Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na “Dɔmenyo Ƒe Se” Nafia Mɔ Wò

Na “Dɔmenyo Ƒe Se” Nafia Mɔ Wò

“ALE si nɔviŋutsuawo kple nɔvinyɔnuawo nyo dɔme nam la koŋue wɔ dɔ ɖe dzinye.” Lisa ye gblɔ nya ma esime wònɔ nu ƒom tso nu si tee ɖe nyateƒea ŋua ŋuti. * Aleae wònɔ le Anne hã gome. Egblɔ be: “Ale si Ðasefoawo nyo dɔme nama koŋue wɔe be medi be masrɔ̃ Biblia, ke menye woƒe nufiafiawoe o.” Nyɔnu evea siaa va zu Ðasefowo, eye fifia Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu doa dzidzɔ na wo. Dɔmenyo si woɖe fia wo ye wɔ akpa vevi aɖe le go sia me.

Mɔ kawo nue míate ŋu anyo dɔme na amewo wòaɖe vi na wo? Le nyati sia mea, míakpɔ ale si míate ŋu awɔ esia to míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi. Eyome míaƒo nu tso ame siwo wòle be míanyo dɔme na la ŋu.

NA “DƆMENYO ƑE SE” NANƆ WÒ AÐE DZI

Lododowo 31 lia gblɔ tso nyɔnu zazɛ̃a ŋu be “dɔmenyo ƒe se le eƒe aɖe dzi.” (Lod. 31:26) Enana “se” sia kpɔa ŋusẽ ɖe nya siwo wògblɔna kple ale si wògblɔa woe la dzi. Ele be vifofowo hã nana “se” sia nanɔ woƒe aɖe dzi. Dzila geɖe nya be bublu ɖe ɖeviwo ta ate ŋu aɖe fu na wo vevie. Ne dzilawo nyrana ɖe wo viwo dzia, esia ate ŋu awɔe be ɖeviawo mase gbe na wo o. Eya ta ne dzilawo ƒoa nu na wo viwo tufafatɔea, anɔ bɔbɔe na ɖeviawo be woaɖo to wo ahase gbe na wo.

Èɖanye dzila alo mènye dzila o, aleke nàte ŋu aƒo nu dɔmenyotɔe? Lododowo 31:26 ƒe akpa gbãtɔ ɖo aɖaŋu nyui aɖe na mí. Egblɔ be: “Ekea eƒe nu le nunya me.” Esia fia be ele be míana nunya nafia mɔ nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa woe. Nu si akpe ɖe mía ŋu míawɔ esiae nye be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe nya si gblɔ ge mala ana dɔmedzoe nafla, alo ana ŋutifafa nanɔ anyi?’ (Lod. 15:1) Ɛ̃, nunya le eme be míabu nyawo ŋu nyuie hafi aƒo nu.

Biblia me lododo bubu gblɔ be: “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene.” (Lod. 12:18) Ne míedea ŋugble le ale si míaƒe nyawo kple gbe si míetsɔ gblɔa woe ana amewo nase le wo ɖokui me ŋua, esia awɔe be míaɖɔ ŋu ɖo le nya siwo míegblɔna me. Ɛ̃, ne “dɔmenyo ƒe se” le míaƒe aɖe dzia, míaƒo asa na nya veamewo gbɔgblɔ kple gbedada ɖe ame gbɔ. (Ef. 4:31, 32) Ne míewɔe alea, nya tuameɖowo kple nya dedziƒonamewo gbɔgblɔ ava xɔ ɖe susu manyomanyowo bubu ɖe ame ŋu kple nya tɔamewo gbɔgblɔ teƒe. Yehowa ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí esi wòdo ŋusẽ Eliya si nɔ vɔvɔ̃m la. Mawudɔla si dzi wòto la tsɔ “gbe bɔbɔe” ƒo nu na Eliya. (1 Fia. 19:12) Ke hã, dɔmenyonyo bia nu geɖe wu nuƒoƒo na ame tufafatɔe ko. Ele be míaɖee afia le míaƒe nuwɔnawo hã me. Le mɔ ka nu?

DƆMENYONYO ATE ŊU AƲÃ AMEWO BE WOAÐO TO NYA NYUIA

Míesrɔ̃a Yehowa ne míenyoa dɔme na amewo le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo siaa me. (Ef. 4:32; 5:1, 2) Lisa si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedzea gblɔ ale si Ðasefoawo nyo dɔme nɛ. Egblɔ be: “Esi wòva hiã kpata be míaƒe ƒomea naʋu le aƒe si me míenɔ mea, nɔvinyɔnu eve aɖewo kple wo srɔ̃wo bia mɔ le dɔme eye wova kpe ɖe mía ŋu míefɔ míaƒe agbawo. Ɣemaɣia, nyemenɔ Biblia srɔ̃m gɔ̃ hã o!” Dɔmenyonyo ƒe nuwɔna ma ʋã Lisa be wòasrɔ̃ nyateƒea.

Anne, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia hã kpɔ ŋudzedze ɖe ale si Ðasefoawo nyo dɔme nɛ la ŋu. Egblɔ be: “Le nu manyomanyo siwo amewo wɔ ɖe ŋunye va yi taa, nyemegakana ɖe amewo dzi o.” Egblɔ kpee be: “Esi medo go Ðasefowoa, nyemeka ɖe wo dzi o. Mebia ɖokuinye be, ‘Nu ka tae wotsɔ ɖe le eme nam?’ Gake ale si nye Biblia fialaa wɔa nu ɖe ŋunye dɔmenyotɔe la wɔe be meva ka ɖe edzi.” Nu nyui kae do tso eme? Egblɔ be: “Meva lé fɔ ɖe nu siwo srɔ̃m menɔa ŋu geɖe wu.”

De dzesii be dɔmenyo si hamea me tɔwo wɔ na Lisa kple Anne la wɔ dɔ ɖe wo dzi vevie, eye esiae ʋã wo be woasrɔ̃ nyateƒea. Ewɔe hã be wova ka ɖe Yehowa kple eƒe amewo dzi.

SRƆ̃ YEHOWA ƑE DƆMENYONYO

Enɔa bɔbɔe na ame aɖewo be woaƒo nu na amewo nyuie ako alɔgbɔnu na amewo, le hehe si woxɔ alo le woƒe dekɔnuwo ta. Esia dze na kafukafu. Gake ne míaƒe amenyenye alo dekɔnuwo ta koe míewɔa nu alea, ke mafia kokoko be míele Mawu ƒe dɔmenyonyo srɔ̃m o.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 28:2.

Dɔmenyonyo vavãtɔ nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Eya ta hafi míate ŋu anyo dɔme na amewo la, ele be míaɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu kple nuwɔnawo dzi. Ne míewɔe alea, ke míele Yehowa kple Yesu srɔ̃m. Azɔ hã esi míenye Kristotɔwo taa, míetsɔa ɖe le eme na amewo vevie. Eya ta, lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu, kple lɔlɔ̃ na mía havi ye ʋãa mí míenyoa dɔme. Esia fia be dɔmenyonyo nye nɔnɔme vevi aɖe si míeɖena fiana tso dzi me eye edzea Mawu ŋu hã.

AME KAWOE MÍANYO DƆME NA?

Zi geɖea, enɔa bɔbɔe na mí be míanyo dɔme na míaƒe ame nyanyɛwo alo ame siwo nyo dɔme na mí. (2 Sam. 2:6) Mɔ siwo nu míewɔa esia le dometɔ ɖekae nye be míedaa akpe na wo. (Kol. 3:15) Ke ne míesusu be ame aɖe medze be míanyo dɔme nɛ, alo ave enu o ya ɖe?

Bu esia ŋu kpɔ. Yehowa ye ɖo dɔmenyonyo na ame siwo medze nɛ o (alo amenuveve) ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí. Eye eƒe Nya, Biblia, fia nu vevi aɖe mí ku ɖe ale si míaɖe nɔnɔme sia afiae ŋu. Nya “amenuveve” dze zi gbɔ zi geɖe le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Aleke Yehowa vea mía nu, alo nyoa dɔme na mí?

Yehowa nyo dɔme na ame miliɔn akpe geɖe siwo le agbe egbea kple ame gbogbo siwo nɔ agbe kpɔ la siaa, elabe enaa nu siwo wohiã be woanɔ agbe la wo. (Mat. 5:45) Le nyateƒe mea, Yehowa nyo dɔme na mí hafi míeva nya eyama gɔ̃ hã. (Ef. 2:4, 5, 8) Le kpɔɖeŋu me, etsɔ eƒe tenuvi la, si nye eƒe nu nyuitɔ kekeake la, na ɖe ameƒome bliboa ta. Apostolo Paulo ŋlɔ bena, Yehowa na tafea ɖe mía ta “le eƒe amenuveve [alo, dɔmenyonyo] geɖe la nu.” (Ef. 1:7) Azɔ hã, togbɔ be míewɔa nu vɔ̃ eye míewɔa nu wòvea Yehowa hã la, eyia edzi kpena ɖe mía ŋu hefiaa nu mí. Eƒe nufiafiawo kple eƒe nyawo le abe ‘tsi si nyɔ́ ɖe gbe dzi ene,’ elabe wofaa dzi na mí. (5 Mose 32:2) Manya wɔ gbeɖe be míaɖo eteƒe nɛ ɖe dɔmenyo si gbegbe wòwɔ na mí la ta o. Nya lae nye be Yehowa ƒe dɔmenyonyo manɔmee la, etsɔme nyui ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ mía si o.—Tsɔe sɔ kple 1 Petro 1:13.

Ðikeke mele eme o be, Yehowa ƒe dɔmenyonyo nana eƒe nu nyoa mía ŋu eye wòʋãa míawo hã be míanyo dɔme na amewo. Le esia taa, le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ mea, míedzea agbagba srɔ̃a Yehowa eye míenyoa dɔme na ame sia ame ƒomevi, ke menye ame aɖewo ko o. (1 Tes. 5:15) Ne míenyoa dɔme na amewo ɣesiaɣia, míava nɔ abe ati gã aɖe si ƒe vɔvɔli te woate ŋu abe ɖo le ŋdɔgbe ene. Míanye akɔfafatsoƒe na míaƒe ƒometɔwo, haxɔsetɔwo, dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo kple míaƒe aƒelikawo.

Bu ale si gbegbe wòaɖe vi na wò ƒomea kple hamea me tɔwo ne ètoa wò nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi nyoa dɔme na wo ŋu kpɔ. Ðewohĩ ame aɖe le miaƒe hamea me si ahiã wò kpekpeɖeŋu be nàdzra aƒea me ɖo na ye alo aɖi asi na ye. Gakpe ɖe eŋua, ne èdo go ame aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me si hiã kpekpeɖeŋua, ɖe nàte ŋu awɔ nane atsɔ akpe ɖe eŋua?

Neva eme be míasrɔ̃ Yehowa eye míana “dɔmenyo ƒe se” nafia mɔ míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo ɣesiaɣi.

^ Míetrɔ ŋkɔawo.