Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sikasika Ƒomevi Aɖe Si Ðe Dzesi

Sikasika Ƒomevi Aɖe Si Ðe Dzesi

Sikasika Aŋutiɖiɖitɔ

TƆMELÃ ʋɛ aɖewo koe nya kpɔna na mí de sikasika ƒomevi sia nu. Ðewohĩ eƒe amadede vovovoawo ɖoa ŋku ame siwo doa nu abe bibisaku ene la ƒe awuwo ƒe amadedewo dzi na mí. Alo ɖewohĩ afi si wònɔna le ƒumegbe ƒomevi aɖewo dome lae hea míaƒe susu ŋutɔ. Mewɔ nuku o be wogayɔa sikasika ƒomevi sia be tɔmelã si nɔa anemone-gbewo me.

Abe Hollywood fefewɔlawo ene la, tɔmelã siawo lɔ̃na woɖea foto wo. Ame siwo doa ɖi yia atsiaƒu gɔme kpɔa mɔ zi geɖe be tɔmelã siawo “natɔ ɖi” yewoaɖe foto wo, elabena womedzona le wo nɔƒewo o eye womesia ame ɖa hã o.

Gake nu si na tɔmelã siawo ɖe dzesi koŋ ye nye be afɔku le afi siwo wonɔna. Ƒumegbe siawo siwo nye aɖi la dome nɔnɔ le ko abe dawo dome nɔnɔ ene. Ke hã naneke mate ŋu ama tɔmelã siawo kple ƒumegbe siwo me wonɔna dome o. Nu ka gbɔe woƒe ɖekawɔwɔ alea tso?

‘WÒ TAE MELE AGBE ÐO’

Esi ŋu fli eve le

Abe xɔlɔ̃wo ene la, tɔmelã siawo kple ƒumegbe siawo lé wo nɔewo ƒe agbe ɖe te. Kadodo sia le vevie na tɔmelã siawo, menye ɖeko wòsɔ na wo o. Ƒumenugbagbeŋutinunyalawo gblɔ be ƒumegbe siawo manɔmee la, agbea manya nɔ na tɔmelã siawo o. Tɔmelã siawo meƒua tsi kabakaba o eya ta ƒumegbe siawo kpɔa wo ta be lã bubuwo nagalé wo aɖu o. Gake esi ƒumegbeawo domee wònɔna eye wònyea bebeƒe nɛ ne afɔku aɖe do mo ɖa ta la, woate ŋu anɔ agbe ƒe ewo sɔŋ.

Ƒumegbe siawo nyea dedienɔƒe na wo. Woɖɔa azi ɖe gbeawo gɔme afi si atsu kple nɔea ƒe ŋku nɔa aziawo ŋu le. Ne aziawo ƒo vɔ la, àkpɔ be atsua, nɔea kple wo viawo katã le tsi ƒum le ƒumegbeawo gbɔ.

Ðe ƒomedodo sia ɖea vi na ƒumegbeawoa? Tɔmelã siawo nyaa ‘tɔmelã ƒomevi aɖewo’ siwo dina be yewoaɖu ƒumegbeawo la ɖa. Ne mede ɖeke o la, ƒumegbe sia ƒomevi aɖe ya manɔ agbe tɔmelã siawo manɔmee o. Esi numekulawo ɖe tɔmelã siawo ɖa le gaƒoƒo 24 pɛ ko me la, ƒumegbeawo tsrɔ̃ keŋkeŋ. Ðewohĩ ‘tɔmelã mawoe’ ɖu wo.

Edze abe tɔmelãawo doa ŋusẽ ƒumegbeawo ene. Tɔmelã siawo ƒe mĩ kpena ɖe ƒumegbeawo ŋu wotsina nyuie. Ne tɔmelã siawo le tsi ƒum le ƒumegbeawo domee la, enana ƒumegbeawo kpɔa ya nyui si nye ɔksidzin gbɔna.

SIKASIKA SIA ƑUA TSI LE AFI SIWO TƆMELÃ BUBUWO MEYINA O

Sikasika Dzẽtɔ

Tɔmelã siawo ƒe tsroe kpɔa wo ta. Ade aɖe le wo ŋu si wɔe be tɔmelã aɖeke metea ŋu léa wo o. Enyo be ade sia le tɔmelã siawo ŋu elabe enana ƒumegbeawo bunɛ be wonye yewoƒe akpa aɖe. Ƒumenugbagbeŋutinunyala aɖe gblɔ be “tɔmelã siawo do ƒumegbea ƒe awu.”

Numekuku aɖe ɖee fia be, ne tɔmelã sia dzo yi teƒe bubu la, ke ele be wòatrɔ ɖe ƒumegbe yeyea ŋu. Wode dzesii be ne eyi ƒumegbe aɖe me zi gbãtɔ la enɔa ƒumegbea ŋu kam edziedzi hena ɣeyiɣi aɖe. Anye be tɔmelãa ƒe nuwɔwɔ alea wɔnɛ be wòtrɔna ɖe ƒumegbea ƒe aɖi ŋu. Godoo la esia ɖea fu na tɔmelãa vie. Gake le esia megbe la wova mana ɖe wo nɔewo.

Nu gbagbe siawo ƒe ɖekawɔwɔ fia nu vevi aɖe mí be míalɔ̃ awɔ dɔ kple mía nɔewo asi le asi me. Ne ame siwo tso dukɔ kple gbegbɔgblɔ vovo dolawo dome wɔ ɖeka la, woate ŋu awɔ nu gãwo. Abe tɔmelã siawo ene la, ele be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ ale si míawɔ dɔ kple ame bubuwo asi le asi me, eye míaƒe agbagbadzedzewo manye dzodzro o.