Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Abosam Ate Ŋu Akpɔ Ŋuse Ðe Amegbetɔwo Dzia?

Ðe Abosam Ate Ŋu Akpɔ Ŋuse Ðe Amegbetɔwo Dzia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Abosam kple gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzi ale gbegbe be Biblia gblɔ be: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yohanes 5:19) Biblia ƒo nu tso mɔ siwo dzi Abosam tona kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi la ŋu.

  •   Beble. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanɔ “te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.” (Efesotɔwo 6:11) Eƒe ayemɔwo dometɔ ɖekae nye be yeana amewo naxɔe ase be Mawu ƒe subɔlawoe yeƒe dɔlawo nye.—2 Korintotɔwo 11:13-15.

  •   Gbɔgbɔyɔyɔ. Abosam toa gbɔgbɔyɔlawo, abe ŋɔliyɔlawo, afakalawo alo ɣletivimefakalawo ene dzi flua amewo. (5 Mose 18:10-12) Atike vɔ̃ɖi zazã, goloɖoɖo kple ŋugblemeyiyi ʋĩ si me woɖea nu sia nu ɖa le susu me keŋkeŋ hã nana gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi.—Luka 11:24-26.

  •   Alakpasubɔsubɔha. Subɔsubɔha siwo fiaa alakpanuwo la flua amewo wogbea toɖoɖo Mawu. (1 Korintotɔwo 10:20) Biblia yɔ alakpadzixɔse mawo be “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo.”—1 Timoteo 4:1.

  •   Gbɔgbɔdzeamedzi. Biblia ƒo nu tso ame siwo dzi gbɔgbɔ vɔ̃ɖiwo kpɔ ŋusẽ ɖo la ŋu. Ame siwo dzi gbɔgbɔawo dze la dometɔ aɖewo ƒe ŋku gbã alo wozu mumuwo eye ɖewo hã wɔ nu vevi wo ɖokuiwo.—Mateo 12:22; Marko 5:2-5.

Nu si nàwɔ be Abosam nagakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o

 Mele be nàvɔ̃ na gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi o, elabena Biblia fia nu si míawɔ atsɔ atsi tre ɖe Abosam ŋu la mí:

  •   Dze agbagba nàde dzesi Abosam ƒe ayemɔwo ale be eƒe ‘nugbeɖoɖowo naganɔ manyamanya me na wò o.’—2 Korintotɔwo 2:11.

  •   Na Biblia me sidzedze nasu asiwò eye nàwɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la dzi. Ne ètsɔ Biblia me mɔfiamewo wɔ dɔe la, akpɔ tawò be Abosam makpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o.—Efesotɔwo 6:11-18.

  •   Gblẽ nu siwo katã do ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo la do me. (Dɔwɔwɔwo 19:19) Esia dometɔ aɖewoe nye hadzidzi, agbalẽ, magazine, boblodogbalẽ kple video siwo katã doa gbɔgbɔyɔyɔ ɖe ŋgɔ.