Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Astana Dugã

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Kazakhstan

Tsaɖiɖi Yi Kazakhstan

KAZAKHSTANTƆ geɖe nye tsatsalawo. Va se ɖe egbea, Kazakhstantɔ siwo nye lãkplɔlawo kplɔa woƒe lãhawo yia gbeɖuƒe vovovowo le ale si ɣeyiɣiawo trɔe la nu. Le dzomeŋɔliwo la, wonɔa to siwo dzi fafa le la dzi ale be lãwo nakpɔ gbe aɖu. Ne sno dzaɣi le ɖoɖom la, wokplɔa woƒe lãhawo ɖia abu vaa teƒe siwo dzoxɔxɔ le vie wu.

Kazakhstantɔ aɖewo le dugãwo me. Ke hã, woƒe dekɔnuwo, nuɖuɖuwo kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la katã ɖe ale si wo tɔgbuiwo nye tsatsalawo tsã la fia. Kazakhstantɔwo lɔ̃a hakpanya viviwo gbɔgblɔ, hadzidzi kple haƒoƒo le haƒonu siwo woawo ŋutɔwo wɔ la dzi.

Xɔ siwo wotsɔ avɔ tu, si nye xɔ kpokploe siwo me tsatsalawo nɔna la ɖe ale si wodea asixɔxɔ woƒe dua kple teƒe si wole ŋu la fia. Lãkplɔlawo gadea asixɔxɔ xɔ siawo ŋu, eye Kazakhstantɔ siwo le du gãwo me la nɔa wo me ne wole azãwo ɖum. Xɔ siawo hã nye teƒe siwo tsaɖilawo dzena. Wotsɔa avɔ siwo me nyɔnuwo lɔ̃ nu ɖo, avɔ siwo wolɔ̃ kple anyigbakuntruwo ɖoa atsyɔ na xɔawo me wònyea nukpɔkpɔ.

Ale si xɔ si wotsɔ avɔ tu la me le

Kazakhstantɔ siwo le kɔƒewo me la lɔ̃ sɔwo ŋutɔ. Nya vovovo 21 ye Kazakhstantɔwo zãna na sɔ, eye gɔmesese vovovo le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Wogazãa nya kple nyagbɔgblɔ siwo wu 30 tsɔ ɖɔa sɔ ƒe amadede. Ne wona sɔ nyui aɖe si le lãmesẽ me ame aɖe la, wobunɛ be enye nu gã aɖe eye wodea asixɔxɔ eŋu. Le kɔƒenutowo me la, ŋutsuviwo srɔ̃a sɔdodo le woƒe ɖevime.

Zi geɖe la, Kazakhstantɔwo meɖua nu ʋulã manɔmee o, eye nu ʋeʋĩ mesɔa gbɔ ɖe woƒe nuɖuɖuwo me o. Kazakhstantɔwo ƒe nunono vevitɔwo dometɔ ɖekae nye koumiss, si wotsɔ sɔ ƒe notsi wɔ, eye wogblɔ be edea ame ƒe lãmesẽ dzi. Woƒe nunono bubue nye shubat. Kposɔ ƒe notsie wotsɔ wɔe, mevivi boo o gake nunyiame le eme.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Almaty la kpea amewo be woava ɖi tsa le woƒe dɔwɔƒea, eye ame sia ame ate ŋu ava ɖi tsa faa.

Lãkle ƒomevi aɖe si mebɔ o la ʋuna vaa Kazakhstantɔwo ƒe to kɔkɔwo dzi le dzomeŋɔliwo