Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

Nu kae nye Armagedon?

Ame aɖewo xɔe se be . . .

enye aʋa si me woazã nukliaʋawɔnuwo atsɔ atsrɔ̃ xexea alo be xexea ŋutɔ natsrɔ̃ eɖokui. Nu kae nèsusu?

Nya si Biblia gblɔ

Armagedon nye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ,” aʋa si wòawɔ atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ le Biblia me?

  • Menye ɖe Mawu le Armagedon-ʋa wɔm be yeatsɔ atsrɔ̃ anyigbaa o, ke boŋ be yeatsɔ akpɔ ale si amegbetɔwo le anyigbaa gblẽm la ta.—Nyaɖeɖefia 11:18.

  • Armagedon-ʋa ahe aʋawɔwɔwo katã ava nuwuwui.—Psalmo 46:8, 9.

Ðe wòanya wɔ be ame natsi agbe le Armagedon-ʋaa mea?

Ðe nàgblɔ be

  • Ɛ̃

  • Ao

  • Nyemenya oa?

Nya si Biblia gblɔ

“Ameha gã aɖe” siwo tso dukɔ sia dukɔ me atsi agbe le “xaxa gã” si awu enu le Armagedon-ʋa me la me.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.

Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ le Biblia me?

  • Mawu di be ame geɖe ŋutɔ natsi agbe le Armagedon-ʋa me. Ne ame vɔ̃ɖiwo gbe tɔtrɔ ko hafi wòtsrɔ̃a wo.—Ezekiel 18:32.

  • Biblia gblɔ nu si wòle be míawɔ be míatsi agbe le Armagedon-ʋaa me.—Zefaniya 2:3.