒe nyaa dzi

    Abɔbɔ mía ɖokui

    Tso dzi me ke abe ɖevi ene.

    (HAXE)

    Míasrɔ̃ ɖevi’o, alɔ̃ mía nɔe’o tso dzi me ke;

    Míaganɔ vodada dim le mía nɔe’o ŋu o.

    Míasrɔ̃ ɖevi’o, anyo dɔme na ’me sia ’me;

    Míaganɔ mama dem mía nɔewo dome o.

    Srɔ̃ ɖevi suewo.