Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Wòsɔ Be Woaɖe Srɔ̃ Geɖea?

Ðe Wòsɔ Be Woaɖe Srɔ̃ Geɖea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɣeaɖeɣi va yi la, Mawu ɖe mɔ na ŋutsuwo woɖe srɔ̃ geɖe. (1 Mose 4:19; 16:1-4; 29:18-29) Gake menye Mawue ɖo srɔ̃ geɖe ɖeɖe anyi o. Nyɔnu ɖeka ko wòwɔ na Adam.

 Mawu na Yesu Kristo gbugbɔ eƒe ɖoɖo si wòwɔ le gɔmedzedzea me be ŋutsu naɖe srɔ̃ ɖeka la ɖo anyi. (Yohanes 8:28) Esi wobia nya Yesu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu la, egblɔ be: “Ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka.’”—Mateo 19:4, 5.

 Emegbe la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖe wòŋlɔ bena: “Srɔ̃ nanɔ ŋutsu sia ŋutsu si, eye srɔ̃ nanɔ nyɔnu sia nyɔnu si.” (1 Korintotɔwo 7:2) Biblia gblɔ hã be ŋutsu srɔ̃tɔ ɖe sia ɖe si woade hamedɔ tɔxɛ aɖe asi na le Kristo-hamea me la nanye “nyɔnu ɖeka srɔ̃.”—1 Timoteo 3:2, 12.