Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

United States

Le October 29, 2012 ƒe kwasiɖa me la, wode dzesii be amewuwu, nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze kple tutsɔtsɔ ada adzo amewo dzi ɖe kpɔtɔ sãa le New York City dua me ne wotsɔe sɔ kple ƒe 2011 ƒe ŋkeke atɔ̃ mawo ke tɔ. Nu ka gbɔe wòtso? Ahom sesẽ si wotsɔ ŋkɔ na be Sandy, si tu le United States ƒe Ɣedzeƒeƒuta, si na be elektrik-kaɖi megava nɔ teƒe geɖewo o gbɔe wòtso. Aƒetɔ Paul Browne si nye New York Kpovitɔwo Ƒe Dɔwɔƒea ƒe nyanuɖela gblɔ be: “Míede dzesi be ne dzɔdzɔmefɔkuwo alo nu dziŋɔwo [abe ŋɔdzinuwɔlawo ƒe ame dzi dzedze si dzɔ le September 11, 2001 ene] dzɔ la, nu vlo wɔwɔ dzi ɖena kpɔtɔna.” Ke hã, amewo ƒe ʋɔgbagbã afi woƒe nuwo ya dzi ɖe edzi, eye esia mewɔ nuku na Aƒetɔ Browne kura o. Egblɔ kpee be: “Akaɖi si tsi le teƒe gbogbo aɖewo gbɔe esia tso.”

Antarctica

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsi dzi vevie be nu miemie siwo wotsɔ tso duta la le nu miemie siwo nɔa Antarctica la dome gblẽm. Wobu akɔnta be le mama dedie nu la, ame akpeakpe siwo ɖia tsa vaa afi sia ƒe sia ƒe la dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa nuku asieke kple afã vaa afi sia le manyamanya me. Nuku siawo léna ɖe woƒe afɔkpawo kple mɔzɔkplowo ŋu. Wokpɔ nu miemie gbogbo siwo tso duta la le Ɣedzeƒe Antarctic Ƒukpo-Afã la dzi.

Netherlands

Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 83 lae nye ame gbãtɔ si wode glãƒu si wotsɔ klosalo ƒomevi aɖe si woyɔna be titanium wɔ la na. Wozã mɔ̃ aɖe si woyɔna be 3-D laser printer tsɔ wɔ glãƒu siae. Nyɔnu sia si dɔléle aɖe na eƒe glãƒu kaka la te ŋu le nu ɖum, le gbɔgbɔm hele nu ƒom nyuie fifia. Mɔ̃ sia lólo titanium kakɛwo hena wolé ɖe wo nɔewo ŋu wòzu glãƒu, eye wodee na nyɔnua.

Germany

Woka nya ta be esi woxe mɔ ɖe atamanono nu le dutoƒo le Germany le ƒe ɖeka kloe me la, wode dzesii le ame hatsotso aɖe si woxɔna ɖe kɔdzi la ŋu be wo dometɔ siwo woxɔna ɖe kɔdzi ɖe akɔtaveedɔ ta ƒe agbɔsɔsɔ ɖiɖi 13.3 le alafa me; eye wo dometɔ siwo woxɔna ɖe kɔdzi le dzidɔ ta la hã ƒe agbɔsɔsɔ ɖiɖi 8.6 le alafa me.