Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ahedada Fia Be Mawu Mekpɔ Ŋudzedze Ðe Ame Ŋu Oa?

Ðe Ahedada Fia Be Mawu Mekpɔ Ŋudzedze Ðe Ame Ŋu Oa?

Ðe Ahedada Fia Be Mawu Mekpɔ Ŋudzedze Ðe Ame Ŋu Oa?

MAWU gblɔ na blema Israel dukɔa be: ‘Ame dahe aɖeke naganɔ dowòme o.’ Nu si tae nye be, ɖoɖowo le Se si wòtsɔ na wo la me ku ɖe kpekpeɖeŋunana ame dahewo kpakple fewo tsɔtsɔ ke ŋu. (5 Mose 15:1-4, 7-10) Eya ta mele be ame dahe aɖeke nanɔ Israel viwo dome o, elabena Yehowa do ŋugbe be yeayra wo. Gake hafi wòanɔ nenema la, ele be Israel viwo nawɔ ɖe Se la dzi, evɔ womeva wɔ ɖe edzi o.

Ke hã, esia mefia be Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ mele ame dahewo dzi o, abe ale si ko kesinɔnu geɖe ƒe amesinɔnɔ mefia kokoko be Mawue tsɔ nu mawo yra amea o ene. Mawusubɔla wɔnuteƒe geɖewo nye ame dahewo. Alẽkplɔla kple ɣeyiɣi aɖe ƒe apaɖilae nyagblɔɖila Amos nye. (Amos 1:1; 7:14) Esime dɔ to le Israel le nyagblɔɖila Eliya ƒe ŋkekeawo me la, ahosi dahe aɖe si lɔ̃ be yeanyo dɔme nɛ la ƒe wɔ kple ami sue si nɔ dzidzim ɖe edzi nukutɔe la nue Eliya nɔ agbe ɖo le dɔŋɔlia katã. Yehowa mena Eliya loo alo ahosia zu kesinɔtɔ o, nu si asu wo nu la koe wòna wo.—1 Fiawo 17:8-16.

Nuɖiɖeamewo ate ŋu ana amewo nazu hiãtɔ. Afɔkuwo alo dɔléle ate ŋu awɔe be ame magate ŋu awɔ dɔ o, hena ɣeyiɣi aɖe loo alo magate ŋu awɔe kura o. Eye ku ate ŋu awɔe be ame aɖewo nazu tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Nɔnɔme madeamedzi siawo kura gɔ̃ hã dometɔ aɖeke menye Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ame ŋu ƒe dzesi o. Rut kple Naomi ƒe ŋutinyaa ɖe ale si gbegbe Yehowa léa be na hiãtɔwoe la fia le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. Togbɔ be wo srɔ̃wo ƒe ku wɔe be wozu ahedala kolikoliwo hã la, Yehowa Mawu yra wo, eye wòwɔ ɖoɖo hena woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ.—Rut 1:1-6; 2:2-12; 4:13-17.

Eme kɔ ƒãa be ahedada menye Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ame ŋu ƒe dzesi o. Ame siwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa Mawu la ate ŋu aka ɖe Fia David ƒe nya siawo dzi bliboe be: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.”—Psalmo 37:25.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Togbɔ be Rut kple Naomi dahe kolikoli hã la, Mawu yra wo hekpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo lɔlɔ̃tɔe