Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | MAWUDƆLAWO—WOLI ŊUTƆŊUTƆA? NU SI TA NYA SIA LE VEVIE

Mawudɔlawo​—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòa?

Mawudɔlawo​—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòa?

Le Kwasiɖagbe aɖe ƒe ŋdɔ me la, Kenneth kple Filomena, siwo le Curaçao la gayi be yewoasrɔ̃ Biblia kple atsu kple asi aɖe.

Kenneth gblɔ be: “Esi míeɖo la agboa nɔ dodo eye ʋua hã menɔ aƒea me o. Gake nane gblɔ nam be maƒo ka na nyɔnua.”

Nyɔnua ɖo fon la ŋu eye wògblɔ be ye srɔ̃ yi dɔme. Gake esi wòkpɔe be Kenneth kple Filomena ye la, eva ʋu agboa na wo.

Wokpɔe le mo nɛ be efa avi. Esi Kenneth do gbe ɖa eye wodze nua sɔsrɔ̃ gɔme la, nyɔnua wó avi. Eya ta Kenneth kple Filomena biae be wòagblɔ nu si nɔ fu ɖem nɛ la na yewo.

Nyɔnua gblɔ be ɖe yeɖoe be yeawu ye ɖokui ŋdɔ ma eye esi yenɔ eŋu nya ŋlɔm na ye srɔ̃ ye Kenneth ƒo ka na ye. Ena wonya be yeƒe blanuiléledɔ ho na ye, eya ta wotsɔ Biblia me nya aɖewo fa akɔ nɛ. Akɔfanamenya mawo xɔe ɖe agbe.

Kenneth gblɔ be: “Yehowae míada akpe na be wòna míekpe ɖe nyɔnu sia si dzi nu te ɖo la ŋu, eye vevietɔ be wòto ɖewohĩ mawudɔla alo eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ʋã mí be míeƒo ka nɛ!” *

Ðe wògblẽ be Kenneth kple Filomena naxɔe ase be Mawue de nu nyaa me, to mawudɔla aɖe alo eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea alo dɔwɔŋusẽ dzia? Alo nudogoɖenunu si xɔ nyɔnua ɖe agbe koe Kenneth ƒe kaƒoƒoa nyea?

Míate ŋu agblɔe kaŋ o. Gake nu si míenyae nye be Mawu zãa eƒe dɔlawo tsɔ kpena ɖe eƒe amewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia na míenya be Mawu to mawudɔla aɖe dzi fia mɔ Kristotɔ Filipo si nye nya nyui gblɔla be wòava kpe ɖe Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe ŋu wòase Biblia me nya aɖe gɔme.—Dɔwɔwɔwo 8:26-31.

Subɔsubɔha geɖe fiaa nu amewo be woaxɔe ase be gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo ƒe ŋusẽ gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu la li. Wogblɔna be wo dometɔ aɖewo nyoa dɔme, wowɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye mawudɔla le ame sia ame si si dzɔa eŋu. Menye ɖeko ame geɖe xɔ edzi se be mawudɔlawo li ko evɔ o, ke boŋ woxɔe se hã be mawudɔlawo kpena ɖe yewo ŋu etɔxɛe. Ke hã ame bubu geɖewo ya mexɔe se kura be mawudɔlawo li o.

Ðe mawudɔlawo li ŋutɔŋutɔa? Ne woli ŋutɔŋutɔa, ke afi kae wodzɔ tso? Nu kae nye nyateƒe si ku ɖe mawudɔlawo ŋu? Ðe woate ŋu akpe ɖe ŋuwòa? Na míadzro kpeɖodziawo me kpɔ.

^ mm. 8 Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.