Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amɔʋãnu ƒe lãmenugbagbevi mele bɔbɔe o. DNA le esi eye ŋutete hã le esi be wòatrɔ asi le nu siwo gena ɖe eƒe lãme ŋu be wòazu nuɖuɖu nɛ ale be wòate ŋu ayi edzi anɔ agbe.

Nu Si Nu Gbagbewo Fia Mí

Nu Si Nu Gbagbewo Fia Mí

Nu gbagbe siwo katã ƒo xlã mí la, tsina, ʋãna, eye wodzina ɖe edzi. Woɖo atsyɔ̃ na míaƒe anyigbaa etɔxɛ. Amegbetɔwo va nya nu geɖe tso nu gbagbewo ŋu fifia wu tsã. Nu kae agbe si le wo mea fia mí tso wo dzɔtsoƒe ŋu? Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Edze be ɖe wowɔ nu gbagbewo. Lãmenugbagbevi suesuesuewoe na nu gbagbewo le agbe. Be nu gbagbewo nate ŋu ayi edzi anɔ agbe eye woanɔ dzidzim ɖe edzia, ele be lãmenugbagbeviawo dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ dɔ vovovo gbogbo aɖewo siwo mele bɔbɔe kura o. Dɔ siawo yia edzi gɔ̃ hã le nu suetɔ kekeake siwo me agbe lea me. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye amɔʋãnu si wodena abolomɔ me. Adze abe lãmenugbagbevi siwo le amɔʋãnu mea le bɔbɔe wu amegbetɔwo tɔ ene. Gake menye nenemae o. Domenyiŋusẽfianu (DNA alo ADN) le wo dometɔ ɖe sia ɖe si. Ŋutete le wo si hã be woatrɔ asi le nu siwo gena ɖe woƒe lãme ŋu be wòazu nuɖuɖu na wo ale be woate ŋu ayi edzi anɔ agbe. Ne nuɖuɖu vɔ le wo si la, woɖiɖia woƒe dɔwɔwɔ dzi kpɔtɔna eye enɔna abe alɔ̃ dɔm wole ene. Ema tae amɔʋãnu te ŋu nɔa anyi eteƒe didina, gake ne wogava dee abolomɔ mea, ewɔa dɔ.

Ƒe geɖee nye esia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le nu srɔ̃m tso amɔʋãnu ƒe lãmenugbagbeviwo ŋu ale be woate ŋu ase amegbetɔwo tɔ gɔme nyuie wu. Gake gbeɖegbeɖea koe. Ross King, si fiaa nu le Chalmers University of Technology le Sweden, fa konyi be: “Nugbagbeŋutinunyala geɖe meli aku nu me tsitotsito ase ale si amɔʋãnu teti ƒe lãmenugbagbeviwo wɔa dɔe gɔme o.”

Nu kae nèsusu? Ðe ale si nuwo le ɖoɖo nu le amɔʋãnu ƒe lãmenugbagbeviwo mea na nèkpɔe be ame aɖee wɔea? Alo èsusu be ɖeko wòdzɔ le eɖokui sia?

DNA (ADN) le nu gbagbewo katã si. Molecule si woyɔna be nucleotide woe ƒo ƒu wɔ DNA. Nucleotide siwo wu biliɔn 3 ye le amegbetɔ ƒe lãmenugbagbevi ɖe sia ɖe me. Woɖo wo ɖe ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu ale be lãmenugbagbevia nate ŋu adzi lãmetsiwo kple nunyiamewo.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ne nucleotide biliɔn gbogbowo ƒo ƒu zi gbɔ zi nane hã, zi ɖeka koe woate ŋu awɔ DNA. Esia fia be manya wɔ be DNA nadzɔ le eɖokui si o.

Nyateƒeae nye be medzɔ kpɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo na nu gbagbe aɖe dzɔ tso nu si me agbe mele o me o.

Amegbetɔ ƒe agbe le etɔxɛ. Ŋutete aɖewo le amegbetɔwo ko si, si nana wosea vivi na agbea wu nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe. Míetea ŋu ɖea susu wɔa nu, dea ha kple mía nɔewo, ɖea míaƒe seselelãmewo gblɔna le mɔ si de ŋgɔ wu nu. Míetea ŋu sea gbeɖiɖiwo, kpɔa nuwo dzea si, nyaa woƒe vivi kple woƒe ʋeʋẽ. Míewɔa ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu eye míedina be míanya taɖodzinu si le agbe ŋu.

Nu kae nèsusu? Ðeko ŋutete siawo va mía me le wo ɖokui si le esi míehiã wo be míanɔ agbe adzi ɖe edzi ta? Alo ɖe wona míekpɔe be nunanae agbe nye tso Wɔla lɔ̃ame aɖe gbɔa?