Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Aleke Nàwɔ Ase Egɔme?

Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Aleke Nàwɔ Ase Egɔme?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ŋkɔ si le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia si le Helagbe me lae nye A·po·kaʹly·psis si gɔmee nye “Nukoklo le nu ŋu” alo “Nuɖeɖe ɖe go.” Esia ɖe gɔmesese si le ŋkɔ Nyaɖeɖefia ŋu la fia, elabe aklo nu le nya siwo le ɣaɣla la dzi eye wòaɖe nu siwo ava dzɔ le eŋɔŋlɔ megbe la ɖe go. Nyagblɔɖi siwo le eme dometɔ geɖe mekpɔ va eme o.

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nya veviwo

Nu vevi siwo akpe ɖe ŋuwò nàse Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme

  1.   Emenyawo ƒe gɔmesese ɖea vi na Mawu subɔlawo, menana be vɔvɔ̃ ɖoa wo alo ŋɔ dzia wo o. Togbɔ be ame geɖewo gblɔna be tsɔtsrɔ̃ ƒe nyawoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me hã la, le agbalẽa ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu la, wogblɔ be ame siwo xlẽa agbalẽ sia, sea emenyawo gɔme hewɔa wo dzi la akpɔ dzidzɔ.​—Nyaɖeɖefia 1:3; 22:7.

  2.   Wozã “dzesiwo,” alo kpɔɖeŋu geɖewo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, eye mele be míase wo gɔme be nenemae wole ŋutɔŋutɔ o.​—Nyaɖeɖefia 1:1.

  3.   Woƒo nu tso ame vevitɔwo, nu vevitɔwo kple dzesi siwo dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ŋu do ŋgɔ le Biblia ƒe akpa bubuwo:

  4.   Ŋutegaawo ku ɖe “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke” la ŋu, eye ŋkeke sia dze egɔme esime woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me eye Yesu zu Fia dze dziɖuɖu gɔme. (Nyaɖeɖefia 1:10) Eya ta esɔ be míakpɔ mɔ be nyagblɔɖi siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ƒe akpa gãtɔ nava eme le míaƒe ŋkekea me.

  5.   Ne míedi be míase Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gɔme la, míehiã nu siwo kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia ƒe akpa bubuwo gɔme la ke. Wo dometɔ aɖewoe nye nunya si tso Mawu gbɔ kple ame siwo se egɔme xoxo la ƒe kpekpeɖeŋu.​—Dɔwɔwɔwo 8:26-39; Yakobo 1:5.