Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 24

Yehowa—Mawu Si Ƒe Tsɔtsɔke Ƒo Ðe Sia Ðe Ta

Yehowa—Mawu Si Ƒe Tsɔtsɔke Ƒo Ðe Sia Ðe Ta

“Oo Yehowa, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò.”—PS. 86:5.

HADZIDZI 42 Mawusubɔla Ƒe Gbedodoɖa

NYA VEVIAWO *

1. Nyateƒenya kae Fia Salomo gblɔ le Nyagblɔla 7:20?

 FIA Salomo gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.” (Nyagb. 7:20) Nya mawo nye nyateƒe! Mí katã míewɔa nu vɔ̃. (1 Yoh. 1:8) Eya ta mí katã míehiã tsɔtsɔke tso Mawu kple amewo gbɔ.

2. Ne èdze agɔ le xɔ̃wò dzi, eye wòtsɔe ke wòa, aleke nèsena le ɖokuiwò me?

2 Ðewohĩ èɖo ŋku edzi be èdze agɔ le xɔ̃wò aɖe dzi kpɔ, si na wò kplii dome gblẽ. Esi nèdi be mia kplii dome naganyo taa, èɖe kuku nɛ. Aleke nèse le ɖokuiwò me esi xɔ̃wòa tsɔe ke wò? Ðikeke mele eme o be ena wò dzi dze eme eye nèkpɔ dzidzɔ!

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Míedi be Yehowa nanye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ, gake ɣeaɖewoɣia, míate ŋu adze agɔ le edzi le nuƒoƒo alo nuwɔna me. Ke nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa le klalo be yeatsɔ ake mí? Vovototo kae le ale si Yehowa tsɔna kena kple ale si amegbetɔ tsɔna kena dome? Eye ame kawoe Yehowa tsɔna kena?

YEHOWA LE KLALO BE YEATSƆ AKE

4. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa le klalo be yeatsɔ ake?

4 Mawu ƒe Nyaa ka ɖe edzi na mí be Yehowa le klalo be yeatsɔ ake. Esime Yehowa to mawudɔla aɖe dzi ɖe eɖokui fia Mose le Sinai-toa dzia, egblɔ tso eɖokui ŋu be: “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, ame si ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame akpeakpewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nu vɔ̃ kena.” (2 Mose 34:6, 7) Mawu si sea veve ɖe ame nu eye wòkpɔa nublanui na amee Yehowa nye. Ele klalo ɣesiaɣi be yeatsɔe ake nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me.—Neh. 9:17; Ps. 86:15.

Yehowa nya nu siwo katã me míeto le agbe me, siwo na míeva zu ame si míenye egbea la nyuie (Kpɔ memama 5 lia)

5. Le Psalmo 103:13, 14 ƒe nya nua, nu kae Yehowa wɔna le esi wònya nu sia nu tso mía ŋu ta?

5 Yehowae nye mía Wɔla, eya ta enya nu sia nu tso ame sia ame ŋu le anyigba dzi. (Ps. 139:15-17) Enya blibomademade siwo katã dome míenyi tso mía dzilawo gbɔ la nyuie. Enya nu siwo katã me mía dometɔ ɖe sia ɖe to le agbe me, siwo na míeva zu ame si míenye egbea hã nyuie. Nu kae nu siawo nyanya ʋãa Yehowa wòwɔna? Eʋãnɛ be wòkpɔa nublanui na mí.—Ps. 78:39; xlẽ Psalmo 103:13, 14.

6. Aleke Yehowa ɖee fia be yedi vevie be yeatsɔ ake?

6 Yehowa ɖee fia be yedi vevie be yeatsɔ ake mí. Enya be ame gbãtɔ, Adam, ƒe nuwɔnae kplɔ mí katã de nu vɔ̃ kple ku me. (Rom. 5:12) Naneke meli míate ŋu awɔ atsɔ aɖe mía ɖokui tso nu vɔ̃ kple ku si me o. (Ps. 49:7-9) Gake mía Mawu lɔ̃amea kpɔ nublanui na mí eye wòwɔ ɖoɖo be yeaɖe mí. Nu kae wòwɔ? Yohanes 3:16 gblɔ be etsɔ eƒe Tenuvi la na be wòava ku ɖe mía ta. (Mat. 20:28; Rom. 5:19) Yesu va ku ɖe mía teƒe ale be ame sia ame si xɔ edzi se navo tso nu vɔ̃ kple ku si me. (Heb. 2:9) Woɖi gbɔe eye wòse veve helĩhelĩ ʋuu hafi ku. Kpɔ ale si wòanya te ɖe Yehowa dzii esi Yesu to nɔnɔme ma me ɖa! Ne ɖe Yehowa medi be yeatsɔ ake mí oa, èsusu be aɖe mɔ nu ma gbegbe nadzɔ ɖe Via malɔ̃nugbɔa dzia?

7. Gblɔ ame siwo Yehowa tsɔ ke faa ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

7 Ame siwo Yehowa tsɔ ke faa ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. (Ef. 4:32) Wo dometɔ kae va susu me na wò? Ðewohĩ Fia Manase ye. Fia vɔ̃ɖi ma wɔ nu vɔ̃ dziŋɔwo. Esubɔ trɔ̃, eye wòkplɔ ame bubuwo hã de trɔ̃subɔsubɔ me. Ewu eya ŋutɔ viawo tsɔ sa vɔ na alakpamawuwo. Esi ganyrã wue nye be eda legba aɖe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kɔkɔea me. Biblia gblɔ tso Fia Manase ŋu be: “Ewɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋkume tsɔ do dziku nɛ.” (2 Kron. 33:2-7) Gake esi Manase trɔ dzi me ŋutɔŋutɔa, Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee faa, eye wògatsɔe ɖo fiae gɔ̃ hã. (2 Kron. 33:12, 13) Ðewohĩ èɖo ŋku Fia David hã dzi. Ewɔ nu vɔ̃ gãwo ɖe Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ewɔ ahasi, eye wòwu ame. Gake esi wòlɔ̃ ɖe eƒe vodadawo dzi eye wòtrɔ dzi me ŋutɔŋutɔa, Yehowa tsɔe ke eya hã. (2 Sam. 12:9, 10, 13, 14) Ɛ̃, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa di vevie be yeatsɔ ake mí. Eye abe ale si míava kpɔe enea, Yehowa ƒe tsɔtsɔke de ŋgɔ sãa wu ale si amegbetɔwo tsɔna kena.

YEHOWA ƑE TSƆTSƆKE DE ŊGƆ

8. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe tsɔtsɔke de ŋgɔ?

8 Yehowae nye “anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la.” (1 Mose 18:25) Ele be ʋɔnudrɔ̃la nyui nanya sea nyuie. Alea tututue wòle le míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la Yehowa gome, elabe eya kee nye míaƒe Senala. (Yes. 33:22) Ame aɖeke menya nu sinyui kple vɔ̃ nye la nyuie de Yehowa nu o. Azɔ hã, ele be ʋɔnudrɔ̃la nyui nanya nu tso nyaa ŋu tsitotsito hafi atso nya me. Le go sia me hãa, Yehowae nye Ʋɔnudrɔ̃la si ƒe nyametsotsowo nyea nyuitɔ ɣesiaɣi.

9. Hafi Yehowa natso nya me be yeatsɔ akea, nu vevi kawo ŋue wòléa ŋku ɖo?

9 To vovo na ʋɔnudrɔ̃la siwo le anyigba dzia, Yehowa ya nya nyateƒe siwo katã ku ɖe nya ɖe sia ɖe ŋu. (1 Mose 18:20, 21; Ps. 90:8) Menye nu si amegbetɔwo kpɔna alo sena dzie wònɔa te ɖo tsoa nya me o. Enya nyuie be ame sia ame to vovo, eye be afi si ame aɖe nɔ tsi, hehe si wòxɔ, eƒe seselelãme kple lãmesẽnyawo kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔnawo dzi. Azɔ hã, Yehowa kpɔa amewo ƒe dzi me eye wòdea dzesi nu si ʋã wo wowɔ nane. Naneke mele ɣaɣla ɖe Yehowa o. (Heb. 4:13) Eya ta ne Yehowa tsɔ ke ame aɖea, míate ŋu aka ɖe edzi be eda nu sia nu kpɔ nyuie hafi.

Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, ewɔa nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie, eye mekpɔa ame ŋkume o. Womate ŋu ana zãnui o (Kpɔ memama 10 lia)

10. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe ɣesiaɣi? (5 Mose 32:4)

10 Yehowa drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe ɣesiaɣi. Mekpɔa ame ŋkume o, eye metsɔna kea ame le esi wòdze ɖeka alo dze tugbe, ga le esi, amewo dze sii, alo ŋutete tɔxɛwo le esi ta o. (1 Sam. 16:7; Yak. 2:1-4) Ame aɖeke mate ŋu azi Yehowa dzi alo ana zãnui o. (2 Kron. 19:7) Eye menɔa te ɖe eƒe seselelãme dzi tsoa nya me o. (2 Mose 34:7) Ðikeke mele eme o be Yehowae nye Ʋɔnudrɔ̃la nyuitɔ, elabe enya nu sia nu tso mía ŋu eye wòsea míaƒe nɔnɔmewo gɔme na mí.—Xlẽ 5 Mose 32:4.

11. Aleke Yehowa ƒe tsɔtsɔke to vovo na amegbetɔwo tɔ?

11 Ame siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo de dzesii be Yehowa ƒe tsɔtsɔke de ŋgɔ ŋutɔ. Agbalẽ aɖe gblɔ be le go aɖewo mea, wozãa Hebrigbe me nya aɖe “si woɖe ɖe vovo be woatsɔ aɖɔ ale si Mawu tsɔna kea nu vɔ̃ wɔlawo. Womezãa nya ma na amegbetɔwo o, elabe ale si amegbetɔwo tsɔna kena mede afi aɖeke ne wotsɔe sɔ kple Mawu tɔ o.” Yehowa koe ate ŋu atsɔ ake nu vɔ̃ wɔla trɔdzime wòade edeƒe. Ke ne Yehowa tsɔ ke ame aɖea, aleke wòɖea vi nɛ?

12-13. (a) Ne Yehowa tsɔ ke ame aɖea, aleke wòɖea vi na amea? (b) Ðe Yehowa agahe to na amea ɖe nu vɔ̃ mawo ke ta? Ðe eme.

12 Ne míeka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ke mía, míekpɔa “dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ.” Esia nana dzitsinya nyui sua mía si, eye míaƒe dzi dzea eme. Tsɔtsɔke sia tɔgbi mate ŋu atso amegbetɔwo gbɔ o. (Dɔw. 3:19) Ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃ ke mía, enana mía kplii dome gava nɔna nyuie, abe ke ɖe mímewɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu gɔ̃ hã o ene.

13 Ne Yehowa nya tsɔ nu vɔ̃ aɖe ke mí koa, magahee ɖe go alo agahe to na mí ɖe eta o. (Yes. 43:25; Yer. 31:34) “Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la,” nenemae Yehowa ɖea míaƒe nu vɔ̃wo ɖa. * (Ps. 103:12) Ne míede ŋugble le ale si gbegbe Yehowa ƒe tsɔtsɔke de ŋgɔe ŋua, esia ana míade bubu eŋu eye míada akpe nɛ. (Ps. 130:4) Gake ame kawoe Yehowa tsɔna kena?

AME KAWOE YEHOWA TSƆNA KENA?

14. Va se ɖe fifiaa, nu kawoe míesrɔ̃ tso Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu?

14 Míeva kpɔe be menye nu vɔ̃ si ame aɖe wɔ ƒe kpekpemee Yehowa kpɔna hafi tsoa nya me be yeatsɔe akee o. Míeva srɔ̃e hã be esi Yehowae nye mía Wɔla, míaƒe Senala kple míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la taa, enya nu geɖe tso mía ŋu, eye ebua nu geɖe ŋu hafi tsoa nya me be yeatsɔ ake mí. Nu kawo ŋue wòbuna?

15. Le Luka 12:47, 48 ƒe nya nua, nu ka ŋue Yehowa léa ŋku ɖo?

15 Nu siwo ŋu Yehowa léa ŋku ɖo dometɔ ɖekae nye be, ɖe amea nya be nu si wɔm yele nye nu gbegblẽa? Nya si Yesu gblɔ le Luka 12:47, 48 ɖo kpe esia dzi. (Xlẽe.) Ne ame aɖe nya nyuie be Yehowa tsri nane evɔ wòɖoe koŋ wɔea, ke ewɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya. Yehowa ate ŋu atiae be yematsɔe akee o. (Marko 3:29; Yoh. 9:41) Gake míalɔ̃ ɖe edzi be ɣeaɖewoɣia, míewɔa nane evɔ míenya be menyo o. Ðe wòfia be Mawu matsɔe ake mí gbeɖe oa? Ao, mefia nenema o. Esia kplɔ mí va nu bubu aɖe si ŋu Yehowa léa ŋku ɖoa gbɔ.

Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa atsɔ ake mí ne míetrɔ dzi me vavã (Kpɔ memama 16-17 lia)

16. Nu kae nye dzimetɔtrɔ, eye nu ka tae wòhiã hafi Yehowa natsɔ ake mí?

16 Nu bubu aɖe si ŋu Yehowa léa ŋku ɖoe nye be ɖe nu vɔ̃ wɔlaa trɔ dzi me ŋutɔŋutɔa? Nu kae wòfia be woatrɔ dzi me? Dzimetɔtrɔ fia be ame “natrɔ eƒe susu, eƒe nɔnɔme, kple eƒe didiwo.” Ame si trɔ dzi me la sea veve vevie ɖe nu gbegblẽ siwo wòwɔ alo nu nyui siwo mete ŋu wɔ o ta. Evenɛ be yewɔ nu mawo. Etena ɖe edzi be ye kple Yehowa dome megava le nyuie o, eye edea dzesii be emae wɔe be yewɔ nu mawo. Ðo ŋku edzi be Fia Manase kple Fia David siaa wɔ nu vɔ̃ gãwo, gake esi wotrɔ dzi me ŋutɔŋutɔa, Yehowa tsɔe ke wo. (1 Fia. 14:8) Eya ta ne Yehowa kpɔe be míetrɔ dzi mea, atsɔ ake mí. Gake vevesese ɖe nu vɔ̃ si míewɔa ta ɖeɖe mesu o. Ehiã be nuwɔna nakpe ɖe eŋu. * Esia nye nu vevi bubu aɖe si ŋu Yehowa léa ŋku ɖo.

17. Nu kae wòfia be ame natrɔ, eye aleke esia akpe ɖe eŋu be wòagawɔ nu vɔ̃ siwo wòwɔ va yi la ake o? (Yesaya 55:7)

17 Nu bubu aɖe si ŋu Yehowa léa ŋku ɖoe nye be, ɖe amea trɔ alo gbugbɔa? Esia fia be amea nadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye wòava nɔ agbe abe ale si Yehowa dii ene. (Xlẽ Yesaya 55:7.) Ehiã be ame si wɔ nu vɔ̃ natrɔ eƒe susu kuraa, eye wòana Yehowa nafia mɔe. (Rom. 12:2; Ef. 4:23) Ele be wòaɖoe kplikpaa aɖe asi le ale si wòbua nuwo ŋu kple ale si wòwɔa nui tsã ŋu. (Kol. 3:7-10) Nyateƒeae nye be, ale si míexɔ Kristo ƒe vɔsaa dzi se koŋ dzie Yehowa anɔ te ɖo atsɔ ake mí, eye wòaklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa. Yehowa anɔ te ɖe vɔsa ma dzi atsɔ ake mí ne ekpɔe be míele agbagba dzem be míawɔ tɔtrɔ siwo hiã.—1 Yoh. 1:7.

KA ÐE EDZI BE YEHOWA ATSƆ AKE WÒ

18. Nu ka mee míedzro ku ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu?

18 Va se ɖe fifiaa, nu kawo mee míedzro? Míeva srɔ̃e be, Yehowae nye Ame si tsɔna kena wu le xexea me katã. Nu ka tae? Gbãa, ele klalo ɣesiaɣi be yeatsɔ ake. Evelia, enya mí nyuie. Enya míaƒe wɔwɔme, eye eyae dze wu ade dzesii nenye be ame aɖe trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ. Etɔ̃lia, ne Yehowa tsɔ ke mía, etutua míaƒe nu vɔ̃a ɖa keŋkeŋ. Ema wɔnɛ be dzitsinya nyui va sua mía si, eye míaƒe nu dzea eŋu.

19. Togbɔ be míede blibo o eye míawɔ nu vɔ̃ hã, nu ka tae míate ŋu akpɔ dzidzɔ?

19 Zi ale si míede blibo o koa, míawɔ nu vɔ̃. Ke hã, nya siwo dze le míaƒe numekugbalẽ aɖe me ate ŋu afa akɔ na mí. Egblɔ be: “Yehowa nye nublanuikpɔla, eye enya be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le ye subɔlawo ŋu. Eya ta mehiã be woanɔ nu xam ɣesiaɣi le woƒe blibomademade kple vodadawo ta o. (Ps 103:8-14; 130:3) Ne wodze agbagba be yewoawɔ nu si dzea Mawu ŋua, woate ŋu akpɔ dzidzɔ. (Flp 4:4-6; 1Yh 3:19-22).” (Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 771 [Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 765]) Nya siawo de dzi ƒo ŋutɔ!

20. Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Míedaa akpe ŋutɔ be Yehowa le klalo be yeatsɔ ake mí ne míese veve ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta eye míewɔ tɔtrɔ siwo hiã. Gake aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe tsɔtsɔke? Mɔ kawo nue ale si míetsɔna kena la de sɔsɔ ge kple Yehowa tɔ le, eye mɔ kawo nue woto vovo le? Nu ka tae wòle vevie be míade dzesi vovototoa? Míaɖo biabia mawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

HADZIDZI 45 Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò

^ Yehowa ka ɖe edzi na mí le eƒe Nyaa me be yele klalo be yeatsɔ ame siwo wɔ nu vɔ̃ gake wotrɔ dzi mea ƒe nu vɔ̃wo ake wo. Gake ate ŋu awɔ na mí ɣeaɖewoɣi be míedze na Yehowa ƒe tsɔtsɔke o. Le nyati sia mea, míakpɔ susu siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be mía Mawu alɔ̃ faa atsɔ ake mí ne míese veve ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta tso dzi me.

^ NYAMEÐEÐE: “Dzimetɔtrɔ” fia be ame natrɔ susu eye wòase veve tso dzi me ɖe agbe si wònɔ tsã, nu gbegblẽ siwo wòwɔ, alo nu nyui aɖe si mete ŋu wɔ o ta. Dzimetɔtrɔ vavãtɔ tsea ku, si nye be, enana amea trɔa eƒe agbenɔnɔ kura.