Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?

Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Armagedon-ʋa nye aʋa mamlɛtɔ si ayi edzi le Mawu kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dome. Fifia gɔ̃ hã la, dziɖuɖu siawo kple wo dzi delawo tsi tsitre ɖe Mawu ŋu le esi wogbe be yewomabɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu te o ta. (Psalmo 2:2) Armagedon-ʋaa ava ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖa.​—Daniel 2:​44.

 Zi ɖeka koe nya “Armagedon” dze le Biblia bliboa me le Nyaɖeɖefia 16:16. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔe ɖi be woaƒo “anyigba blibo la dzi fiawo” nu ƒu “hena Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” “ɖe teƒe, si woyɔna le Hebrigbe me be Harmagedon [Armagedon].”​—Nyaɖeɖefia 16:14.

 Ame kawoe awɔ Armagedon-ʋa la? Yesu Kristo anɔ ŋgɔ na Mawu ƒe dziƒoʋakɔ la woaɖu Mawu ƒe futɔwo dzi. (Nyaɖeɖefia 19:11-16, 19-21) Futɔ siawo dometɔ aɖewoe nye ame siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ŋu eye wodoa vlo Mawu.​—Ezekiel 39:7.

 Ðe woawɔ Armagedon-ʋa la le Asia ƒe ɣedzeƒenutowo mea? Ao. Menye nuto ɖeka aɖe me koe woawɔ Armagedon-ʋa la le o, ke boŋ anyigba blibo la katã dzie.​—Yeremiya 25:32-34; Ezekiel 39:17-20.

 Wogayɔa Armagedon be “Har–​Magedon” (Hebrigbe me nya Har Meghiddhonʹ), si fia “Megido To.” Le blema la, Megido nye blema Israel ƒe nuto aɖe. Wowɔ aʋa gãwo le nuto ma me eye woŋlɔ aʋa siawo dometɔ aɖewo ƒe ŋutinya ɖe Biblia me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:19, 20; 2 Fiawo 9:27; 23:29) Ke hã, Armagedon mate ŋu afia teƒe ŋutɔŋutɔ aɖe si le blema Megido o. To gã aɖeke mele afi ma o, eye Mawu ƒe futɔ siwo le aʋa wɔ ge kplii la katã hã mate ŋu anɔ Yezreel-balia me o. Ke boŋ Armagedon nye dzesi na nɔnɔme aɖe si ado mo ɖa le anyigba dzi esime dukɔwo katã atso ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu.

 Aʋawɔnu kawoe Mawu azã le Armagedon-ʋa la wɔɣi? Togbɔ be míenya aʋawɔnu siwo tututu Mawu azã o hã la, nu siwo wòzã tsɔ wɔ aʋa le blema la gakpɔtɔ le esi. Wo dometɔ aɖewoe nye tsikpewo, anyigbaʋuʋuwo, tsiɖɔɖɔwo, tsidzadza gãwo, dzo kple aŋɔ, dzikedzo kple dɔléle vɔ̃ɖiwo. (Hiob 38:22, 23; Ezekiel 38:19, 22; Habakuk 3:10, 11; Zakariya 14:12) Eye ate ŋu adzɔ hã be Mawu ƒe futɔwo natɔtɔ ahawu wo nɔewo, ke hã woakpɔe adze sii kɔtɛe be Mawue le aʋa wɔm kple yewo.​—Ezekiel 38:21, 23; Zakariya 14:13.

 Ðe Armagedon anye xexea me ƒe nuwuwua? Manye míaƒe anyigba la ƒe nuwuwu o, elabena anyigba anye amegbetɔwo nɔƒe tegbee. (Psalmo 37:29; 96:10; Nyagblɔla 1:4) Armagedon manye amegbetɔƒomea ƒe nuwuwu o, ɖe Mawu le aʋa sia dzi to ge boŋ aɖe esubɔla siwo anye “ameha gã” aɖe.​—Nyaɖeɖefia 7:9, 14; Psalmo 37:34.

 Togbɔ be nya “xexea me” fiaa anyigba le Biblia me hã la, wotea ŋu zãnɛ le Biblia me ɣeaɖewoɣi wòfiaa amegbetɔ vɔ̃ɖi siwo tsi tsitre ɖe Mawu ŋu. (1 Yohanes 2:15-17) Le gɔmesese sia ya nu la, Armagedon nye “xexea me ƒe nuwuwu.”​—Matthew 24:3, Eʋegbe Biblia.

 Ɣekaɣie Armagedon-ʋaa adzɔ? Esime Yesu nɔ nu ƒom tso “xaxa gã” si ƒe nuwuwue Armagedon-ʋaa adzɔ ŋu la, egblɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.” (Mateo 24:21, 36) Ke hã, Biblia ɖee fia be Armagedon-ʋaa adzɔ le Yesu ƒe anyinɔɣi si womakpɔ kple ŋku o la me, eye eƒe anyinɔɣi sia dze egɔme le ƒe 1914 me.​—Mateo 24:37-​39.