Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Nazitɔwo Tsrɔ̃ Yudatɔwo?

Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Nazitɔwo Tsrɔ̃ Yudatɔwo?

 Ame geɖe siwo biaa nya sia la ŋutɔ kpe fu dziŋɔwo alo woƒe ame veviwo kpe fu le tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ sia me eye menye biabia sia ƒe ŋuɖoɖo ko dim wole o, ke boŋ akɔfafa dimee wole. Ame aɖewo bua ale si Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo be enye amegbetɔwo ƒe nuwɔna dziŋɔtɔ kekeake eye esia na wòsesẽna na wo be woaxɔ Mawu dzi ase.

Susu totro siwo nɔa amewo si ɖe Mawu Kple Yudatɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃ sia ŋu

 Alakpanya: Mesɔ be ame nadi be yeanya nu si tae Mawu ɖe mɔ Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo o.

 Nyateƒenya: Ame siwo si xɔse sẽŋu le bia nya Mawu ku ɖe nu si tae wòɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu la ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Xabakuk bia Mawu be: “Nu ka ŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ?” (Xabakuk 1:3) Mawu meka mo na Xabakuk o, ɖe wòna wòŋlɔ eƒe nyabiase ma ɖe Biblia me boŋ be mí katã míava xlẽ.

 Alakpanya: Mawu metsɔa ɖeke le amegbetɔwo ƒe fukpekpewo me o.

 Nyateƒenya: Mawu lé fu ŋutasẽnuwɔwɔwo kple fukpekpe siwo esiawo hena vaa amewo dzi la siaa. (Lododowo 6:16-19) Le Noa ƒe ŋkekeawo me le blema la, ŋutasẽnuwɔwɔ siwo xɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi la ‘ɖu dzi’ na Mawu. (1 Mose 6:5, 6) Ðikeke mele eme o be ale si Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo la hã ɖu dzi nɛ ŋutɔ.—Maleaxi 3:6.

 Alakpanya: Mawue na Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo be yeatsɔ ahe to na wo.

 Nyateƒenya: Enye nyateƒe be Mawu ɖe mɔ Romatɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe alafa gbãtɔ me ya. (Mateo 23:37–24:2) Gake tso ɣemaɣi la, Mawu megatia gbegbɔgblɔ aɖe koŋ dolawo be woawoe nye ye tɔ hewɔa nu ɖe wo ŋu etɔxɛe alo hea to na wo o. Le Mawu gbɔ la, “vovototo aɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o.”—Romatɔwo 10:12.

 Alakpanya: Ne ɖe Mawu lɔ̃ame ŋusẽkatãtɔ aɖe li la, anye ne meɖe mɔ Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo o.

 Nyateƒenya: Togbɔ be Mawu mehea fukpekpe vaa amewo dzi gbeɖe o hã, ɣeaɖewoɣi la, eɖea mɔ ɖe eŋu ɣeyiɣi vi aɖe.—Yakobo 1:13; 5:11.

Nu ka tae Mawu ɖe mɔ Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo o?

 Susu si tae Mawu ɖe mɔ amegbetɔwo katã le fu kpem ɖo la ke tae wòɖe mɔ Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo ɖo: be woakpɔ ŋuɖoɖo na nyui kple vɔ̃ ƒe nya si fɔ ɖe te gbe aɖe gbe ʋĩ ke la. Biblia ɖee fia kɔtɛe be Abosam ye le xexea dzi ɖum egbea, menye Mawu ye o. (Luka 4:1, 2, 6; Yohanes 12:31) Togbɔ be nyati si ƒe kadodo nàkpɔ le tanya sia te ɖe nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu me tsitotsito hã la, nyateƒenya eve aɖewo dze le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu míase nu si tae Mawu ɖe mɔ Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo ɖo la gɔme.

  1.   Ame ka gbɔe wòtso be Nazitɔwo tsrɔ̃ Yudatɔwo? Mawu gblɔ nu si wòdi tso amegbetɔ gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa si la na wo, gake mezii ɖe wo dzi o. Wotiae be yewo ŋutɔwo yewoaɖo nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ na yewo ɖokuiwo, eye nenema ko amegbetɔ bubuawo hã le ewɔm le ƒe gbogbo siwo kplɔe ɖo me. Woƒe nyametsotso gbegblẽ ma he nɔnɔme dziŋɔwo va ameƒomea katã dzi. (1 Mose 2:17; 3:6; Romatɔwo 5:12) Ðeko wòle abe ale si agbalẽ aɖe gblɔe ene be: “Fukpekpe siwo le xexea me ƒe akpa gãtɔ tso ale si mímewɔa tiatiawɔblɔɖe si wona mí la ŋu dɔ nyuie o gbɔ.” (Statement of Principles of Conservative Judaism) Mawu mexɔ tiatiawɔblɔɖe le mía si o, ke boŋ ɖe wòna ɣeyiɣi amegbetɔwo be woawo ŋutɔwo woakpɔ woƒe nyawo gbɔ le wo ɖokuiwo si ye Mawu manɔmee.

  2.   Mawu ate ŋu aɖɔ nu siwo Nazitɔwo gblẽ le Yudatɔwo ŋu la ɖo eye awɔe hã. Mawu do ŋugbe be yeafɔ ame miliɔn geɖe siwo ku la ɖe tsitre eye Yudatɔ siwo Nazitɔwo wu hã anɔ eme. Aɖe veve si ame siwo tsi agbe le Nazitɔwo ƒe ametsɔtsrɔ̃ ma me sena ne woɖo ŋku nu dziŋɔ siwo me woto dzi la hã ɖa. (Yesaya 65:17; Dɔwɔwɔwo 24:15) Lɔlɔ̃ si le Mawu si na amegbetɔƒomea nye kpeɖodzi be awɔ ɖe eƒe ŋugbedodo siawo dzi.—Yohanes 3:16.

 Ame siwo tsi agbe le Nazitɔwo ƒe ametsɔtsrɔ̃ ma me la dometɔ geɖe te ŋu va xɔ Mawu dzi se eye woƒe dzi dze eme le agbe me esi wova se nu si tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kpɔtɔ li kple tame si wòɖo be yeaɖɔ nu siwo vɔ̃ɖinyenye gblẽ le amewo ŋu la katã ɖo la gɔme.