Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 GBEBIAME | BRETT SCHENCK

“Mexɔe Se Be Mawue Wɔ Nu Gbagbewo”

“Mexɔe Se Be Mawue Wɔ Nu Gbagbewo”

Brett Schenck nye nutomeŋutinunyala si xɔ dzudzɔ le United States. Esrɔ̃ nu tso ale si atiwo, lãwo kple nutoa me hiãa wo nɔewoe la ŋu. Nu ka tae wòxɔe se be Wɔla aɖe li? Nyɔ! magazinea talawo bia gbee tso dzɔdzɔmeŋutinunya kple eƒe dzixɔse ŋu.

Ƒo nu tso ɖokuiwò ŋu na mí.

Fofonye nye mɔ̃ɖaŋudɔwɔla. Eɖoa dze nam tso akɔntabubu kple dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu vividoɖenuŋutɔe. Esi menɔ ɖevime la, mekpɔa dzidzɔ ɖe nu miemiewo, lãwo, tɔsisiwo kple ta siwo le míaƒe nutoa me le New Paris, Ohio, le United States la ŋu. Eya ta esi meyi Purdue Yunivɛsiti la, metiae be masrɔ̃ nu tso kadodo si nɔa nu gbagbewo kple nutoa me dome la ŋu.

Ðe nèlɔ̃a mawusubɔsubɔa?

Ɛ̃. Papa dea dzi ƒo nam be masrɔ̃ nu tso míaƒe Luther subɔsubɔha ŋu. Mesrɔ̃ Koine (Helagbe si wodona wu), si nye gbegbɔgblɔ siwo me woɖe Biblia gɔme ɖo zi gbãtɔ la dometɔ ɖeka. Esia wɔe be meva dea asixɔxɔ gã aɖe Biblia ŋu.

Aleke nèbua nufiafia si nye be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si lae?

Míaƒe sɔlemeha la da asi ɖe edzi. Nye dɔwɔhatiwo hã xɔe se. Eya ta nyemeke ɖii kpɔ o. Gake megaxɔ Mawu hã dzi se. Ewɔna nam be dzixɔse eve siawo wɔ ɖeka. Togbɔ be medea asixɔxɔ Biblia ŋu hã la, nyemebunɛ be Mawu gbɔe wòtso o.

Nu kae na ale si nèbua Bibliae la va trɔ?

Yehowa Ðasefo eve siwo ŋkɔwoe nye Steve kple Sandy va srã nye kple srɔ̃nye Debbie kpɔ. Wona míede dzesii be togbɔ be Biblia menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽ o hã la, emenyawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ le Mawu ŋu be: “Eya, ame si le xexea me godoo tame.” (Yesaya 40:22) Egblɔ hã be: “Meku anyigba ɖe naneke ŋu o.” (Hiob 26:7) Ɣemaɣi la, mezãa foto siwo wotsɔ yamenutomeɖemɔ̃ ɖe tsɔ srɔ̃a nu tso kadodo si nɔa nu gbagbewo kple nutoa me dome ŋu, eya ta mawunyakpukpui siawo wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Woŋlɔ nya siawo ɖi gbe aɖe gbe ʋĩ ke hafi amewo va ɖe fotowo hekpɔe be anyigba la le nogoo eye womekui  ɖe naneke ŋu o. Esi Steve kple Sandy nɔ Biblia srɔ̃m kpli mí la, míesrɔ̃ nu tso Biblia me nyagblɔɖi siwo va eme kple Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ɖea vi ŋu, eye woƒe numeɖeɖewo me kɔ nam. Vivivi la, meva ka ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia la nye.

Ɣekaɣie nèva trɔ susu ku ɖe ale si agbe wɔ va dzɔ ŋu?

Mlɔeba la, Steve tsɔ nya si Biblia gblɔ eme kɔ ƒãa la fiam, si nye be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame.” (1 Mose 2:7) Woŋlɔ ale si ame gbãtɔ wɔ va dzɔ la ŋu nyawo ɖi. Esia fɔ nyabiase sia ɖe te be: Ðe Biblia wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya? Steve de dzi ƒo nam be maku nya ma me, eye mewɔe nenema hã.

Nu kae nèsrɔ̃ tso nufiafia si nye be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokui si la ŋu?

Mesrɔ̃ nu geɖe. Wo dometɔ ɖekae nye ale si nu sia fialawo dzea agbagba be yewoaɖe ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ la me. Ŋutinu siwo wɔa dɔ nyuie hele ɖoɖo nu, abe dzi, dzitodzito kple ŋku ene, le nu gbagbewo si. Eye ne wotsɔ mɔ̃ kpɔ nu gbagbewo ƒe lãmenugbagbeviwo me la, àkpɔ ‘mɔ̃’ wɔnukuwo le wo me. Aleke wòdzɔe be mɔ̃ mawo le lãmenugbagbeviwo me? Ame siwo fiaa nu be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si gblɔ be ɖeko mɔ̃ mawo ŋutɔwo dzɔ le wo ɖokui si, elabena nu gbagbe siwo me wole lae tsia agbe. Gake numeɖeɖe ma meɖo nyabiase si nye, Aleke wòdzɔe be mɔ̃ siawo le lãmenugbagbeviwo me? la ŋu o. Meva nya be dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe mexɔe se be woate ŋu anɔ te ɖe nufiafia sia dzi aɖo nya ma ŋu o. Lãwo ŋuti nunyala aɖe ʋu eme nam be yemexɔ nufiafia si nye be ɖeko nuwo dzɔ le wo ɖokuiwo si la dzi se o. Ke hã esi wònɔ vɔvɔ̃m be dɔ ava gblẽ na ye ta la, mekɔ nu le edzi o.

Ðe nusɔsrɔ̃ tso nu gbagbewo kple nutoa me ŋu do ŋusẽ wò xɔsea?

Ɛ̃. Mesrɔ̃a nu tso ale si nu gbagbewo hiãa wo nɔewo hafi woate ŋu anɔ agbe la ŋu. Nu gbagbe siwo katã le anyigba dzi hiãa wo nɔewo hafi woate ŋu anɔ agbe. Bu seƒoƒowo kple anyiwo ŋu kpɔ. Wowɔ seƒoƒowo ale be woƒe amadedewo, woƒe ʋeʋẽ lililiwo, wo me tsiwo kple woƒe wɔwɔme tea ŋu hea anyiwo, eye anyiwo kpɔa seƒoƒoŋuwɔ gbogbo aɖewo le wo dzi. Wowɔ anyiwo be woano seƒoƒometsiwo, eye woalɔ seƒoƒoŋuwɔwo le seƒoƒo aɖe dzi ayi na ati bubu ale be wòate ŋu aƒo se. Edze kɔtɛe be ɖe wowɔ seƒoƒowo kple anyiwo be woakpɔ wo nɔewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ.

‘Ale si nu gbagbewo kple afi si wole ɖɔa wo ɖokuiwo ɖo la na mexɔe se be Mawue wɔ nu gbagbewo’

Le nutoa me la, míekpɔe be nu gbagbewo hiãa wo nɔewo le mɔ geɖewo nu. Nuto si míewɔnɛ la fia nu gbagbe akpe geɖewo, abe lãwo, nu miemiewo kple hlo ƒomeviwo ene, kple afi si wole. Lãwo katã hiãa gbe kple ya si woyɔna be ɔksidzin hafi woate ŋu anɔ agbe, eye nenema ke ati siwo ƒoa se la dometɔ akpa gãtɔ hiã lãwo hafi woate ŋu anɔ agbe. Togbɔ be ale si lãwo kple nu miemiewo hiã wo nɔewo gɔme sese sesẽ ŋutɔ, eye edze abe wo dome ate ŋu agblẽ bɔbɔe ene hã la, woayi edzi anɔ anyi ƒe akpe. Ne edzɔ be ɖiƒoƒo gblẽ nu le nuto aɖe ŋu gɔ̃ hã la, nu gbagbe gbogbo aɖewo agate ŋu adzi ɖe nuto ma me ne ɖiƒoƒoa nu yi. Ne mebu ale si nu gbagbewo kple afi si wole tea ŋu ɖɔa wo ɖokuiwo ɖoe ŋu la, mexɔe se be Mawue wɔ nu gbagbewo.

Nu ka tae nèzu Yehowa Ðasefo?

Metsi dzi vevie ɖe ale si ameƒomea le anyigbadzinuwo dome gblẽmee la ŋu. Menyae be togbɔ be nu gbagbewo kple nuto siwo me wole ate ŋu aɖɔ wo ɖokuiwo ɖo hã la, mefia be wo dome mate ŋu agblẽ ɖikaa o. Yehowa Ðasefowo fiam le Ŋɔŋlɔawo me be Mawu ahe “gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.” (Nyaɖeɖefia 11:18) Nya mawo nɔ vevie nam ŋutɔ. Esi meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi la, meva de dzesii be mɔkpɔkpɔ si ŋu nya Biblia gblɔ nye nu ŋutɔŋutɔ.

Nuƒoƒo na amewo tso nye dzixɔsewo ŋu dzɔa dzi nam, eye mesrɔ̃ Biblia kple dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo. Esi mexɔ ƒe 55 la, mexɔ dzudzɔ le dɔ me togbɔ be nye dzudzɔxɔɣi meɖo o hã, ale be mate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woase Ame si wɔ nu gbagbewo kple eƒe tameɖoɖo ku ɖe anyigba dzeani sia ŋu la gɔme.