Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | DEBORA

“Metso Abe Vidada Ene Le Israel”

“Metso Abe Vidada Ene Le Israel”

DEBORA lé ŋku ɖe asrafo siwo ƒo ƒu ɖe Tabor Toa tame ŋu. Esi wòkpɔ wo le afi ma la, woƒe nu wɔ dɔ ɖe edzi. Esi ɣea dze ŋdi ma la, ede ŋugble le asrafo mawo ƒe dzinɔameƒo kple woƒe kplɔla Barak ƒe xɔse ŋu. Togbɔ be wonye asrafo 10,000 hã la, woado woƒe xɔse kple dzinɔameƒo kpɔ vevie le ŋkeke sia dzi. Futɔ vɔ̃ɖi siwo sɔ gbɔ wu wo sãsãsã la ŋue woho aʋa ɖo, eye woƒe aʋawɔnuawo hã mede futɔawo tɔ nu o. Ke hã wova aʋagbea dzi, eye nyɔnu sia ƒe dzideƒonyawo koŋ tae.

Kpɔe ɖa be Debora ye nye ema, eƒe awuwo le ya ƒom esime woa kple Barak wole toa tame ɖaa eye woɖe ŋku ɖe nuto dzeania ŋu. Tabor Toa tame le gbadza. Ekɔkɔ meta 400; ne ame tɔ ɖe etame la, ate ŋu akpɔ Esdraelon Tagba, si keke ɖe enu yi anyieheɣetoɖoƒe gome ɖaa la. Kison-tɔsisia gɔdɔ̃ to tagba dama la me ɖade nu Ƒu Gã la me le afi si te ɖe Karmel Toa ŋu. Anɔ eme be ŋdi ma la, tsi menɔ tɔʋua me o, gake nane hã nɔ dzo dam le adzɔge ɖaa le gbadzaƒe gã ma. Sisera ƒe aʋakɔa ye nɔ wo gogom, eye ale si woƒe gayibɔnuwo le dzo dam la ana vɔvɔ̃ naɖo ame be vɔ̃ gbɔna dzɔdzɔ ge. Sisera ƒe aʋawɔla tiatiawoe—wogbɔna kple aʋatasiaɖam 900, eye anɔ eme be wonye esiwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnuwo le. Sisera ƒe taɖodzinue nye be yeasi Israel-viwo, siwo mebla akpa de wo nu o la abe ale si woxaa ƒo ene!

Debora nyae be Barak kple eƒe aʋawɔlawo le ye sinu kpɔm be yewoase nya aɖe tso ye nu hafi yewoaho. Eya ɖeka koe nye nyɔnu le wo domea? Aleke wòse le eɖokui me ku ɖe agbanɔamedzi gã ma si kpɔ eŋkume la ŋu? Ðe wònɔ eɖokui biam be nu ka wɔm yele le ame siawo dome hã? Kura o! Eƒe Mawu Yehowa ye gblɔ nɛ be wòana woawɔ aʋa sia; Mawu ɖee fiae hã be yeato nyɔnu aɖe dzi ana aʋa sia nawu enu. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:9) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Debora kple aʋakalẽtɔ siawo gbɔ tso xɔse ŋu?

“HO YI TABOR TO LA DZI”

Zi gbãtɔ si woƒo nu tso Debora ŋu le Biblia me la, woyɔe be “nyɔnunyagblɔɖila.” Esia na Debora ɖe dzesi, ke hã menye eya ɖeka koe woyɔ nenema le Biblia me o. * Agba bubu aɖe hã nɔ Debora dzi. Edze ƒãa be Yehowa toa edzi hã drɔ̃a ʋɔnu na dukɔa ne masɔmasɔwo do mo ɖa.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:4, 5.

Tonuto si nye Efrayim, si le Betel kple Rama dome lae Debora nɔ. Enɔa deti aɖe te le afi ma subɔa dukɔa le Yehowa ƒe mɔfiafia nu. Togbɔ be Debora ƒe dɔa menɔ bɔbɔe o hã la, mevɔ̃ na agbanɔamedzi sia tsɔtsɔ o. Dɔ si wɔm wònɔ la nɔ vevie ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi gbɔgbɔ ʋã eya hã wòkpɔ gome le ha aɖe kpakpa me emegbe la, egblɔ le eƒe dukɔ mawɔnuteƒea ŋu le ha la me be: “Wotia mawu yeyewo; aʋa nɔ agbowo me ɣemaɣi.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:8) Esi Israel-viwo trɔ megbe de Yehowa heyi ɖasubɔ mawu bubuwo ta la, Yehowa hã tsɔ wo de asi na woƒe futɔwo. Fia Yabin si nye Kanaantɔ la nɔ wo dzi ɖum to aʋafia sẽŋu aɖe si ŋkɔe nye Sisera la dzi.

Ŋkɔ Sisera ɖeɖe sese gɔ̃ hã nana dzidzi ƒoa Israel-viwo. Kanaantɔwo wɔa ŋutasẽnu dziŋɔwo le woƒe tadedeagu kple kɔnyinyiwo me, siwo ƒe ɖewoe nye ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe kple gbedoxɔ me gbolowɔwɔ. Aleke nɔnɔmea nɔ na dukɔa esime Kanaantɔwo ƒe aʋafia sia kple eƒe asrafowo nɔ wo dzi ɖum? Debora ƒe ha la ɖee fia be ɣemaɣi la, esesẽ ŋutɔ be ame nazɔ mɔ eye amewo katã si dzo le kɔƒewo me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:6, 7) Míate ŋu akpɔ ale si wònɔ ɖa la le susu me be, amewo yi ɖabe ɖe avewo me kple togbɛwo dzi eye wole vɔvɔ̃m be yewoade agble alo anɔ kɔƒe siwo ŋu gli mele o la me, eye womedina be yewoazɔ mɔ gãwo dzi o le esi wole vɔvɔ̃m be woadze yewo dzi, aɖe aboyo yewo viwo alo adɔ yewoƒe nyɔnuwo gbɔ sesẽe ta. *

Ŋutasẽdziɖuɖu ma yi edzi ƒe 20 sɔŋ va de asi na esime Yehowa kpɔe be yeƒe dukɔ kɔlialiatɔawo nɔ klalo be yewoatrɔ dzi me, alo abe ale si wòdze le Debora kple Barak ƒe ha si hã le Biblia ƒe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la me ene be, “Va se ɖe esime nye, Debora, metso, va se ɖe esime metso abe vidada ene le Israel.” Míenya nenye be Debora, si srɔ̃ ŋkɔe nye Lapidot la nye vidada ŋutɔŋutɔ ya o, ke hã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nue woyɔe be vidada le le afi sia. Ðeko wòle ko abe Yehowa de dɔ asi na Debora be wòakpɔ dukɔa ta abe ale si vidada wɔna na viawo ene. Mawu gblɔ nɛ be wòayɔ Ʋɔnudrɔ̃la Barak, ame si sẽ ŋu le xɔse me la vɛ eye wòagblɔ nɛ be neho aʋa ɖe Sisera ŋu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:3, 6, 7; 5:7.

Debora de dzi ƒo na Barak be wòatso aɖe Mawu ƒe amewo

Yehowa ƒe gbe va na Debora be wòagblɔ na Barak be: “Ho yi Tabor To la dzi.” Egblɔ na Barak be wòaƒo ŋutsu 10,000 nu ƒu tso Israel ƒe to eve me. Debora gblɔ ŋugbe si Mawu do be woaɖu Sisera ƒe aʋakɔ sesẽ siwo si aʋatasiaɖam 900 sɔŋ nɔ la dzi nɛ! Ŋugbedodo sia awɔ moyaa na Barak godoo. Aʋakɔ menɔ Israel si o, eye woƒe aʋawɔnuwo nɔ ʋɛ ŋutɔ. Ke hã, Barak lɔ̃ be yeayi aʋa la nenye be Debora hã anɔ eme yewoayi Tabor Toa dzi.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:6-8; 5:6-8.

Ame aɖewo gblɔ be xɔse menɔ Barak si o le nya ma si wògblɔ ta, ke hã esia mesɔ o, elabena Barak mebia tso Mawu si be wòana aʋawɔnu geɖewo ye o. Ke boŋ le xɔse si le esi ta la, ekpɔe be ehiã be Yehowa ƒe teƒenɔla nanɔ yewo dome ne wòado ŋusẽ ye kple yeƒe amewo. (Hebritɔwo 11:32, 33) Yehowa da asi ɖe esia dzi, eye wòɖe mɔ na Debora be wòayi le Barak ƒe biabia la nu. Ke hã, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Debora wògblɔ ɖi be aʋa la dzi ɖuɖu ƒe bubu mayi na ŋutsu o. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:9) Mawu tso nya me be yeana nyɔnu aɖe nawu Sisera vɔ̃ɖi ma!

Egbea la, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe nyɔnuwo ŋu, wosẽa ŋuta le wo ŋu hewɔa fu wo. Ƒãa hafi wodea bubu wo ŋu abe ale si Mawu dii ene. Gake le Mawu gbɔ la, ŋutsu kple nyɔnu meli o, wo katã wosɔ le eŋkume. (Romatɔwo 2:11; Galatiatɔwo 3:28) Ale si Mawu zã Debora la na míekpɔe be enaa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo nyɔnuwo hã eye wòwɔa nu siwo ɖenɛ fiana be eka ɖe wo dzi hekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. Ele vevie be míatsri bubumademade nyɔnuwo ŋu si bɔ ɖe xexea me egbea.

“ANYIGBA ƲUƲU, TSI DZA TSO DZIƑOWO BABABA”

Barak yi ɖaƒo eƒe aʋakɔ la nu ƒu. Ame siwo nu wòƒo ƒu la le ŋutsu 10,000 siwo ƒo dzi nɔ be woakpe aʋa kple Sisera ƒe aʋakɔ dziŋɔ la. Esi Barak dze eƒe amewo ŋgɔ yi Tabor Toa dzi la, dzi dzɔe be ame aɖe hã nɔ yewo dome si ana dzi naɖo yeƒe ameawo ƒo. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Debora hã yi kplii.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:10) Aleke gbegbe dzi aɖo asrafoawo ƒoe nye esi esi wokpɔ nyɔnu dzinɔameƒotɔ ma wòle wo dome esime woyina Tabor Toa dzi, eye wokpɔe hã be elɔ̃ be yeade yeƒe agbe afɔku me kpli yewo le esi wòxɔ Yehowa Mawu dzi se ta!

Esi Sisera see be dzi ɖo Israel-viwo ƒo woho aʋa ɖe ye ŋu la, eƒo eƒe aʋakɔa nu ƒu enumake. Kanaan fia bubuwo ƒe aʋakɔwo va kpe ɖe Fia Yabin, si anya kpɔ ŋusẽ wu wo katã la, ƒe aʋakɔa ŋu. Sisera ƒe tasiaɖam sesẽawo ƒe hatsotso vovovoawo ƒe hoowɔwɔ na anyigba ʋuʋu esi wonɔ zɔ ɖem le ɖoɖo nu le tagba la me. Kanaantɔwo ka ɖe edzi be yewoaɖu Israel ƒe aʋakɔ tsɛ ma dzi bɔbɔe.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:12, 13; 5:19.

Nu kae Debora kple Barak awɔ azɔ esime futɔawo le wo gogom? Ne wokpɔtɔ le Tabor Toa dzi la, anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ aʋa kple Kanaantɔwo ƒe aʋakɔ siwo gbɔna wo dzi dze ge la, elabena anyigba sɔsɔe dzi koe woate ŋu awɔ aʋatasiaɖamwo ŋu dɔ le nyuie. Ke hã esi wònye be Yehowa ƒe mɔfiafiawo nue Barak awɔ aʋa le ta la, elala be yease nya aɖe tso Debora nu. Mlɔeba, ɣeyiɣia de be woaho. Debora gblɔ be: “Tso, elabena egbee Yehowa atsɔ Sisera ade asi na wò. Ðe Yehowa medze ŋgɔwò oa?” Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Barak ɖi tso Tabor To la dzi, eye ŋutsu akpe ewoawo dze eyome.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14. *

Israel-srafoawo ɖi tso toa dzi kple du va gbadzaƒea eye wolũ ɖe futɔawo ƒe aʋatasiaɖam ɖivɔvɔ̃ mawo dzi. Ðe Yehowa dze wo ŋgɔ vavã abe ale si Debora gblɔe enea? Eteƒe medidi o, wokpɔe be edze yewo ŋgɔ vavã. Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Anyigba ʋuʋu, eye tsi dza tso dziƒowo bababa.’ Yehowa de tɔtɔ Sisera ƒe asrafo dadala mawo dome. Eye tsia nɔ dzadzam sesĩe! Tsia anya kɔ ɖi yoo, elabena eteƒe medidi hafi anyigba zu ba finyafinya o. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, gatasiaɖam kpekpe mawo megaɖe vi aɖeke na wo o, ke boŋ wozu kplamatsɛdonu na wo. Tasiaɖamawo ɖi ɖe baa me ale gbegbe be ŋgɔyiyi zu dɔ.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14, 15; 5:4.

Tsidzadza sesẽ la meɖe fu na Barak kple eƒe amewo o. Wonya ame si na tsia le dzadzam. Wolũ ɖe Kanaan-srafoawo dzi. Mawue to Israel-viwo dzi nɔ ʋɔnu drɔ̃m eƒe futɔwo, eya ta womena Sisera ƒe asrafoawo dometɔ ɖeka pɛ hã tsi agbe o. Kison-tɔsisia ɖɔ henɔ sisim kple adã, eye wòkplɔ ame kukuawo le tɔʋua me ɖo ta Ƒu Gã la me.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:16; 5:21.

Yehowa wɔ aʋa na eƒe amewo hena woɖu Sisera ƒe aʋakɔa dzi, abe ale si Debora gblɔe ɖi ene

Yehowa meganana esubɔlawo tsɔa lãnuwo yia aʋa egbea o. Ke hã ebia tso eƒe amewo si be woawɔ gbɔgbɔmeʋa. (Mateo 26:52; 2 Korintotɔwo 10:4) Ne míedzea agbagba be míaɖo to Mawu le xexe mavɔ̃mawu sia me la, ke míawo hã míele gome kpɔm le aʋa ma me. Míehiã na dzideƒo, elabena amewo tsia tsitre ɖe ame siwo le Mawu ƒe akpa dzi egbea la ŋu. Gake Yehowa metrɔ o. Egakpɔa ame siwo xɔ eyama dzi se heɖoa ŋu ɖe eŋu la ta kokoko, abe ale si wòwɔe na Debora, Barak kple Israel srafo kalẽtɔ siwo nɔ anyi le blema la ene.

‘WOYRAE GEÐE WU LE NYƆNUWO DOME’

Ame si nye futɔ gãtɔ le Kanaantɔawo dome la si! Sisera, si nye ame si te Mawu ƒe amewo ɖe anyi kutɔkutɔe la de afɔ du me hesi le aʋaa nu. Egblẽ eƒe amewo ɖi be woaku atsi ba me, eye wòsi le Israel-srafoawo nu yi ƒuƒuiƒe heɖo ta afi si wòkpɔ be eya koe ganye sitsoƒe si tsɔ ɖe ye gbɔ wu. Esi wònɔ du dzi sesĩe agbadroƒe geɖe henɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ Israel-srafoawo ava tu ye la, eɖo ta Kenitɔ Heber si ʋu tso agbadɔmenɔla bubuwo gbɔ va le anyiehe gome la ƒe agbadɔ gbɔ, elabena ŋutifafa nɔ Heber kple Fia Yabin dome.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:11, 17.

Esi Sisera va ɖo Heber ƒe agbadɔa gbɔ la, ɖeɖi te eŋu belibeli. Ekpɔe be Heber mele aƒe me o. Gake srɔ̃a, Yael, ya li. Edze ƒãa be Sisera susui be Yael akpɔ ye ta le ŋutifafa si le srɔ̃a kple Fia Yabin dome ta. Ðewohĩ eya mesusui kpɔ be nyɔnu awɔ nu le eɖokui si alo eƒe nuŋububu ato vovo na srɔ̃a tɔ o. Edze ƒãa be Sisera menya Yael kura o! Yael nya ale si gbegbe Kanaantɔwo sẽ ŋuta le dukɔa ŋui la nyuie; anya kpɔe hã be ehiã be yeatia ame si ƒe akpa dzi yeanɔ. Ate ŋu atiae be yeakpe ɖe ŋutsu vɔ̃ɖi sia ŋu loo alo yeawu Mawu ƒe amewo ƒe futɔ sia atsɔ aɖee afia be yele Yehowa ƒe akpa dzi. Gake nu kae wòate ŋu awɔ? Aleke nyɔnu ate ŋu akpe aʋakalẽtɔ sẽŋu sia dzi?

Ele be Yael nabu tame kaba. Ena teƒe Sisera be wòagbɔ ɖe eme. Sisera de se nɛ be ne ame aɖe va bia ye ta la, megagblɔ be yele afi sia o. Esi wòmlɔ anyi la, Yael tsɔ kuntru tsyɔ nɛ, eye esi wòbiae be wòana tsi ye la, eku notsi nɛ wòno. Kasia, Sisera yi alɔ̃ me ʋĩi. Azɔ Yael tsɔ tsyoti kple zu, siwo nye dɔwɔnu siwo nyɔnu agbadɔmenɔlawo zãna enuenu aɖaŋutɔe la ɖe asi. Ezɔ dzadzadza va tɔ ɖe Sisera ƒe tade. Dɔ aɖe si ŋu vɔvɔ̃ le la dze ŋgɔe azɔ, si nye be wòanye Yehowa ƒe dɔtsɔla awu Sisera. Ne vɔvɔ̃ alo ɖikeke na wòda ƒu la, nya gã aɖee wòanye. Ðe wòɖo ŋku Mawu ƒe amewo dzi hebu ale si gbegbe ŋutsu sia sẽ ŋuta le wo ŋu ƒe geɖe la ŋua? Alo ɖe wòbu mɔnukpɔkpɔ si wònye be yeanɔ Yehowa ƒe akpa dzi la ŋua? Ŋɔŋlɔawo megblɔe o. Nu si míenyae nye be eɖe afɔ enumake, si wɔe be Sisera ku tsi afi ma!—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:18-21; 5:24-27.

Emegbe Barak ti ame si dim wòle vevie la yome va do. Esi Yael tsɔ ame kukua fiae eye wòkpɔe be woƒo tsyoti ɖe tonu nɛ mimi ɖe anyigba la, ekpɔe be Debora ƒe nyagblɔɖia va eme vavã. Nyɔnue wu Sisera aʋakalẽtɔ la! Egbea, ɖeklemiɖelawo yɔ ŋkɔ gbegblẽ vovovowo ɖe Yael ŋu, gake Barak kple Debora ya mebu susu mawo ɖe eŋu o. Le ha si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã wo wokpa me la, wokafu Yael gblɔ be ‘woyrae geɖe wu le nyɔnuwo dome,’ le esi wòwɔ nu dzinɔameƒotɔe ta. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:22; 5:24) De dzesi ale si gbegbe Debora ƒe dɔme nyoe. Meʋã ŋu kafukafu si wotsɔ na Yael o; ke boŋ nu si nɔ vevie nɛ koe nye be Yehowa ƒe nya va eme.

Esi Sisera megali o ta la, Fia Yabin ƒe ŋusẽa nu yi. Kanaantɔwo ƒe ameteteɖeanyia nu yi mlɔeba. Israel-viwo nɔ ŋutifafa me ƒe 40. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:24; 5:31) Yayra ka gbegbee nye esi wònye na Debora, Barak kple Yael le esi woxɔ Yehowa Mawu dzi se ta! Ne míesrɔ̃ Debora ƒe xɔse henɔ Yehowa ƒe akpa dzi dzinɔameƒotɔe eye míede dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔe nenema la, Yehowa ayra mí míaɖu dzi glo ahanɔ ŋutifafa me tegbee.

^ mm. 7 Nyɔnunyagblɔɖila bubuwoe nye Miriam, Hulda kple Yesaya srɔ̃.—2 Mose 15:20; 2 Fiawo 22:14; Yesaya 8:3.

^ mm. 9 Debora ƒe haa me nyawo ɖee fia be ne Sisera va dze dukɔa dzi la, zi geɖe la, eɖea aboyo nyɔnuviwo hã, eye ne wole aboyonuwo mam la, asrafo ɖeka tea ŋu xɔa nyɔnuvi eve gɔ̃ hã. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:30) Nya si gɔme woɖe be “nyɔnuvi” le kpukpui sia me la fia “vidzidɔ” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu. Esia na míekpɔe be wobua nyɔnu mawo be ɖeko woli ko hena woƒe vidzinuwo ŋu dɔ wɔwɔ. Anɔ eme be nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe bɔ ɣemaɣi.

^ mm. 17 Woƒo nu tso aʋa si wowɔ la ŋu zi eve le Biblia me. Le Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 4 lia me la, woƒo nu tso eŋu abe ŋutinya ene, eye wogaƒo nu tso eŋu le Debora kple Barak ƒe ha la me le ta 5 lia me. Nuŋlɔɖi eveawo de nu wo nɔewo me; nya si medze le ɖeka me o la dze le evelia me.