Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Itchan Kala ƒe gli siwo le dugã si nye Khiva me

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Uzbekistan

Tsaɖiɖi Yi Uzbekistan

WOYƆ ŋkɔ vovovowo abe Transoxiana, Anyigba Si Le Tɔsisiwo Dome, Tartary kple Turkistan ene na dukɔ sia tsã. Fifia woyɔnɛ be Uzbekistan, alo “Uzbektɔwo Ƒe Anyigba.” Tso keke ƒe alafa 15 lia ƒe gɔmedzedze me kee Uzbekistan dugãwo ɖea vi na asitsala siwo zɔa mɔ toa Sedamɔa dzi, enye mɔ aɖe si nɔ China kple Mediterranea dome kpɔ. Ðeti koŋue Uzbektɔwo tsɔna lɔa woƒe avɔ siwo wodzrana. Wodzraa nu bubuwo abe anyigbakuntru siwo nya kpɔ siwo wotsɔ ɖeti, lãfu, kple seda lɔ̃ ene hã.

Ame geɖewo kpɔ ŋusẽ ɖe Uzbektɔwo ƒe dekɔnuwo dzi esi ƒeawo va nɔ yiyim. Aʋadziɖula xɔŋkɔwo kple woƒe aʋawɔla sesẽwo zɔ mɔ to Uzbektɔwo ƒe towo kple dzogbewo dzi. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Aleksanda Gãtɔ, si kpɔ Roxane, nyɔnu si wòva ɖe la tso afi ma; Genghis Khan, si tso Mongolia kple Timur (si wogayɔna be Tamerlane), si tso nuto ma me, eye wònye ame siwo ƒe fiaɖuƒe keke ta wu le ŋutinya me la dometɔ ɖeka.

Awu siwo nutoa me tɔwo dona

Le Uzbekistan egbea la, àkpɔ ŋkuɖodzixɔ gagã siwo le amadede vovovowo me siwo tame wotsɔ xɔgbakpe siwo ƒe amadede le blɔ gba wòle gobaa la le du gãwo me. Xɔ siawo dometɔ geɖe nye sukuwo.

Sedamɔ La. Mɔdodo sia nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu, eye wònɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si me wova dze mɔzɔzɔ to ƒu dzi yi India le ƒe alafa 15 lia ƒe nuwuwu le Kristotɔwo Ŋɔli gɔme, mɔ sia si dzi asitsalawo tona, si ƒe akpa aɖe va to afi si woyɔna fifia be Uzbekistan la, wɔ akpa vevi aɖe le xexea ƒe asitsanyawo me va yi.

Wotsɔ seda le anyigbakuntru lɔ̃m

Aral Ƒua. Esi wova le ta sia me tsiwo zãm na agbledede ta la, Aral Ƒua—si nye ta lolotɔ enelia le xexea me la me tsiawo le vɔvɔm kabakaba. Uzbekistan dziɖuɖua do ta ɖe Titina Asia dukɔwo gbɔ be woakpe asi ɖe ye ŋu yeaɖɔ kuxia ɖo.

Uzbektɔwo ƒe ŋɔŋlɔdzesi siwo nɔa tɔtrɔm. Wodoa gbegbɔgblɔ vovovowo le dukɔa me, esi Moslemtɔwo va ɖu wo dzi le ƒe alafa enyilia me la, wova da asi ɖe Aramgbe dodo dzi le dukɔa me. Esi dukɔa va nɔ Soviet Union dziɖuɖua te la, wova nɔ Latin ŋɔŋlɔdzesiwo zãm eye emegbe le ƒe 1930-awo me la wova ɖɔlii kple Cyrillic ŋɔŋlɔdzesiwo. Le ƒe 1993 me la, wowɔ se yeye be woazã Uzbektɔwo ƒe ŋɔŋlɔdzesi siwo dzɔ tso Latin me le nuŋɔŋlɔ me.

Atikutsetse siwo wosia wòƒu siwo dzram wole le asi me