Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Biblia Gblɔ Tso Tiatiawɔblɔɖe Ŋu? Ðe Mawu Ðo Ame Si Nàva Zu Le Etsɔme Ðia?

Nu Kae Biblia Gblɔ Tso Tiatiawɔblɔɖe Ŋu? Ðe Mawu Ðo Ame Si Nàva Zu Le Etsɔme Ðia?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Mawu de bubu mía ŋu hena tiatiawɔblɔɖe mí. Tiatiawɔblɔɖe nye ablɔɖe si Mawu na mí be míawo ŋutɔwo míatso nya me ke menye be Mawu alo dzɔgbese naɖo ale si míava nɔ agbee la ɖi na mí o. Bu Biblia ƒe nufiafia siawo ŋu kpɔ.

  •   Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe eƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:26) Mía Wɔla wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu le mɔ sia nu be ŋutete le mía si míeɖea eƒe nɔnɔmewo, abe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔnyenye ene fiana. Míele abe lãwo ene o elabena lãwo ya wɔa nu ɖe woƒe lãmenusese ko nu. Eye abe mía Wɔla ene la, tiatiawɔblɔɖe le mía si.

  •   Mía ŋutɔwo míate ŋu awɔ akpa gã aɖe le ale si nuwo ava nɔ na mí le etsɔme la me. Biblia de dzi ƒo na mí be ‘mitia agbe eye miɖo to Mawu ƒe gbe,’ si fia be míalɔ̃ be míawɔ eƒe sewo dzi. (5 Mose 30:19, 20) Nya sia anye dzodzro kple tagbɔsesẽ le ame ŋu ne ŋutete mele mía si be míate ŋu atia nu si míawɔ la o. Le esi Mawu nazi nu si wòdi la ɖe mía dzi teƒe la, ɖe wòkpe mí lɔlɔ̃tɔe hegblɔ be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene.”—Yesaya 48:18.

  •   Menye dzɔgbese aɖekee kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ alo kpododonu dzi o. Ne míedi be míakpɔ dzidzedze le míaƒe agbagbadzedzewo me la, ke ele be míawɔ dɔ sesĩe. Biblia gblɔ be: “Nu sia nu si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ.” (Nyagblɔla 9:10) Egblɔ hã be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.”—Lododowo 21:5.

 Nunana xɔasie tiatiawɔblɔɖe nye Mawu na mí, elabena esia nana míelɔ̃nɛ kple míaƒe “dzi blibo,” le esi míetiae be míalɔ̃e ta.—Mateo 22:37.

Ðe Mawu kpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu dzia?

 Biblia fia nu be Mawue nye Ŋusẽkatãtɔ, si fia be ame aɖeke ƒe ŋusẽ megbɔ etɔ nu o. (Hiob 37:23; Yesaya 40:26) Gake mezãa eƒe ŋusẽa tsɔ kpɔa ŋusẽ ɖe nu sia nu dzi o. Le kpɔɖeŋu me, esi Mawu nɔ nu wɔm kple blema Babilontɔ siwo nye eƒe amewo ƒe futɔwo la, egblɔ be “mezi ɖokuinye dzi.” (Yesaya 42:14) Nenema kee egbea hã, Mawu zi eɖokui dzi heɖe mɔ amewo le woƒe tiatiawɔblɔɖea zãm tsɔ le nu gblẽm le ame bubuwo ŋu. Gake Mawu mazi eɖokui dzi ɖaa o.— Psalmo 37:10, 11.