Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | AGBENƆNƆ LE KU MEGBE ÐE WÒANYA WƆA?

Mɔkpɔkpɔ Si Li Na Kukuawo—Aleke Nàwɔ Aka Ðe Edzi?

Mɔkpɔkpɔ Si Li Na Kukuawo—Aleke Nàwɔ Aka Ðe Edzi?

Ame siwo mele ɖeke me nyam o lae xɔnɛ sena be ame kukuwo agava nɔ agbe akea? Apostolo Paulo mesusui nenema o. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Ne agbe sia ɖeɖe ko mee míekpɔ mɔ na Kristo le la, ekema míaƒe nue wɔ nublanui wu. Gake azɔ wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònye ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ƒe kutsetse gbãtɔ.” (1 Korintotɔwo 15:19, 20) Paulo ka ɖe tsitretsitsia dzi bliboe. Woɖo kpe tsitretsitsia ƒe nyateƒenyenye dzi esi wofɔ Yesu ŋutɔ ɖe tsitre. * (Dɔwɔwɔwo 17:31) Ema tae Paulo yɔ Yesu be, “kutsetse gbãtɔ” ɖo, elabena eyae nye ame gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre hena agbe tegbee nɔnɔ. Ne Yesue nye ame gbãtɔ si wofɔ alea la, ke efia be woafɔ ame bubuwo hã nenema ke.

Hiob gblɔ na Mawu be: ‘Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu adzro wò vevie.’—Hiob 14:14, 15

Susu bubu si tae nàte ŋu aka ɖe tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzie nye esi: Yehowa nye nyateƒe Mawu. “Mawu . . . mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2) Yehowa meka aʋatso kpɔ o, eye maka aʋatso gbeɖe o. Ðe wòado ŋugbe be yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre, eye kura gɔ̃ hã wòaɖee afia be yeate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, evɔ mawɔ eƒe ŋugbedodoa dzi oa? Yehowa mate ŋu awɔ nu nenema gbeɖe o!

Nu ka tae Yehowa ɖoe be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre le etsɔme? Eƒe lɔlɔ̃ tae. Hiob bia be: “Ne ame ku la, ɖe wòagagbɔ agbea?” Eya ŋutɔ ɖo eŋu be: ‘Àyɔm, eye matɔ na wò. Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu adzro wò vevie.’ (Hiob 14:14, 15) Hiob ka ɖe edzi be ye Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la adi vevie be yeafɔ ye ɖe tsitre. Ðe Mawu trɔa? Mawu ŋutɔ gblɔ be: “Nyee nye Yehowa; nyemetrɔna o.” (Malaki 3:6) Egakpɔtɔ le Mawu dzrom vevie be yeana ame siwo ku la nagbɔ agbe eye woanɔ lãmesẽ kple dzidzɔ me. Ðeko wòle abe ale si dzila lɔ̃ame ɖe sia ɖe si vi ku na la dina vevie be yeagakpɔ ye via ake la ene. Gake nu si to vovoe nye be, ŋusẽ le Mawu ya si be wòawɔ nu sia nu si wòdi.—Psalmo 135:6.

Ku nye kuxi sesẽ aɖe, gake egbɔkpɔnu si de blibo le Mawu si

Yehowa ana ŋusẽ Via be wòafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre be wòahe dzidzɔ manyagblɔ vɛ na ƒometɔ siwo le woƒe ame veviwo ƒe ku fam. Gake aleke Yesu sena le eɖokui me le tsitretsitsia ŋu? Hafi Yesu nafɔ Lazaro ɖe tsitre la, ekpɔ veve si gbegbe sem Lazaro nɔvinyɔnuawo kple wo xɔlɔ̃wo le, eye eya ŋutɔ hã “fa avi.” (Yohanes 11:35) Ɣebubuɣi la, Yesu do go ahosi si tso Nain, si ƒe viŋutsu ɖekɛa ku. Esi Yesu kpɔ ahosia la, “eƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wògblɔ nɛ be: ‘Dzudzɔ avifafa.’” Eye wòfɔ via ɖe tsitre enumake. (Luka 7:13) Esia fia be amewo ƒe ku kple nuxaxa tena ɖe Yesu dzi vevie. Eya ta dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye na Yesu be yeana ame siwo le nu xam le xexea me godoo la ƒe nuxaxa nu nayi eye dzidzɔ nayɔ woƒe dziwo me!

Ðe ku do nuxaxa na wò kpɔa? Ðewohĩ awɔ na wò be ku nye kuxi si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o. Gake egbɔkpɔnu li. Eyae nye be Mawu ato Via dzi agbɔ agbe ame siwo ku. Ðo ŋku edzi be Mawu di be wò ŋutɔ nàkpɔ eteƒe. Edi be nànɔ afi ma awɔ atuu na wò ame veviwo. Kpɔe ɖa ko be wò kpli wo miewɔ ɖeka hele ɖoɖo wɔm ɖe etsɔme mavɔ ŋu, esime ame aɖeke magaku agblẽ nɔvia ɖi gbeɖe o!

Lionel, si ŋu nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Meva srɔ̃ nu tso tsitretsitsia ŋu mlɔeba. Le gɔmedzedzea me la, esesẽ nam be maka ɖe edzi, eye nyemexɔ ame si ƒo nu tso eŋu nam la dzi se o. Gake nye ŋutɔ medii le Biblia me eye mekpɔe be nyateƒee! Eya ta mele tsɔtsɔm nam o, medi be magakpɔ tɔgbuinye ake.”

Àdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso nya sia ŋua? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu si tae yewoka ɖe tsitretsitsia dzi nenema gbegbe ɖo la le wò ŋutɔ wò Biblia me. *

^ mm. 3 Kpɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? (La Bible : Parole de Dieu ou des hommes ?) ƒe axa 78-86 be nàkpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be wofɔ Yesu ɖe tsitre. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 9 Taflatsɛ, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 7 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.