Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Yewo Koe Akpɔ Ðeɖea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Yewo Koe Akpɔ Ðeɖea?

Exlẽlawo Bia Be

Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Yewo Koe Akpɔ Ðeɖea?

Yehowa Ðasefowo xɔe se be yewoke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ la ŋu. Ne ɖe womexɔe se nenema o la, anye ne woatrɔ woƒe dzixɔsewo. Yehowa Ðasefowo le mɔ kpɔm be yewoakpɔ ɖeɖe, abe ale si ko subɔsubɔha bubu me tɔwo hã le mɔ kpɔm ene. Gake wonya hã be menye yewoƒe dɔe wònye be yewoatso nya me le ame siwo akpɔ ɖeɖe la ŋu o. Mlɔeba la, Mawue anye Ʋɔnudrɔ̃la la. Eyae atso nya me.—Yesaya 33:22.

Mawu ƒe Nya la ɖee fia be, mele be ame siwo woaɖe la nanɔ didim be yewoakpɔ ɖeɖe ko evɔ o, ke ele be woawɔ ɖe Ðela la ƒe mɔfiamewo dzi hã. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be tsaɖila aɖe bu le gbedadaƒo. Enɔ afi si wòato atrɔ yi aƒe la dim vevie. Nenye be aku atsi afi ma alo atsi agbe la anɔ te ɖe ale si wòawɔ nu ɖe kpekpeɖeŋu si woanae ŋu la dzi. Dada ate ŋu awɔe be wòagbe xɔnametɔ, alo ɖela aɖe ƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ. Le go bubu me la, ate ŋu axɔ kpekpeɖeŋua ɖokuibɔbɔtɔe bene wòaɖo afi si yim wòle la dedie.

Le mɔ ma ke nu la, ame siwo awɔ ɖe ameƒomea Ðela, Yehowa Mawu, ƒe mɔfiamewo dzi lae akpɔ ɖeɖe. Ðeɖekpɔkpɔ nye Mawu ƒe nunana, ke hã menye ame sia amee akpɔ ɖeɖe o. Mawu ƒe Vi, Yesu, gblɔ be: “Menye ame sia ame si le gbɔgblɔm nam be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ,’ ye ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, ke ame si le Fofonye si le dziƒowo ƒe lɔlɔ̃nu wɔm lae ayi ɖe eme.”—Mateo 7:21.

Yehowa Ðasefowo xɔe se be ame siwo ɖenɛ fiana be yewoxɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se eye wowɔna ɖe eƒe nufiafiawo dzi la koe Mawu aɖe. (Dɔwɔwɔwo 4:10-12) Na míakpɔ nudidi vevi etɔ̃ siwo ana woakpɔ ɖeɖe, siwo dze le Mawu ƒe Nya la me ɖa.

(1) Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Yesu ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo to eƒe agbe tsɔtsɔ na ɖe ame bubuwo ta la ɖo kpe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye dzi. Ame siwo lɔ̃a ame bubuwo la le nɔnɔme vevi si hiã hena ɖeɖekpɔkpɔ la ɖem le fiafiam.

(2) Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me be: “Mena wonya wò ŋkɔ la.” (Yohanes 17:26) Yesu nya ale si gbegbe Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, Yehowa, nɔ vevie na Fofoa. Yesu do gbe ɖa be ye Fofo ƒe ŋkɔ “ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ bia be woanya eƒe ŋkɔa eye woaɖee afia be ŋkɔa le vevie hele kɔkɔe. Abe Yesu ene la, ele be ame siwo le didim be yewoakpɔ ɖeɖe la nazã Mawu ƒe ŋkɔa. Ehiã hã be woafia Mawu ƒe ŋkɔa kple eƒe nɔnɔmewo ame bubuwo. (Mateo 28:19, 20) Le nyateƒe me la, ame siwo yɔa Mawu ƒe ŋkɔa koe akpɔ ɖeɖe.—Romatɔwo 10:13.

(3) Yesu gblɔ na Pontio Pilato be: “Nye fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yohanes 18:36) Egbea la, ame ʋɛ aɖewo koe ɖenɛ fiana be yewoxɔ Mawu Fiaɖuƒea alo eƒe dziɖuɖu, si ƒe Fia Yesu nye la, dzi se. Woɖoa ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe habɔbɔwo boŋ ŋu. To vovo na esia la, ame siwo akpɔ ɖeɖe la, nɔa Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe, eye wofiaa ame bubuwo ale si Fiaɖuƒea ahe gbɔdzɔe avae na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo katã.—Mateo 4:17.

Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo se nu tso nudidi siwo awɔe be woakpɔ ɖeɖe dometɔ aɖewo ŋu vɔ la, wobiae be: “Ekema ame ka gɔ̃e ate ŋu akpɔ ɖeɖe?” Yesu ɖo eŋu be: “Nu siwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔ wo le Mawu ya gbɔ.” (Luka 18:18-30) Yehowa Ðasefowo dzea agbagba vevie be yewoaɖo nudidi siawo siwo ana woakpɔ ɖeɖe la gbɔ. Wokua kutri kpena ɖe ame bubuwo hã ŋu be woakpɔ ɖeɖe.