Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE WÒNYO BE WOANYE ANUKWAREÐILA?

Ale Si Anukwaremaɖimaɖi Gblẽa Nu Le Ŋuwò

Ale Si Anukwaremaɖimaɖi Gblẽa Nu Le Ŋuwò

“Zi geɖe la, anukwaremaɖimaɖi vi aɖe koe kpɔa nɔnɔme sesẽ aɖewo gbɔ.”—Samantha, si le South Africa.

Èlɔ̃ ɖe nya ma dzia? Mí katã míedoa go nɔnɔme sesẽwo ɣeaɖewoɣi abe Samantha ke ene. Ale si míewɔa nu ne anukwaremaɖimaɖi ƒe tetekpɔwo dze ŋgɔ mí la tea ŋu ɖea nu si le vevie na mí la fiana. Le kpɔɖeŋu me, ne asaƒoƒo na ŋukpeɖuɖu ye le vevie na mí wu la, ɖewohĩ míabu anukwaremaɖimaɖi be enye viɖenu. Gake ne míeɖi anukware o eye nyateƒea va dze mlɔeba la, zi geɖe la, emetsonuawo menyona kura o. Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

ANUKWAREMAÐIMAÐI NANA WOMEKANA ÐE AME DZI O

Kaka ɖe ame nɔewo dzi ye nana kadodo nyui nɔa ame eve dome. Ne amewo ka ɖe wo nɔewo dzi alea la, wokpɔnɛ be yewole dedie eye woɖea dzi ɖi. Gake kakaɖeamedzi mevana le eɖokui si o. Nuwɔwɔ ɖekae edziedzi, dzeɖoɖo anukwaretɔe kple kpekpe ɖe ame nɔewo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe ye nana amewo va kana ɖe wo nɔewo dzi. Gake anukwaremaɖimaɖinuwɔna ɖeka pɛ ate ŋu awɔe be womagaka ɖe mía dzi o. Eye ne edzɔ alea la, ate ŋu asesẽ ŋutɔ hafi woagava ka ɖe mía dzi ake.

Ðe ame aɖe si nèbuna xɔ̃wò vevi la flu wò kpɔa? Ne esia dzɔ ɖe dziwò kpɔ la, aleke nèse le ɖokuiwò me? Anɔ eme godoo be ete ɖe dziwò vevie, àkpɔe gɔ̃ hã be enye nuteƒemawɔmawɔ. Esɔ be nàse le ɖokuiwò me nenema. Ðikeke mele eme o be anukwaremaɖimaɖi ate ŋu agblẽ xɔlɔ̃ veviwo dome.

AKPATƆGBƆNƆLA MESEA AKPA DZENA O

Numekuku aɖe, si Robert Innes, si nye nufialagã le California ƒe Yunivɛsiti wɔ la ɖee fia be “anukwaremaɖimaɖi kpɔa ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi.” Eya ta woate ŋu atsɔ anukwaremaɖimaɖi asɔ kple dɔxɔleameŋuzi ale si nèle ha dem kple ame aɖe si nye anukwaremaɖila la, zi nenemae wòle bɔbɔe be nàva zu anukwaremaɖila.

Aleke nàwɔ be anukwaremaɖimaɖi ƒe mɔ̃ nagaɖe wò o? Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Míade dzi ƒo na wò be nàde ŋugble le Biblia me mɔfiame ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.