Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Biblia Fia Mí

Nu Si Biblia Fia Mí

“Esiae nye dziƒo kple anyigba ƒe ŋutinya le wo wɔɣi.” (1 Mose 2:4) Nya siawoe Biblia gblɔ kpokploe tso ale si míaƒe anyigba wɔ va dzɔ ŋu. Ðe nya si Biblia gblɔa wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖoa? Bu eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

Le Gɔmedzedzea Me: Mawu wɔ dziƒo kple anyigba

Ðe gɔmedzedze li na xexea, alo eli tso mavɔmavɔ?

Mose Gbãtɔ 1:1 gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”

Do ŋgɔ na ƒe 1950 lɔƒoa, dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ geɖe xɔe se be xexea li tso mavɔmavɔ. Gake nu siwo ŋu woke ɖo nyitsɔ laa na wo dometɔ akpa gãtɔ va lɔ̃ ɖe edzi azɔ be gɔmedzedze li na xexea.

Aleke anyigbaa nɔ le gɔmedzedzea me?

Mose Gbãtɔ 1:2, 9 gblɔ tso ale si anyigbaa nɔ tsã ŋu be ele “nyama hele ƒuƒlu,” eye tsi xɔ edzi keŋ.

Nya mawo wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖo. Nugbagbeŋutinunyala Patrick Shih gblɔ be le gɔmedzedzea mea, “ya si míegbɔna, si nye ɔksidzin menɔ anyigbaa dzi o, eye ɖeko edzi tsi ƒuƒlu.” Magazine aɖe (Astronomy) gblɔ be: “Numekuku yeyewo ɖee fia be le gɔmedzedzea mea, tsi sɔŋ ye xɔ Anyigbaa dzi, eye ƒuƒuiƒe vi aɖe koe li.”

Aleke dziƒolilikpoa wɔ va trɔ vivivi?

Nya siwo le 1 Mose 1:3-5 na míekpɔe be zi gbãtɔ si kekeli klẽ ɖe dziƒolilikpowo dzia, edze abe vi aɖe koe te ŋu klẽ ɖe anyigbaa dzi ene. Emegbe hafi ɣe kple ɣleti va dze nyuie le anyigba dzi.—1 Mose 1:14-18.

Biblia megblɔ be wowɔ nu gbagbe siwo katã le anyigba dzia le ŋkeke ade, siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ gaƒoƒo 24 me o

Numekuƒe aɖe gblɔ be kekeli si to dziƒolilikpoa me klẽ ɖe anyigba dzi zi gbãtɔa mekɔ tututu o. Egblɔ kpee be: “Le gɔmedzedzea mea, ya ƒomevi aɖe (methane) xɔ Anyigbaa katã dzi si na edzi wɔ flukpe.” Emegbe “ya ma nu va yi, eye dziŋgɔlia va trɔ zu blɔ.”—Smithsonian Environmental Research Center.

Ðoɖo ka nue nu gbagbe siwo le anyigba dzia dzɔ le?

Mose Gbãtɔ 1:20-27 gblɔ be wowɔ tɔmelãwo, xewo kple anyigbadzilãwo, eye mlɔeba wowɔ amegbetɔwo. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be tɔmelã gbãtɔ dzɔ ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na lã siwo naa no vi, eye emegbe kura hafi amegbetɔwo va dzɔ.

Biblia megblɔ be tɔtrɔwo mate ŋu ayi edzi le nu gbagbewo me ne ɣeyiɣiawo va le yiyim o

Nya Kae Biblia Megblɔ O?

Ame aɖewo gblɔna be Biblia me nyawo mewɔ ɖeka kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖo o. Gake zi geɖea, esi wònye be womese nya si tututu gblɔm Biblia le gɔme o tae wogblɔa nya mawo ɖo.

Biblia megblɔ be ƒe 6,000 koe xexea alo anyigbaa xɔ o. Ke boŋ ɖeko wògblɔ be wowɔ anyigbaa kple xexea “le gɔmedzedzea me.” (1 Mose 1:1) Biblia megblɔ ɣeyiɣi didi si xexea alo anyigbaa xɔ tso gɔmedzedzea me va se ɖe fifia o.

Biblia megblɔ be wowɔ nu gbagbe siwo katã le anyigba dzia le ŋkeke ade, siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ gaƒoƒo 24 me o. Ke boŋ ezã nya “ŋkeke” wòfia ɣeyiɣi ƒe didime vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, Mose Gbãtɔ ta 1 gblɔ be “ŋkeke“ ade ye wotsɔ wɔ míaƒe anyigba kple nu gbagbe siwo le edzi. Biblia yɔ ɣeyiɣi ƒe didime ma si wotsɔ wɔ nuwo la be “ŋkeke si Yehowa a Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.” (1 Mose 2:4) Eya ta míate ŋu agblɔ be “ŋkeke” ade siwo Mawu tsɔ dzra anyigbaa dzi ɖo hewɔ nu gbagbewo ɖe edzia, dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu afia ɣeyiɣi ƒe didime gbogbo aɖe.

Biblia megblɔ be tɔtrɔwo mate ŋu ayi edzi le nu gbagbewo me ne ɣeyiɣiawo va le yiyim o. Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ be wowɔ lãwo “le wo ƒomeviwo nu.” (1 Mose 1:24, 25) Nya “ƒomevi” si Biblia zãa, ate ŋu afia nu gbagbewo ƒe hatsotso vovovowo. Eya ta, nu gbagbe “ƒomevi” aɖe ƒe hatsotso vovovowo alo etɔgbiwo ate ŋu anɔ anyi. Esia na míekpɔe be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate ŋu adzɔ be tɔtrɔwo nayi edzi le nu gbagbe “ƒomevi” aɖe ƒe hatsotsowo alo etɔgbi siwo le teƒe ɖeka dome.

Nu kae nèsusu?

Abe ale si míeva kpɔe enea, Biblia ƒo nu tso ale si xexea wɔ va dzɔ, ale si anyigbaa nɔ le gɔmedzedzea me kple ale si nu gbagbewo wɔ va dzɔ ŋu wòde pɛpɛpɛ eye egɔme sese le bɔbɔe. Ke ɖe wòanye be Biblia gblɔ Ame si tututu wɔ nu mawo hã? Numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) gblɔ be: “Susu si nye be ame aɖe si ƒe ŋusẽ gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu sãsãsã gbɔe agbe dzɔ tsoa wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖo.” b

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

b Ke hã numekugbalẽ sia melɔ̃ ɖe edzi be ɖe wowɔ nu gbagbewo o.