Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Na Makpɔ Ŋutifafa Kple Dzidzɔ Ƒe Ðeka Pɛ Ko

Na Makpɔ Ŋutifafa Kple Dzidzɔ Ƒe Ðeka Pɛ Ko
  • ƑE SI ME WODZII: 1971

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: FRANCE

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ŊUTASẼNUWƆLA, GBƆDƆDƆ ƑE AGBE GBEGBLẼ NƆLA KPLE ATIKE VƆ̃ÐI ZÃLA

NYE ŊUTINYA:

Kɔƒedu si nye Tellancourt, si le France ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome ye nye kple dzinyelawo kple nɔvinyenyɔnu míenɔ. Fofonye tso France, eye danye tso Italy. Esi mexɔ ƒe enyi la, míeʋu yi Italy ɖanɔ dɔwɔla dahewo ƒe nuto aɖe me le Rome. Agbea sesẽ le aƒea me. Dzinyelawo wɔa dzre vevie le woƒe gakuxiwo ta.

Esi mexɔ ƒe 15 la, danye de dzi ƒo nam be nye hã mado ɖe amewo dome adze xɔlɔ̃. Eya ta vivivi la, meva te dodo hetsia gbɔme ɣeyiɣi didi hafi gbɔna. Eteƒe medidi o, meva nɔ ha dem kple ame gblẽkuwo. Gbe ɖeka, ŋutsu aɖe te ɖe ŋunye vividoɖeameŋutɔe. Etsɔ atike vɔ̃ɖi nam be mano, eye melɔ̃ xɔe, elabena medi be maɖee afia be metsi. Eteƒe medidi o, meva ƒo ɖokuinye ɖe agbe maɖɔʋu siwo nye atike vɔ̃ɖi zazã kple agbe gbegblẽ nɔnɔ me. Amewo dɔ gbɔnye sesẽe zi geɖe. Nyemegabua nye agbe ɖe naneke me o; meku o, mele agbe o, mekam o. Metsi akogo ale gbegbe. Esi mexɔ ƒe 16 la, medi be mawu ɖokuinye, eya ta meno wiski atukpa ɖeka eye meti kpo dze tɔ aɖe me. Esia na meyi ɖime ŋkeke etɔ̃ sɔŋ.

Meva de asixɔxɔ agbea ŋu wu tsã, ke hã mezu ŋutasẽla kple ameflula hã. Metsɔa ɖokuinye nana amewo be woadɔ gbɔnye, eye mewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ naa atike wo le woawo ŋutɔwo ƒe aƒe me woyia alɔ̃ me, eye mefia nu xɔasi ɖe sia ɖe si menya kpɔ ko. Nu vlo wɔhawo nana metsɔa atike vɔ̃ɖiwo yia Italy ƒe teƒeteƒewo. Medzea kpovitɔwo si me enuenu. Nyemegava nya ta le nye agbe ŋu o eye metɔtɔ. Ke hã mexɔe se be anye susu aɖe kokoko tae mele agbe ɖo. Eya ta medo gbe ɖa na Mawu be wòana makpɔ ŋutifafa kple dzidzɔ ƒe ɖeka pɛ ko.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Esi mexɔ ƒe 24 la, meɖoe be maʋu ayi England. Nu si tae nye be nye hadede kple atike vɔ̃ɖi dzralawo wɔe be nye agbe ɖo afɔku me. Gake hafi madzo la, meyi ɖakpɔ danye ɖa eye nukutɔe la, medo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Annunziato Lugarà wònɔ Biblia me gbedeasia gblɔm nɛ. * Esi menya nu tso eƒe nu vlo wɔwɔ ŋu ta la, vɔvɔ̃ ɖom eye mebiae be nu ka tae wòva afi sia ɖo hã. Egblɔ tɔtrɔ siwo gbegbe wòwɔ le eƒe agbenɔnɔ me hafi va zu Yehowa Ðasefo la nam, eye wòbia tso asinye be maka ɖe edzi na ye be ne meyi England la, madi Yehowa Ðasefowo. Melɔ̃ ɖe edzi. Gake esi meyi afi ma la, eteƒe medidi hafi megadze nye agbe baɖa nɔnɔ gɔme o.

Gbe ɖeka, medo go Ðasefo aɖe si nɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! mam le London ƒe ablɔ aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo me. Meɖo ŋku ŋugbe si medo na Annunziato la dzi, eye mebia tso Ðasefoa si be wòava nɔ Biblia srɔ̃m kplim.

Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la wɔ nuku nam ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, nya si le 1 Yohanes 1:9 la wɔ dɔ ɖe dzinye. Afi ma gblɔ tso Mawu ŋu be: “Ne míeʋua míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔe wònye, be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ . . . mía ŋu.” Mawunyakpukpui ma de dzi gbɔ nam, elabena mese le ɖokuinye me be ŋunye mekɔ o, le agbe si nɔm mele ta. Enumake, mete kpekpewo dede le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Ðasefoawo xɔm nyuie ŋutɔ. Esi mekpɔ xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli si le wo dome la, edzrom be manɔ woƒe hame si le abe ƒome ene la me, elabena ɖekawɔwɔ si le wo dome la koŋ dim menɔ tso ɣeaɖeɣi ke.

Togbɔ be mesesẽ nam fũu akpa be madzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã kpakple agbe gbegblẽ nɔnɔ o hã la, menɔ bɔbɔe nam kura be maɖɔ nye nɔnɔme ɖo o. Mekpɔe be ehiã be mawɔ nu ɖe amewo ŋu bubutɔe ahase nu gɔme na ame. Megakpɔtɔ le ʋiʋlim vevie be maɖu nɔnɔme manyomanyo aɖewo dzi. Gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mele asi ɖem le wo ŋu. Le ɣleti ade megbe tso esime medze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme la, mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka, le ƒe 1997 me.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, meɖe ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Barbara, si va zu Yehowa Ðasefo eteƒe medidi o. Esi xɔ̃nye xoxoawo dometɔ ɖeka kpɔ ale si gbegbe metrɔ nye agbenɔnɔe la, eya hã dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eya kple nɔvianyɔnu wova zu Ðasefowo. Eyome, mamanye nɔvinyɔnu si xɔ ƒe 80 la dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo hafi ku.

Fifia menye hamemetsitsi le míaƒe hamea me, eye nye kple srɔ̃nye míetsɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia wɔ míaƒe agbemedɔe hele gome kpɔm le Biblia-fiafia Italygbedola siwo le London la me. Ɣeaɖewoɣi la, agbe si menɔ va yi nana meléa blanui vevie, gake Barbara dea dzi ƒo nam ŋutɔ. Mele vivi sem le ƒomegbenɔnɔ si dzroam tso gbe aɖe gbe ke la me azɔ, eye meke ɖe Fofo lɔ̃ame si dim menɔ tso ɣeaɖeɣi ke la ŋu. Mebia Mawu be wòana makpɔ ŋutifafa kple dzidzɔ ƒe ɖeka pɛ ko, ke hã eyram wògbɔ nu si mekpɔ mɔ na ŋu sãsãsã!

Mele vivi sem le ƒomegbenɔnɔ si dzroam tso gbe aɖe gbe ke la me azɔ, eye meke ɖe Fofo lɔ̃ame si dim menɔ tso ɣeaɖeɣi ke la ŋu

^ mm. 10 Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm—Afi Sia Afi Si Mayi La, Tu Nɔa Ŋunye Godoo,” si nye Annunziato Lugarà ƒe agbemeŋutinya si dze le July 1, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 8-9.