Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Lã Wɔadã Si To Ta Adre Le Nyaɖeɖefia Ta 13 La Nye?

Nu Kae Lã Wɔadã Si To Ta Adre Le Nyaɖeɖefia Ta 13 La Nye?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Lã wɔadã si to ta adre si ŋuti woƒo nu le zi gbãtɔ le Nyaɖeɖefia 13:1 la nye xexea me katã ƒe dunyahenuɖoanyi la.

  •   Ŋutete, ŋusẽ kple fiazikpui le esi, esia ɖee fia be dunyahehe ƒe nuɖoanyie.​—Nyaɖeɖefia 13:2.

  •   Eɖua “to sia to kple ame ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ dzi,” eya ta ekeke ta wu dukɔ ɖekaɖekawo ko.​—Nyaɖeɖefia 13:7.

  •   Lã ene siwo ŋu woƒo nu tsoe le Daniel 7:​2-8 ƒe ŋutinuwo dze le eŋu, ele abe lãklẽ ene, eƒe afɔwo le abe sisiblisi tɔwo ene, eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene, eye dzo ewo le eta. Wogblɔ le lã siwo ŋuti woƒo nu tsoe le Daniel ƒe nyagblɔɖia me ŋu be wonye fiawo alo fiaɖuƒe siwo ɖu dzi kplɔ wo nɔewo ɖo. (Daniel 7:​17, 23) Eya ta lã wɔadã si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 13 la nye dunyahehabɔbɔ ƒokpli.

  •   Edo go “tso atsiaƒu me,” esia fia be etso amegbetɔƒomea me tɔ siwo nye agbodzelawo, siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo tsona la me.​—Nyaɖeɖefia 13:1; Yesaya 17:12, 13.

  •   Biblia gblɔ be lã wɔadã la ƒe xexlẽdzesi alo eƒe ŋkɔ​—666​—nye “ame ƒe xexlẽdzesi.” (Nyaɖeɖefia 13:17, 18) Nyagbɔgblɔ ma fia be lã wɔadã si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 13 la nye amegbetɔwo ƒe habɔbɔ, ke menye gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔe o.

 Togbɔ be dukɔwo ƒe nu mesɔna le nu geɖewo me o hã la, wowɔ ɖeka heɖoe kplikpaa be yewoakpɔ yewoƒe ŋusẽa ta eye wogbe be yewomabɔbɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒea te o. (Psalmo 2:2) Dukɔwo aƒo woƒe aʋakɔwo hã nu ƒu be yewoawɔ aʋa kple Mawu ƒe aʋakɔ si anɔ Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te la le Armagedon me, gake woatsrɔ̃ dukɔawo le aʋa sia me.​—Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:19, 20.

“Dzo ewo kple ta adre”

 Wozãa xexlẽdzesi aɖewo le kpɔɖeŋumɔ nu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, xexlẽdzesi siwo nye ewo kple adre fiaa blibonyenye. Nu vevi si akpe ɖe mía ŋu míase nu si tututu Nyaɖeɖefia ta 13 me lã wɔadã ƒe “dzo ewo kple ta adre” fia lae nye “lã wɔadã la ƒe legba” si ŋu wova ƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me​—ebiã helĩhelĩ eye ta adre kple dzo ewo li nɛ. (Nyaɖeɖefia 13:1, 14, 15; 17:3) Biblia gblɔ be lã wɔadã dzĩ sia ƒe ta adreawo le tsitre ɖi na “fia adre” alo dziɖuɖu adre.​—Nyaɖeɖefia 17:9, 10.

 Nenema ke lã wɔadã si to ta adre si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 13:1 la hã le tsitre ɖi na dziɖuɖu adre. Wonye fiaɖuƒe vevitɔ siwo ɖu dzi le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me eye woxɔ ŋgɔ le Mawu ƒe amewo tete ɖe anyi me. Woawoe nye Egipte, Asiria, Babilon, Medo-Persia, Hela, Roma kple Anglo-Amerika. Ne míeƒo nya ta be dzo ewoawo le tsitre ɖi na dziɖuɖu nɔɖokuisiwo katã, gãwo kple sueawo siaa la, ekema fiakuku siwo le dzoawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ɖee fia be dukɔawo dometɔ ɖe sia ɖe kple fiaɖuƒe vevitɔ si le woƒe ɣeyiɣia me la ɖua dzi le ɣeyiɣi ɖeka me.