Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

2 Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Kuxiwo Gbɔ

2 Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Kuxiwo Gbɔ

Ɣeaɖewoɣia kuxi aɖewo nɔa anyi hena ƒe geɖe; wova xɔa anyinɔ hafi míeva nyana gɔ̃ hã. Ðe nunya si le Biblia me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kuxi sesẽ mawo gbɔa? Na míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

DZIMAÐITSITSI FŨU AKPA

Rosie gblɔ be, “Metsia dzimaɖi enuenu ɖe nanewo ŋu eye wova doa gã ɖe edzi le nye susu me, evɔ mele nenema hafi o.” Mawunyakpukpui kawoe kpe ɖe eŋu? Wo dometɔ ɖekae nye Mateo 6:34 si gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.” Fifia Rosie gblɔ be Yesu ƒe nya mawo kpe ɖe ye ŋu yedzudzɔ dzitsitsi ɖe nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o ŋu. Egblɔ kpee be, “Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nam, mehiã be matsɔ nu siwo mekpɔ dzɔ haɖe o eye ɖewohĩ womadzɔ o la anɔ wo kpem o.”

Yasmine hã kpɔe be dzimaɖitsitsi va wua tsɔtsɔ na ye. Egblɔ be, “Mefaa avi ŋkeke aɖewo le kwasiɖaa me eye metsia zãdomadɔlɔ̃e ɣeaɖewoɣi. Mekpɔe be nu siwo ŋu metsia dzi ɖoa le nu gblẽm le ŋunye vevie.” Mawunyakpukpui kawoe kpe ɖe eŋu? Egblɔ be 1 Petro 5:7 ye kpe ɖe ye ŋu. Afi ma gblɔ be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi, elabena eléa be na mi.’ Yasmine gblɔ be: “Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, medoa gbe ɖa na Yehowa eye eɖo nye gbedodoɖawo ŋu nam. Ðeko wòwɔ nam abe ɖe woɖe agba kpekpe aɖe le dzinye ene. Megabua nu siwo ŋu metsia dzi ɖo ŋu ɣeaɖewoɣi ya, gake fifia menya ale si makpɔ wo gbɔe.”

HEHE ÐE MEGBE

Ðetugbui aɖe si ŋkɔe nye Isabella gblɔ be: “Mesusu be hehe ɖe megbe le nuwo wɔwɔ ŋu le ʋu me nam elabe tɔnye ƒe kɔe metsɔ. Mewɔa alɔgblɔdɔ le nu siwo le vevie wɔwɔ ŋu be mavo aɖi ɖe eme alo akpɔ television. Nɔnɔme sia gblẽa nu le ame ŋu elabe enana ame xaxana eye mewɔa eƒe dɔwo nyuie o.” Biblia ƒe mɔfiame si kpe ɖe eŋu la dze le 2 Timoteo 2:15 si gblɔ be: “Wɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe nàɖe ɖokuiwò afia Mawu abe ame si dze eŋu, dɔwɔla si ƒe dɔ mekpea ŋu nɛ le mɔ aɖeke nu o” ene. Isabella gblɔ be: “Nyemedi be nye dɔwo nakpe ŋu na Yehowa le esi mehena ɖe megbe le dɔ ŋu ta o.” Eva wɔ asitɔtrɔ geɖe.

Kelsey hã gblɔ be: “Dɔwo nɔa dzinye gake menɔa hehem ɖe megbe va se ɖe esime ɣeyiɣia vɔ keŋkeŋ hafi. Metsɔnɛ na avi, nyemedɔa alɔ̃ nyuie o eye metsia dzi. Nɔnɔme sia medea dzinye o.” Nya si le Lododowo 13:16 ye kpe ɖe Kelsey ŋu. Afi ma gblɔ be: “Aɖaŋudzela wɔa nu le nunya me, ke bometsila doa boblo eƒe bometsitsi.” Kelsey gblɔ nu si wòsrɔ̃ tso mawunyakpukpui ma me ale: “Nunya le eme be woawɔ ɖoɖo ɖe nuwo ŋu eye woawɔ ɖe edzi. Fifia agbalẽ aɖe le asinye si me meŋlɔa nu siwo mawɔ la ɖo si medana ɖe nye kplɔ̃ dzi, eye esia kpena ɖe ŋunye mewɔa nuwo ɖe ɖoɖo nu ale be magaɖe ŋu ɖi va se ɖe ɣeyiɣi mamlɛa hafi o.”

AKOGOTSITSI

Kirsten gblɔ be: “Srɔ̃nye dzo le gbɔnye eye wògblẽ vi ene sɔŋ ɖe dzinye. Mawunyakpukpui kae kpe ɖe eŋu? Lododowo 17:17 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi, eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.” Kirsten te ɖe nɔvia Yehowa subɔla bubuwo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu. Aleke wokpe ɖe eŋui? Egblɔ be: “Xɔ̃nyeawo kpe ɖe ŋunye le mɔ geɖe nu! Wo dometɔ aɖewo ɖi asi vɛ nam eye bubuwo tsɔ seƒoƒowo va da ɖe nye ʋɔtru nu. Zi etɔ̃ sɔŋ esi míenɔ ʋuʋum la, xɔlɔ̃ aɖewo va kpe ɖe nye kple vinyeawo ŋu. Wo dometɔ ɖeka kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ. Wokpena ɖe ŋunye ɣesiaɣi.”

Akogotsitsi ɖea fu na Delphine si ŋu nya míegblɔ va yi hã. Egblɔ le nu siwo dzɔ ɖe edzi megbe be: “Mese le ɖokuinye me abe ɖe nye ɖeka metsi afi aɖe kpoo hele amewo kpɔm ene. Metsi akogo ŋutɔ.” Mawunyakpukpui si kpe ɖe eŋue nye Psalmo 68:6 si gblɔ be: “Mawu naa nɔƒe ame tsiakogowo.” Eyi edzi be: “Menya be menye aƒe ŋutɔŋutɔe nɔƒea nye o. Ke boŋ meva se egɔme be enye gbɔgbɔmenɔƒe aɖe, afi si míenɔa dedie le, si naa míedea ha viviwo kple ame siwo hã lɔ̃ Yehowa. Gake menya be ele be mate ɖe Yehowa ŋu gbã hafi nye kple ame bubuwo dome hã navivi. Psalmo 37:4 kpe ɖe ŋunye mewɔ esia. Afi ma gblɔ be, ‘Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò vevie, ekema ana nu siwo wò dzi di la wò.’”

Eƒo eƒe nyaa ta be: “Mekpɔe be ele be maku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ. Eyae nye ame nyuitɔ kekeake. Meŋlɔ nu siwo madi be nye kple ame bubu siwo hã lɔ̃ Yehowa míate ŋu awɔ ɖekae, si ana nye kpli wo dome nagavivi wu la ɖi. Medzea agbagba be makpɔ nu nyui siwo amewo wɔna eye maŋe aɖaba aƒu woƒe vodadawo dzi.”

Nyateƒeae nye be xɔ̃nye mawusubɔla bubuwo mede blibo o. Yehowa Ðasefowo hã le kuxiwo me tom abe ame sia ame ke ene. Gake hehe si Biblia nana mí la ʋãa mí be míakpe ɖe amewo ŋu ne ehiã. Enyo be míadze xɔlɔ̃ siawo tɔgbi. Ke hã, ɖe Biblia me mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kuxiwo abe dɔmavɔleameŋu kple nuxaxa ene siwo gbɔ míate ŋu akpɔ fifia oa?

Ne èwɔna ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖowo dzi la, ana nàdze xɔ̃ ame siwo akpe ɖe ŋuwò