Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso “avuviwo” ŋu la nye amedzudzua?

Ðevi aɖe lé avuvi ɖe asi, Hela alo Romatɔwo ƒe kpetata sue (ƒe alafa gbãtɔ D.Y. va se ɖe ƒe alafa evelia K.Ŋ.)

Ɣeaɖeɣi esi Yesu dzo le Israel yi Romatɔwo ƒe nuto si nye Siria me la, Hela-nyɔnu aɖe va bia kpekpeɖeŋu tso egbɔ. Esi Yesu nɔ nyaa ŋu ɖom nɛ la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe si fia be etsɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la nɔ sɔsɔm kple “avuviwo.” Wobu avuwo be wonye lã makɔmakɔwo le Mose ƒe Sea me. (3 Mose 11:27) Gake ɖe Yesu wɔ kpɔɖeŋua be yeatsɔ adzu Hela-nyɔnua kple ame siwo menye Yudatɔwo oa?

Menye nenemae kura o. Nu si Yesu wɔnɛ ye nye be kpekpe ɖe Yudatɔwo ŋue nye nu vevitɔ na ye ɣemaɣi abe ale si wòɖe eme na eƒe nusrɔ̃lawo ene. Eya ta ewɔ kpɔɖeŋu sia tsɔ ɖe nya sia me na Hela-nyɔnua be: “Mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖo ɖe avuviwo o.” (Mateo 15:21-26; Marko 7:26) Zi geɖe la, Helatɔwo kple Romatɔwo lɔ̃a avuwo ƒe nya eye wonɔa wo gbɔ le aƒe me, eye wo viwo fena kpli wo. Eya ta nya “avuviwo” anya na nyɔnua ƒe susu yi ale si Yesu lɔ̃ ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi. Hela-nyɔnua fɔ nya le Yesu ƒe nya si wògblɔ me tsɔ ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ele eme baa; gake avuviwo ɖua nuɖuɖu wuwlui siwo duduna tso woƒe aƒetɔwo ƒe kplɔ̃ dzi.” Yesu kafu nyɔnua ɖe eƒe xɔse ta, eye wòda gbe le vianyɔnuvi la ŋu.—Mateo 15:27, 28.

Ðe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo be yewoalala vie hafi ayi ƒudzimɔzɔzɔ aɖe dzi la sɔa?

Agbatsɔtɔdziʋu gã aɖe si woɖe ɖe ʋuƒo dzi (ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ.)

Ya sesẽ aɖe ƒo va kpe tɔdziʋu si Paulo ɖo yina Italia, si na be ŋgɔyiyi va zu dɔ. Esi wova tɔ le mɔa dzi vie la, apostoloa ɖo aɖaŋu na wo be woana yewoalala vie hafi ayi mɔa zɔzɔ dzi. (Dɔwɔwɔwo 27:9-12) Susu ka tae wòɖo aɖaŋu sia ɖo?

Ƒudzidɔwɔla siwo nɔ anyi le blema la nya nyuie be afɔku nɔa mɔzɔzɔ to Mediterranea-ƒua dzi le vuvɔŋɔliwo. Tso November ƒe domedome va se ɖe March ƒe domedome la, tɔdziʋuwo mezɔa mɔ o. Gake mɔzɔzɔ si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la, adze egɔme tso September alo October me. Romatɔ agbalẽŋlɔla Vegetius (si nɔ anyi le ƒe alafa enelia K.Ŋ.) ƒo nu tso ƒu ma dzi zɔzɔ ŋu le eƒe agbalẽ si nye Epitome of Military Science me be: “Mɔzɔzɔ le ɣleti aɖewo me sɔ nyuie, kakaɖedzi mele ɣleti aɖewo ŋu o, eye manya wɔ kura le ɖewo ya me o.” Vegetius gblɔ be afɔku mele mɔzɔzɔ tso May 27 va se ɖe September 14 me o, gake mɔzɔzɔ eve siwo ŋu kakaɖedzi mele o, eye afɔku nɔa wo mee nye esi dzea egɔme tso September 15 va se ɖe November 11 kple esi tso March 11 va se ɖe May 26. Ðikeke mele eme o be Paulo si zɔa mɔ edziedzi la nya nu tso kuxi siawo ŋu nyuie. Anɔ eme be tɔdziʋua kula kple ʋutɔa hã nya esiawo nyuie, gake wodo toku Paulo ƒe nuxlɔ̃amea. Tɔdziʋua va gbã le mɔa zɔzɔ me.—Dɔwɔwɔwo 27:13-44.