Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

HADZIDZI 87

Miva, Ne Miakpɔ Gbɔdzɔe

Miva, Ne Miakpɔ Gbɔdzɔe

(Hebritɔwo 10:24, 25)

  1. 1. Xexe sia le blukɔ tsiɖitsiɖi me;

    Womenya Ma’u ƒe mɔwo o.

    Míehiã mía Mawu gã la ƒe mɔfiame;

    Míate’ŋ fia mɔ mía ɖokui o.

    Kpekpeawo naa gbɔdzɔe kple mɔkpɔkpɔ mí,

    ’Ye wotua míaƒe xɔse ɖo.

    Woʋãa mí na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ;

    Wodoa ŋusẽ mí míedoa dzi.

    Míagblẽ míaƒe kpekpeawo ɖi gbeɖe o;

    Míayi be míaxɔ nufiame.

    Kpekpe siawo ana míawɔ nu dzɔdzɔe,

    Ali ke le nyateƒea me.

  2. 2. Yehowa nya míaƒe nuhiahiãwo nyuie;

    Míehiã eƒ’aɖaŋuɖoɖo.

    Ne míeƒlea ɣeyiɣi dea kpekpeawo la,

    Afia be míeɖoa ŋu ɖe ’ŋu.

    Míetoa nɔviwo ƒe nuxlɔ̃amewo dzi

    Srɔ̃a ’le si míaɖe xɔse fia.

    Haxɔsetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu ta,

    Míenya be míetsi’akogo o.

    Ɛ̃, ɣeyiɣi nyuitɔwo le ŋgɔ gbɔna,

    Ta míaƒo ƒu kple nɔviwo,

    Be míasrɔ̃ ’le si míanɔ agbee fifia

    Wòadze Yehowa Mawu ŋu.