Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Amegbetɔwoe to mawusubɔsubɔ vɛa?

AME AÐEWO XƆE SE be amegbetɔwoe to mawusubɔsubɔ vɛ; ame bubuwo hã ƒe susue nye be Mawu toa mɔ sia dzi tea amewo ɖe eɖokui ŋu. Nu kae nèsusu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume” la li. (Yakobo 1:27) Mawusubɔsubɔ vavãtɔ, alo esi le dzadzɛ la, tso Mawu gbɔ.

NU BUBU SI MÍESRƆ̃ LE BIBLIA ME

  • Ele be mawusubɔsubɔ nawɔ ɖeka kple Biblia me nyateƒea hafi wòadze Mawu ŋu.—Yohanes 4:23, 24.

  • Subɔsubɔha siwo fiaa amegbetɔwo ƒe nufiafiawo la medzea Mawu ŋu o.—Marko 7:7, 8.

Ðe wòhiã kokoko be ame nanɔ subɔsubɔha aɖe mea?

ÐE NÀGBLƆ BE . . .

  • Ɛ̃a?

  • Aoa?

  • Nɔnɔmea ye afia?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi . . .o.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Mawu di be ye subɔlawo naƒo ƒu anye subɔsubɔha ɖeka.

NU BUBU SI MÍESRƆ̃ LE BIBLIA ME

  • Ele be ame siwo subɔa Mawu ɖekae la ƒe nufiafiawo nawɔ ɖeka.—1 Korintotɔwo 1:10, 11.

  • Subɔsubɔha si dzea Mawu ŋu la me tɔwo nye xexea me godoo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ.—1 Petro 2:17.