Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI

Dɔlélewo—Ale Si Míaɖe Wo Dzi Akpɔtɔ

Dɔlélewo—Ale Si Míaɖe Wo Dzi Akpɔtɔ

Míaƒe ametia wɔa avu kple futɔ aɖewo siwo ate ŋu awu mí evɔ míekpɔa wo alo sea wo ŋkɔ o la gbe sia gbe. Dɔlékui vovovowo gena ɖe lãme na mí siwo gblẽa nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. * Míate ŋu anya ale si tututu ŋutilãa wɔa avu kple dɔlékui siawo o, elabena míaƒe ametia tsia dɔlékuiawo nu alo wua wo dometɔ akpa gãtɔ hafi woayi nu gblẽ ge le mía ŋu. Gake ɣeaɖewoɣi la, dɔlékui vɔ̃ɖi aɖewo ɖua dzi. Ne edzɔ alea la, ahiã be nàno atike alo azã dɔdamɔnu aɖewo be woado ŋusẽ wò ametia.

Ƒe akpe geɖewo va yi la, amewo menya nu boo aɖeke tso ale si dɔlékui siwo ŋku mate ŋu akpɔ o la gblẽa nu le ame ŋu la ŋu o. Emegbe le ƒe alafa 19 lia me la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ɖo kpe ale si dɔlékuiwo nana míedzea dɔ la dzi eye esia na míeva kpɔ ale si wòhiã be míakpɔ mía ɖokuiwo ta la dze sii. Tso ɣemaɣi la, dɔdada ŋuti numekulawo dze agbagba be yewoaɖe dɔxɔleameŋu aɖewo abe sakpate kple ɖevimetutudɔ dzi akpɔtɔ alo aɖe wo ɖa kura. Ke hã, nyitsɔ laa la, dɔlélewo abe ŋudza ƒomevi aɖe kple ƒunukpeƒeŋudza gatrɔ gbɔ. Nu ka gbɔe wòtso? Bu nya siawo ŋu kpɔ:

  • Ƒe sia ƒe la ame akpe geɖe zɔa mɔ yia teƒeteƒewo le xexea me godoo, eye zi geɖe la, dɔlékuiwo nɔa wo ŋu wotsɔ nɔa yiyim. Nyati aɖe si wota ɖe magazine aɖe (Clinical Infectious Diseases) me gblɔ be: “Esi yameʋuwo tsoa dukɔ ɖeka me yia bubu me le ɣeyiɣi kpui aɖe me ta la, amewo kakaa dɔléle vɔ̃ɖiwo kabakaba le manyamanya me.”

  • Dɔlékui aɖewo megasea atike o. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be: “Xexea ɖo ta teƒe aɖe si dɔlélewo magase atike o si awɔe be dɔléle siwo wokpɔ atike na tsã la nagate amewuwu.”

  • Dukɔwo me zitɔtɔ kple ahedada na wòle sesẽm na dziɖuɖuwo be woatsi ale si dɔlélewo le kakam la nu.

  • Ame geɖewo menya nu siwo tututu woawɔ be woatsi dɔlélewo nu o.

Togbɔ be nɔnɔme siawo katã li hã la, àte ŋu awɔ wò akpa dzi be nàkpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea ta. Nyati si kplɔe ɖo la afia mí be le dukɔ madeŋgɔwo gɔ̃ hã me la, míate ŋu azã mɔnu bɔbɔe siwo wɔa dɔ atsɔ atsi dɔlélewo nu.

^ mm. 3 Menye dɔlékui siwo míate ŋu akpɔ o la katãe nana míedzea dɔ o. Nyati siawo aƒo nu tso dɔlékui suesuesuewo kple esiwo ate ŋu aɖe fu na míaƒe lãmesẽ la ŋu.