Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Tarsistɔwo Ƒe Tɔdziʋuwo’ Ƒe Dodo Kple Woƒe Anyidzedze

‘Tarsistɔwo Ƒe Tɔdziʋuwo’ Ƒe Dodo Kple Woƒe Anyidzedze

‘Tarsistɔwo Ƒe Tɔdziʋuwo’ Ƒe Dodo Kple Woƒe Anyidzedze

“Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwoe tsɔa wò adzɔnuwo. Wò adzɔnuwo sɔ gbɔ le atsiaƒu la dzi.” —XEZEKIEL 27:25, AGBENYA LA

TARSISTƆWO ƒe tɔdziʋuwo hã nɔ nu siwo na Fia Salomo zu kesinɔtɔ la dome. Ame siwo kpa tɔdziʋu mawo wɔ akpa aɖe le asitɔtrɔ le Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe nuŋlɔdzesiwo ŋu me. Wotso du aɖe si woyɔna be Byblos, si ŋkɔ wova tsɔ na agbalẽ vevitɔ si wota kpɔ la.

Ame kawoe nye Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwo kpalawo kple wo kulawo? Aleke wɔ wova tsɔ ŋkɔ ma na tɔdziʋuawo? Eye aleke nudzɔdzɔ siwo ku ɖe ame siawo kple woƒe tɔdziʋuwo ŋu ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi?

Wozu Aƒetɔwo Ðe Mediterranea Ƒua Dzi

Foiniketɔwoe kpa tɔdziʋu siwo wova yɔ be Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwo. Foiniketɔwo zu ƒudzidɔwɔla bibiwo xoxoxo anɔ abe ƒe akpe ɖeka ene do ŋgɔ na Kristo ƒe ŋkekea. Wo dedua nye ƒutadu lɛ aɖe si sɔ kple egbegbe Lebanon le mɔ aɖe nu. Dukɔ bubuwo nɔ anyigba ma ƒe dziehe, ɣedzeƒe, kple eƒe anyiehe. Mediterranea Ƒu gã la nɔ dua ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi. Foiniketɔwo ɖo dzi ɖe ƒu ma ŋu be yewoakpɔ kesinɔnuwo.

Vivivi la, asitsatɔdziʋu geɖe va su Foiniketɔ ƒudzidɔwɔlawo si, eye wokpɔ dzidzedze geɖe. Esi wonɔ viɖe geɖe kpɔm eye tɔdziʋukpaɖaŋu geɖe va su wo si la, wokpa tɔdziʋu gã siwo ate ŋu azɔ mɔ didiwo wu. Foiniketɔwo ƒe tɔdziʋuwo yia Kipro, Sardinia, kple Baleares ƒukpowo dzi. Emegbe wova keke woƒe mɔzɔzɔa ɖe enu to Dziehe Afrika ƒe ƒudzimɔ ɖo ta ɣedzeƒe gome va se ɖe esime woɖo Spain. (Kpɔ anyigbatata la.)

Foinike tɔdziʋukpalawo kpa tɔdziʋu siwo ƒe didime anɔ abe meta 30 kple afã ene. Anye be esi tɔdziʋu siawo tea ŋu zɔa mɔ kilometa 4,000 tso Foinike yi Spain ƒe anyiehe si anya nye afi si Tarsis nɔ tae wotsɔ ŋkɔ na tɔdziʋu siawo be ‘Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwo’ ɖo. *

Foiniketɔwo ƒe taɖodzinu koe nye be yewoatsa asi akpɔ ga, ke menye be yewoaɖu xexea dzi o. Wowɔ esia to asitsaƒewo ɖoɖo ɖe duwo me dzi. Gake to woƒe asitsatsa dzi la, wova zu aƒetɔwo ɖe Mediterranea Ƒua dzi.

Woto Mediterranea Ƒua Dzi De Didiƒewo

Esi Foiniketɔwo tsi dzi ɖe hokpɔkpɔ ŋu ta la, wozɔ mɔ yi Atlantik Ƒugã la dzi. Woyi edzi nɔ woƒe tɔdziʋuwo kum nɔ Spain ƒe anyieheƒuta lɔƒo yim va se ɖe esime wova ɖo nuto si woyɔna be Tartessus me. Le ƒe 1100 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me lɔƒo la, wotso du aɖe si wotsɔ ŋkɔ na be Gadir. Tɔdziʋudzeƒe sia si woyɔna egbea be Cádiz, si le Spain, la va zu Ɣetoɖoƒe Europa ƒe du gãtɔwo dometɔ ɖeka.

Foiniketɔwo dzra dze, wain, tɔmelã ƒuƒu, sederti, pine ti, nu siwo wowɔ kple ga, ahuhɔ̃ewo, avɔ siwo me wolɔ̃ nuwo ɖo atsyãtɔe, aklala biɖibiɖi, kple avɔ siwo wode Tirotɔwo ƒe amadede dzĩ xɔŋkɔ lae. Nu kawoe Spaintɔwo hã tsɔ ƒlea Foiniketɔwo ƒe adzɔnuwoe?

Spain ƒe anyiehe ye nye Mediterranea nutoa ƒe teƒe si klosalo kple ga xɔasiwo bɔ ɖo wu. Nyagblɔɖila Xezekiel gblɔ tso Tiro si nye Foiniketɔwo ƒe tɔdziʋudzeƒe vevitɔ la ŋu be: “Spain tsa asi kpli wò le kesinɔnu gbogboawo katã ta; etsɔ klosalo, gayibɔ, gaɣi kple tsumi ƒle wò adzɔnuwoe.”—Xezekiel 27:12, Today’s English Version.

Foiniketɔwo ke ɖe tomenu gbogbo siwo wosusu be womaku avɔ o la ŋu le teƒe aɖe si te ɖe Guadalquivir tɔsisi si medidi tso Cádiz gbɔ o. Wogakpɔtɔ kua tomenu mawo le teƒe ma kokoko, eye fifia woyɔa dua be Río Tinto. Ƒe akpe etɔ̃ aɖewoe nye esia si wole tomenu sia si me woɖea ga nyuitɔ kekeake tsoe la kum le teƒe sia.

Esime asitsatsa ƒe kadodo si nɔ Spaintɔwo kple Foiniketɔwo dome va li ke nyuie vɔ la, Foiniketɔwo va kpɔ ŋusẽ ɖe Spaintɔwo ƒe klosalositsatsa dzi. Wolɔ klosalo gbogbo aɖe va yi Foinike kple Israel si te ɖe eŋu gɔ̃ hã. Israel Fia Salomo wɔ asitsaɖoɖo kple Foinike Fia Xiram. Esia wɔe be le Salomo ƒe ɣeyiɣiawo me la, womebu klosalo ɖe “nemi me hã o.”—1 Fiawo 10:21. *

Togbɔ be Foiniketɔwo kpɔ dzidzedze le asitsatsa me hã la, wotea ŋu sẽa ŋuta nublanuimakpɔmakpɔtɔe hã. Wogblɔ be ɣeaɖewoɣi la, woflua tɔdziʋu me nɔlawo be yewoatsɔ yewoƒe adzɔnuwo afia wo, gake ɖeko wova wɔa wo kluviwoe. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, wotrɔ woƒe asitsahati tsãtɔ siwo nye Israel viwo gɔ̃ hã to eme, eye wodzra wo kluviwoe. Eya tae Hebri nyagblɔɖilawo gblɔe ɖi be woatsrɔ̃ Foiniketɔwo ƒe du si nye Tiro ɖo. Nyagblɔɖi siawo va eme mlɔeba esime Aleksanda Gãtɔ va tsrɔ̃ dua le ƒe 332 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me. (Yoel 4:6; Amos 1:9, 10) Tsɔtsrɔ̃ sia he Foiniketɔwo ƒe nuɖoanyia va nuwuwui.

Nu Nyui Siwo Foiniketɔwo Gblẽ Ði

Abe ale si asitsala nyui ɖe sia ɖe wɔnɛ ene la, Foiniketɔwo hã wɔa asitsatsa ŋuti nuŋlɔɖiwo. Wozã nuŋlɔdzesi siwo ɖi blema Hebritɔwo tɔwo ŋutɔ. Dukɔ bubuwo kpɔ ale si Foiniketɔwo ƒe nuŋlɔdzesiwo ate ŋu aɖe vii la dze sii. Wotrɔ asi le wo ŋu vie wova zu Helatɔwo ƒe nuŋlɔdzesiwo. Wotrɔ asi le Helatɔwo ƒe nuŋlɔdzesiwo hã ŋu wova zu Romatɔwo ƒe nuŋlɔdzesiwo. Eye Romatɔwo ƒe nuŋlɔdzesiwo nye nuŋlɔdzesi siwo wozãna wu egbea la dometɔ ɖeka.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Foiniketɔwo ƒe du vevi si nye Byblos va zu teƒe vevi si wodzra papyrus le. Papyrus dzie woŋlɔa nu ɖo tsã hafi va to pepa vae. Ale si wozãa papyrus tsɔ wɔa nuŋlɔɖiwo lae wɔe be wova to agbalẽwo vae. Le nyateƒe me la, woɖe Biblia, agbalẽ si le amewo si wu la, ƒe ŋkɔ tso ŋkɔ si nye Byblos me. Vavãe, Foiniketɔwo kple woƒe tɔdziʋuwo ƒe ŋutinya si woŋlɔ ɖi na kakaɖedzi mí be Biblia me nyawo menye nyakpakpawo o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Esime ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wova tsɔ ŋkɔ ‘Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwo’ na tɔdziʋu ƒomevi aɖewo siwo tea ŋu zɔa mɔ didiwo.

^ mm. 15 Salomo ƒe ‘Tarsistɔwo ƒe tɔdziʋuwo’ wɔ dɔ kple Fia Xiram ƒe tɔdziʋuwo, eye anɔ eme godoo be Ezeon-Geber ye nye afi si wohona tso eye wozɔa mɔ yia Ƒu Dzĩa dzi kple teƒe siwo didi wu ema.—1 Fiawo 10:22.

[Anyigbatata si le axa 27]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

FOINIKETƆWO ƑE ASITSAMƆWO

SPAIN

TARTESSUS

Guadalquivir Tɔsisi

Gadir

Corsica

Baleares Ƒukpowo

Sardinia

Sicily

Kreta

Kipro

Byblos

Tiro

MEDITERRANEA ƑU

Ezeon-Geber

Ƒu Dzĩa

AFRIKA

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Gaku aɖe si dzi Foiniketɔwo ƒe tɔdziʋu aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia va se ɖe alafa enelia D.M.Ŋ. me la le

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Foiniketɔwo ƒe nɔƒe aɖe si zu glikpo, Cádiz, Spain

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

Museo Naval, Madrid

[Picture Credit Lines on page 27]

Gaku: Museo Arqueológico Municipal. Puerto de Sta. María, Cádiz; glikpo: Yacimiento Arqueológico de Doña Blanca, Pto. de Sta. María, Cádiz, España