Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔ Kae Amadedewo Wɔna Ðe Dziwò?

Dɔ Kae Amadedewo Wɔna Ðe Dziwò?

Ne èle nu siwo ƒo xlã wò kpɔm la, wò ŋku kple wò ahɔhɔ̃ wɔa dɔ aduadu henana nèdzea si nu si kpɔm nèle. Ne èkpɔ atikutsetse aɖe la, eƒe amadede akpe ɖe ŋuwò nàtiae nenye be yeaɖui alo yemaɖui o. Àte ŋu akpɔ alilia ko anya be tsi mele dzadza ge egbea o. Èle nuŋɔŋlɔ siwo xlẽm nèle fifia la kpɔm, eye èle wo gɔme sem. Le nyateƒe me la, amadede siwo nèkpɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò. Nenemae wòle vavã?

Atikutsetse si nèkpɔ la ƒe amadede ate ŋu ana wòadzro wò eye nànya nenye be eɖi na ɖuɖu. Dziŋgɔli kple alilikpo si nèkpɔ la ƒe amadede kpe ɖe ŋuwò nènya ale si yame ƒe nɔnɔme anɔ. Esi nèle nyati sia xlẽm la, vovototo si le nuŋɔŋlɔawo ƒe amadede kple agbalẽa tɔ dome la na wò ŋku te ŋu le nyawo xlẽm nyuie. Ɛ̃, ɖewohĩ le wò ŋutɔ wò manyamanya me la, amadedewo kpena ɖe ŋuwò ɣesiaɣi nènɔa te ɖe nu siwo kpɔm nèle dzi wɔa nyametsotsowo. Gawu la, amadedewo tea ŋu wɔa dɔ ɖe wò seselelãme hã dzi.

ALE SI AMADEDEWO KPƆA ŊUSẼ ÐE AME ƑE SESELELÃME DZI

Ne èle zɔzɔm le fiase gãwo me la, àkpɔe be woɖo adzɔnu siwo le amadede vovovowo me la ɖe ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu le ɖusi kple mia me siaa be wòate ŋu ahe wò susu. Togbɔ be ɖewohĩ mànyae o hã la, boblodolawo trɔa asi le woƒe adzɔnuwo ŋu nyuie be woanɔ amadede vovovowo me ale be woadzro wò, èɖanye ŋutsu alo nyɔnu, ɖevi alo ame tsitsi o. Dɔwɔla siwo ɖoa atsyɔ̃ na aƒewo, awudodo ƒe atsyã wɔlawo kple nutala bibiwo hã nyae be amadedewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi.

Amewo ate ŋu ase nu si amadedewo fia la gɔme vovovoe le woƒe dekɔnuwo kple kɔnuwo ƒe vovototo ta. Le kpɔɖeŋu me, le Asiatɔ aɖewo gome la, amadede dzĩtɔ fiaa dzɔgbe nyui kple dzidzɔkpɔkpɔ, gake le Afrika ƒe teƒe aɖewo la, amadede dzĩ hea susu yia konyifafa dzi. Ke hã afi ka kee ame ɖatso o, amadede aɖewo kpɔa ŋusẽ ɖe ame sia ame ƒomevi dzi le mɔ ɖeka tɔgbi nu. Na míakpɔ ale si amadede etɔ̃ aɖewo kpɔa ŋusẽ ɖe dziwòe ɖa.

DZĨ nye amadede si hea ame ƒe susu kaba. Tso ɣeaɖeɣi ke la, amewo tsɔa amadede dzĩ tsia tsitre ɖi na ŋusẽ, aʋawɔwɔ kple afɔku. Ekpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe seselelãme dzi ŋutɔ, eye etea ŋu doa tsɔtsɔe lãmetsiwo kple dzitodzito ƒe dɔwɔwɔ, eye wònaa ʋu sina kabakaba wu le lãme na ame.

Le Biblia me la, Hebrigbe me nya si wozãna na nu “dzĩ” la tso nya aɖe si fia “ʋu” me. Biblia zã amadede si biã helĩhelĩ tsɔ ɖɔ gbolo aɖe si kɔ ʋu geɖe ɖi eye wòdo aɖabɛwu kple awu dzĩ eye wòbɔbɔ nɔ “lã wɔadã aɖe si biã helĩhelĩ, si ŋu busuŋkɔwo yɔ fũu” la dzi. Ale si woɖɔe la ana wòatsi susu me na ame bɔbɔe.Nyaɖeɖefia 17:1-6.

GBEMUMU nye amadede si ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi to vovo na amadede dzĩa tɔ, elabena medoa tsɔtsɔe lãmetsiwo ƒe dɔwɔwɔ o, eye enana ame ƒe susu dzea akɔ anyi. Gbemumu naa dzidzeme ame, eye wotsɔnɛ tsia tsitre ɖi na dziɖeɖi zi geɖe. Míaƒe dzi dzea eme bɔkɔɔ ne míekpɔ tsaɖibɔwo alo togbɛ damawo. Xexemewɔwɔ ƒe ŋutinya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la gblɔ be Mawue wɔ gbe damawo, atiwo kple nu miemiewo.1 Mose 1:11, 12, 30.

AMADEDE ƔI tsia tsitre ɖi na kekeli, dedienɔnɔ kple dzadzɛnyenye zi geɖe. Wotsɔnɛ ɖɔa nɔnɔme nyui siwo nye nyuiwɔwɔ, fɔmaɖimaɖi kple  kɔkɔenyenye hã. Amadede ɣi ŋue woƒo nu tsoe zi geɖe wu le Biblia me. Le ŋutegawo me la, amegbetɔwo kple mawudɔlawo siaa nɔa awu ɣiwo me, eye esia tea gbe ɖe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye dzi. (Yohanes 20:12; Nyaɖeɖefia 3:4; 7:9, 13, 14) Wotsɔa sɔ ɣiwo kpakple wo dola siwo le awu ɣiwo me la tsia tsitre ɖi na aʋa dzɔdzɔe wɔwɔ. (Nyaɖeɖefia 19:14) Mawu zãa amadede ɣi tsɔ hea susu yia ale si wòlɔ̃na faa be yeatsɔ nu vɔ̃wo ake la dzi; eƒe Nya la gblɔ be: “Ne miaƒe nu vɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene.”Yesaya 1:18.

AMADEDEWO NANA WOÐOA ŊKU NU DZI

Ale si Biblia zã amadedewo la ɖee fia be Mawu nya ale si wokpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe seselelãme dzi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔ nu siwo le dzɔdzɔm ɖe ameƒomea dzi fifia, siwo dome aʋawɔwɔ, dɔwuame kpakple ku si dɔwuame kple dɔvɔ̃wo hena vɛ hã le la ɖi. Be míate ŋu aɖo ŋku nya sia dzi bɔbɔe la, wotsɔ sɔwo kple wo dola aɖewo ɖɔe le ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe me—gake menye sɔ dzrowo koe wonye o, ke boŋ wole amadede vovovo siwo ŋu gɔmesese tɔxɛ le la me.

Sɔ gbãtɔa le ɣie, eye ele tsitre ɖi na Kristo Yesu ƒe aʋa dzɔdzɔe wɔwɔ. Sɔ evelia biã hɛ̃, eye wòle tsitre ɖi na aʋa si dukɔwo wɔna kple wo nɔewo. Sɔ yibɔ dziŋɔ aɖe va ɖe esia yome, eye ele tsitre ɖi na dɔwuame. Esia megbe la, “sɔ aɖe si fu kpii [la do], eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la ŋkɔe nye Ku.” (Nyaɖeɖefia 6:1-8) Sɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe amadede ate ŋu awɔ dɔ ɖe míaƒe seselelãme dzi le mɔ si wɔ ɖeka kple nu si wotsɔe tsi tsitre ɖi na la nu. Míate ŋu aɖo ŋku amadede siawo kple nu si wofia na míaƒe ŋkekea la dzi bɔbɔe.

Wozã amadedewo tsɔ wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi geɖewo le Biblia me ale be woatsi susu me na ame. Ɛ̃, Ame si wɔ kekeli, amadedewo kple amegbetɔ ƒe ŋkuwo la nya ale si wòazã amadedewo aɖaŋutɔe le nufiafia me atsɔ aɖɔ nuwo ƒe nɔnɔme ale be woase wo gɔme ahaɖo ŋku wo dzi bɔbɔe. Amadedewo kpena ɖe mía ŋu míedea dzesi nu si kpɔm míele eye míewɔa nyametsotsowo. Amadedewo wɔa dɔ ɖe míaƒe seselelãme dzi. Amadedewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku nufiame veviwo dzi. Ɛ̃, amadedewo nye nunana nyui aɖe si lɔlɔ̃ ʋã mía Wɔla wòna mí be míase vivi na agbea.