Dzo kpo yi emenuwo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | YONATAN

‘Naneke Mexea Mɔ Na Yehowa O’

‘Naneke Mexea Mɔ Na Yehowa O’

Kpɔe ɖaa le susu me be asrafo siwo nye dzɔlawo la le wo nɔƒe le nuto si nye kpenyigba dzekpodzeʋe la kpɔm esime yame xɔ dzo. Filistitɔwo ƒe asrafo siwo wotsɔ ɖo afi ma la de dzesi nane si he woƒe susu: Ŋutsu eve siwo nye Israel-viwo la tɔ ɖe balia me le adzɔge ɖaa nɔ dzedzem gaglãa. Esia wɔ nuku na asrafoawo, elabe wosusu be ame eve mawo mate ŋu awɔ naneke yewo o. Ɣeyiɣi didi aɖee nye ema Filistitɔwo kpe Israel-viwo dzi ale gbegbe be wometea ŋu nyrea woawo ŋutɔwo ƒe agblenuwo gɔ̃ hã o, negbe ɖe woyi woƒe futɔ siwo nye Filistitɔwo la gbɔ. Eya ta le aʋawɔnuwo gome la, nuwo mede Israel-srafowo dzi kura o. Tsɔ kpe ɖe ŋu la, wo ame eve koe! Ne wonye aʋakalẽtɔ siwo bla aʋakpa gɔ̃ hã la, nu ka gɔ̃e woate ŋu awɔ? Filistitɔwo ɖe alɔme le wo ŋu gblɔ bena: “Miva kpe kpli mí, ne míafia nane mi!”—1 Samuel 13:19-23; 14:11, 12.

Le nyateƒe me la, wole nane fia ge ame aɖewo ya, gake Filistitɔwoe woafia nui, ke menye Israel-viawo o. Israel-vi eveawo ƒu du to balia me, eye wote agakpea lialia. Agakpea ɖi abu ale gbegbe be ɖe wota asi kple afɔ kabakaba heɖo ta afi si dzɔlawo nɔ! (1 Samuel 14:13) Filistitɔwo de dzesii azɔ be aʋawɔnuwo nɔ ŋutsu si nɔ ŋgɔ la si eye eƒe adekplɔvia le eyome. Gake ɖe wòfia be enɔ ŋgɔ xɔm na eƒe adekplɔvia be wo ame evea ɖeɖe woadze asrafoha blibo dzia? Tsu kumee wònɔa?

Menye tsu kumee wònɔ o; enye ŋutsu si si xɔse sẽŋu le. Eŋkɔe nye Yonatan, eye eƒe ŋutinyaa gaɖea vi egbea eye nufiamewo le eme na Kristotɔ vavãwo. Togbɔ be míegawɔa aʋa ŋutɔŋutɔ o hã la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Yonatan gbɔ ku ɖe dzinɔameƒo, nuteƒewɔwɔ kple ɖokuitsɔtsɔna si míehiã ale be míatu xɔse akuakua ɖo la ŋu.—Yesaya 2:4; Mateo 26:51, 52.

Enye Vi Wɔnuteƒe Kple Asrafo Si Ƒo Dzi Nɔ

Be míase nu si tae Yonatan ho aʋa ɖe dzɔlawo ŋu gɔme la, ele be míalé ŋku ɖe ame si wònye la ŋu. Yonatan nye Israel fia gbãtɔ, Saul, ƒe ŋgɔgbevi. Esi wosi ami na Saul be wòazu fia la, Yonatan nye vi tsitsi xoxo, axɔ abe ƒe 20 alo esi wu ema gɔ̃ hã. Edze ƒãa be kadodo kplikplikpli nɔ Yonatan kple tɔa, Saul dome, eye Saul ɖea susu kplii le nyawo ŋu. Le ɣeyiɣi mawo me la, menye ɖeko Yonatan nya tɔa be enye ŋutsu kɔkɔ dzeɖekɛ kple aʋakalẽtɔ o, ke enya nu bubu si nɔ vevie sãsãsã wu la hã le eŋu—enyae be enye ŋutsu si si xɔse nɔ si bɔbɔa eɖokui. Yonatan se nu si tae Yehowa tia Saul be wòanye fia ɖo la gɔme. Nyagblɔɖila Samuel gɔ̃ hã gblɔ be ame aɖeke mede enu le anyigba la dzi o!—1 Samuel 9:1, 2, 21; 10:20-24; 20:2.

Anɔ eme be Yonatan se le eɖokui me be bubue wònye na ye be yeakpe asi ɖe ye tɔ ŋu be yewoawɔ aʋa kple Yehowa ƒe amewo ƒe futɔwo. Aʋa mawo mele abe esiwo wowɔna egbea le dulɔlɔ̃ ta la ene o. Ɣemaɣi la, Yehowa tia Israel-viwo be woanye ye teƒenɔlawo, eye enuenu la, dukɔ siwo subɔa alakpamawuwo la va nɔa wo dzi dzem. Filistitɔawo, siwo tsɔ mawuwo abe Dagon ene subɔsubɔ ƒo ɖi wo ɖokuiwo la, dzea agbagba zi geɖe be yewoate Yehowa ƒe dukɔ tiatia la ɖe anyi, alo atsrɔ̃ wo gɔ̃ hã.

Eya ta le ŋutsuwo abe Yonatan ene gome la, aʋawɔwɔ nye Yehowa Mawu subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe akpa aɖe. Eye Yehowa yra ɖe Yonatan ƒe agbagbadzedzewo dzi. Esi Saul zu fia megbe kpuie la, etsɔ via Yonatan ɖo asrafo 1,000 nu, eye enɔ ŋgɔ na wo wodze Filistitɔwo ƒe asrafoha aɖe dzi le Geba. Togbɔ be aʋawɔnu boo aɖeke menɔ ŋutsuawo si o hã la, le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Yonatan ɖu aʋa la dzi. Le esia ta Filistitɔwo hã kplɔ aʋakɔ gã aɖe ho ɖe Israel-viwo ŋu. Ŋɔdzi lé Saul ƒe asrafowo dometɔ geɖe. Wo dometɔ aɖewo si yi ɖabe, eye wo dometɔ ʋɛ aɖewo yi ɖade Filistitɔwo dzi gɔ̃ hã! Gake dzi gakpɔtɔ nɔ Yonatan ya ƒo.—1 Samuel 13:2-7; 14:21.

Le ŋkeke si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea dzi la, Yonatan meklã hafi kplɔ eƒe adekplɔvia ɖe eɖokui ŋu wodzo o. Esime Yonatan kple eƒe adekplɔvia nɔ Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gogom le Mikmas la, eɖe susu si nɔ esi la gblɔ na eƒe adekplɔvia. Eyae nye be woaɖe wo ɖokui afia Filistitɔwo ƒe asrafo siwo nɔ dzigbe gome la. Ne Filistitɔwo tɔ gbe wo ame evea be woava kpe kpli yewo la, esia anye dzesi be Yehowa akpe ɖe eƒe subɔlawo ŋu. Eƒe adekplɔvia lɔ̃ enumake, eye anɔ eme be Yonatan ƒe nya wɔdɔɖeamedzi siawoe ʋãe. Egblɔ nɛ be: “Naneke mexea mɔ na Yehowa, be wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋɛ axɔ na ame o.” (1 Samuel 14:6-10) Nu kae eƒe nya siawo fia?

Edze kɔtɛ be Yonatan dze si eƒe Mawu la nyuie. Ðikeke mele eme o be enyae be Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu woɖu futɔ siwo sɔ gbɔ wu wo sãsãsã la dzi va yi. Ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la, Yehowa to ame ɖeka pɛ dzi na eƒe amewo ɖu aʋa dzi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:31; 4:1-23; 16:23-30) Eya ta Yonatan nyae be menye Mawu subɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ alo woƒe ŋusẽ alo aʋawɔnuwoe nye nu vevitɔ o, ke boŋ woƒe xɔse ye. Eya ta Yonatan wɔ nu le xɔse me, ena Yehowa fia mɔ wo ale be yewoanya nenye be ye kple yeƒe adekplɔvia yewoaho ɖe dzɔla mawo ŋu; eya ta etia dzesi si dzi woato anya nenye be Yehowa da asi ɖe edzi. Esi wòkpɔe be Yehowa da asi ɖe edzi ko la, eho ɖe futɔawo ŋu vɔvɔ̃manɔmee.

De dzesi nu eve siwo ɖe dzesi le Yonatan ƒe xɔse ŋu. Gbãtɔe nye be edea bubu deto eƒe Mawu, Yehowa ŋu. Enyae be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la meɖoa ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe ŋusẽ ŋu be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme o, ke hã edzɔa dzi na Yehowa be yeayra amegbetɔ wɔnuteƒe siwo subɔnɛ. (2 Kronika 16:9) Evelia, Yonatan di be yeakpɔ kpeɖodzi be Yehowa da asi ɖe yeƒe susua dzi hafi yeaɖe afɔ. Egbea, míekpɔa mɔ be míakpɔ dzesi wɔnuku aɖe tso mía Mawu gbɔ hafi míanya nenye be eda asi ɖe afɔ aɖe si míedi be míaɖe la dzi o. Esi Mawu ƒe Nya, si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la katã le mía si ta la, nu sia nu si míehiã be míanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la le mía si. (2 Timoteo 3:16, 17) Ðe míedzroa Biblia me nyuie hafi tsoa nya me le nu veviwo ŋua? Ne nenemae la, ke míele eɖem fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nɔa vevie na mí wu míawo ŋutɔwo tɔ, abe ale si wònɔ le Yonatan gome ene.

Eya ta ŋutsu eveawo, aʋakalẽtɔ la kple eƒe adekplɔvia, wolia kpe glidzaglidzaa afɔtsɔtsɔe heɖo ta dzɔlawo gbɔ. Esi Filistitɔwo de dzesii azɔ be woho aʋa ɖe yewo ŋu la, woɖo amewo ɖa be woakpe kple ŋutsu eve siwo va wo dzi dze ge la. Menye ɖeko Filistitɔwo sɔ gbɔ wu ko o, ke wonɔ kɔkɔƒe hã, eya ta ɖe wòle be woakpe amedzidzela eveawo dzi bɔbɔe hafi. Gake Yonatan nɔ asrafoawo ƒom ƒu anyi. Eye eƒe adekplɔvia nɔ wo wum le eyome. Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, ŋutsu eveawo wu futɔ 20 sɔŋ! Eye Yehowa gawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Biblia gblɔ be: “Ŋɔdzi lé Filistitɔ siwo le asaɖa la me le gbea dzi kple dzɔlawo katã, dzidzi ƒo nuhalawo gɔ̃ hã. Anyigba nɔ ʋuʋum eye ŋɔdzi tso Mawu gbɔ lé wo.”—1 Samuel 14:15.

Yonatan nɔ ŋgɔ na eƒe adekplɔvia wo ame evea ɖeɖe ho aʋa ɖe futɔ asrafoha siwo bla aʋakpa la ŋu

Saul kple eŋumewo nɔ adzɔge kpɔe be zitɔtɔ gã ɖo Filistitɔwo dome eye ŋɔdzi lé wo, eye Filistitɔawo trɔ ɖe wo nɔewo ŋu! (1 Samuel 14:16, 20) Dzi ɖo Israel-viwo ƒo eye woho aʋa ɖe wo ŋu. Anɔ eme be Filistitɔ siwo tsi yi nu la ƒe aʋawɔnuwoe wozã. Yehowa na aʋadziɖuɖu gã aɖe eƒe amewo gbe ma gbe. Eye tso esime nu wɔdɔɖeamedzi mawo dzɔ va de asi na egbea la, Yehowa metrɔ o. Egbea, ne míawo hã míewɔ nu le xɔse me abe ale si Yonatan kple eƒe adekplɔvia, si ŋkɔ Biblia meyɔ o, wɔe ene la, mave mí akpɔ gbeɖe o.—Malaki 3:6; Romatɔwo 10:11.

“Mawue Kpe Ðe Eŋu Wòwɔ Dɔ Sia”

Aʋadziɖuɖu ma meva yi na Saul nyuie abe ale si wònɔ le Yonatan gome ene o. Do ŋgɔ la, Saul da vo gã aɖewo. Meɖo to Yehowa ƒe nyagblɔɖila Samuel si nye Lewitɔ la o, eye wòsa vɔ si wòle be nyagblɔɖilaa boŋ nasa. Esi Samuel va ɖo la, egblɔ na Saul be le eƒe tomaɖomaɖoa ta la, eƒe fiaɖuƒea mali ke o. Azɔ esi Saul kple eƒe amewo yi aʋa la, gbã la, eka atam aɖe si me susu mele o. Egblɔ na ameawo be: “Ne ame aɖe aɖu nu hafi fiẽ naɖo, esime nyemebia hlɔ̃ nye futɔwo vɔ haɖe o la, aɖi amea ŋu kpékpekpe!”—1 Samuel 13:10-14; 14:24.

Saul ƒe nya mawo ɖee fia be eƒe nɔnɔme va nɔ gbegblẽm ɖe edzi. Ðe ŋutsu ɖokuibɔbɔla sia si vɔ̃a Mawu tsã la va le dadala si dia bubu dzodzro zuma? Yehowa megblɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be woada mɔxenu manyatalenu ma ɖe asrafo kalẽtɔ mawo siwo nɔ kutri kum la dzi o. Eye ɖe wòanye be nya siwo Saul gblɔ be va se ɖe “esime nyemebia hlɔ̃ nye futɔwo vɔ haɖe o” la fia be esusu be aʋaa nye ye tɔa? Ðe Saul ŋlɔ be be Yehowa ƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ tae wole aʋaa wɔm ɖo, ke menye le esi yedi vevie be yeabia hlɔ̃, woade bubu ye ŋu alo yeaɖu aʋa dzi tae oa?

Yonatan menya naneke tso atam gbegblẽ ma si tɔa ka la ŋu o. Esi aʋawɔwɔa te ɖeɖi eŋu ta la, etsɔ eƒe atikplɔa tɔ anyiɖaɖa aɖe me hetsɔe de nu me eye wòse le eɖokui me enumake be ŋusẽ gaɖo ye ŋu. Eyome eƒe aʋawɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ atam si tɔa ka be womegaɖu nu o la nɛ. Ale Yonatan gblɔ be: “Fofonye he vɔ̃ gã aɖe va anyigba la dzi. Mikpɔ ale si nye mo kɔ esi mede anyitsi vi sia nu mee ɖa. Ne ɖe ameawo ɖu woƒe futɔwo ƒe aboyonu siwo wokpɔ la ƒe ɖe egbea la, anye ne míesi wo wu alea hafi! Elabena Filistitɔ siwo míewu la mesɔ gbɔ o.” (1 Samuel 14:25-30) Nyateƒee wòto. Yonatan wɔa nuteƒe na tɔa, gake eda sɔ le nuteƒewɔwɔ nɛ me. Medea tɔa dzi le nu sia nu si wòwɔna alo gblɔna la me nuŋumabumabui o, eye eƒe dadasɔ sia wɔe be amewo dea bubu eŋu.

Esi Saul va nya be Yonatan mewɔ atam si yeka la dzi o gɔ̃ hã la, mede dzesii be susu menɔ se ma si yede la me o. Eganɔ sesem le eɖokui me kokoko be ye via dze na ku! Yonatan meʋli nya kplii alo ɖe kuku be wòakpɔ nublanui na ye o. De dzesi nya wɔdɔɖeamedzi si wògblɔ. Etsɔ eɖokui na faa gblɔ be: “Nyee nye esi! Maku faa!” Ke hã Israel-viwo ʋli eta gblɔ be: “Yonatan, ame si he dziɖuɖu gã sia vɛ na Israel la nakua? Gbeɖe! Zi ale si Yehowa le agbe la, eƒe taɖa ɖeka hɔ̃ hã mage ɖe anyigba o, elabena Mawue kpe ɖe eŋu wòwɔ dɔ sia egbea.” Nu kae do tso eme? Saul va se nu gɔme azɔ. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ale dukɔ la xɔ Yonatan ɖe agbe, be meku o.”—1 Samuel 14:43-45.

“Nyee nye esi! Maku faa!”

Dzinɔameƒo, kutrikuku kple ɖokuitsɔtsɔna faa si Yonatan ɖe fia la na wòwɔ ŋkɔ nyui na eɖokui. Esi eƒe agbe ɖo afɔku me la, ŋkɔ nyui si wòwɔ na eɖokui la xɔe ɖe agbe. Anyo ŋutɔ be míade ŋugble le ŋkɔ si wɔm míele na mía ɖokui gbe sia gbe la ŋu. Biblia gblɔ na mí be asixɔxɔ gã le ŋkɔ nyui ŋu. (Nyagblɔla 7:1) Ne míawo hã míewɔa nu abe Yonatan ene hedzea agbagba be míawɔ ŋkɔ nyui le Yehowa gbɔ la, ŋkɔ si míawɔ na mía ɖokui la anye kesinɔnu gã aɖe na mí.

Saul Ƒe Nɔnɔme Gagblẽ Ðe Edzi

Togbɔ be Saul da vowo hã la, Yonatan yi edzi kpe asi ɖe aʋa siwo tɔa wɔ la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe. Míate ŋu akpɔ ale si gbegbe wòate ɖe edzii esi wòkpɔ ale si tomaɖomaɖo kple dadagbɔgbɔ va nɔ gã dom ɖe edzi le tɔa mee. Tɔa ƒe nɔnɔme va nɔ gbegblẽm ɖe edzi eye Yonatan meganya nu si wòawɔ atsɔ akpe ɖe eŋu o.

Kuxia va ɖo eƒe sesẽaƒe esi Yehowa de dɔ asi na Saul be wòaho aʋa ɖe Amalekitɔwo ŋu; Amalekitɔwo vɔ̃ɖi ale gbegbe be le Mose ŋɔli ke la, Yehowa gblɔe ɖi be woatsrɔ̃ dukɔ bliboa. (2 Mose 17:14) Wogblɔ na Saul be wòatsrɔ̃ woƒe lãhawo katã eye wòawu woƒe fia Agag. Saul ɖu aʋa la dzi eye ɖikeke mele eme o be Yonatan gawɔ nu dzinɔameƒotɔe kpe asi ɖe tɔa ŋu abe ale si wòwɔnɛ xoxo ene. Gake Saul do toku Yehowa ƒe mɔfiamea, mewu Agag o eye metsrɔ̃ dukɔa ƒe nunɔamesiwo kple woƒe lãhawo o. Nyagblɔɖila Samuel gblɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi mamlɛa na Saul ale: “Esi nègbe Yehowa ƒe nya ta la, eya hã gbe wò be màgaɖu fia o.”—1 Samuel 15:2, 3, 9, 10, 23.

Esia megbe kpuie la, Yehowa ɖe eƒe gbɔgbɔ ɖa le Saul dzi. Esi Yehowa meganɔ kpekpem ɖe Saul ŋu lɔlɔ̃tɔe o ta la, eva nɔa nu wɔm tramatrama, edoa dziku helĩhelĩ eye ŋɔdzi lénɛ. Ðeko wòle abe ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe tso Mawu gbɔ va xɔ ɖe gbɔgbɔ nyui si nɔ edzi tsã la teƒe ene. (1 Samuel 16:14; 18:10-12) Aleke gbegbe wòate ɖe Yonatan dzie nye esi esi wòkpɔ ale si tɔa si ŋu bubu nɔ tsã la ƒe nɔnɔme va gblẽ nenema gbegbe! Ke hã Yonatan yi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. Ekpea asi ɖe tɔa ŋu ale si wòate ŋui eye egbea nya nɛ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã, gake eyi edzi ku ɖe eƒe Mawu kple Fofoa, Yehowa, ame si metrɔna o la ŋu.—1 Samuel 19:4, 5.

Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be ame aɖe si nèlɔ̃, ɖewohĩ wò ƒometɔ kplikplikpli aɖe, ƒe nɔnɔme va trɔ bubui kura eye wòva le nu gbegblẽ wɔma? Esia ate ŋu anye vevesese gã aɖe na wò. Yonatan ƒe kpɔɖeŋua ɖoa ŋku nya aɖe si hakpalaa va ŋlɔ emegbe la dzi na mí; egblɔ be: “Ne fofonye kple danye gblẽm ɖi hã la, Yehowa ya axɔm.” (Psalmo 27:10) Yehowa wɔa nuteƒe. Axɔ wò eye anye Fofo nyuitɔ kekeake na wò, eɖanye nu ka kee amegbetɔ madeblibowo awɔ wòate ɖe dziwò alo agbã dzi na wò o.

Anɔ eme be Yonatan va se be Yehowa ɖoe be yeaxɔ fianyenyea le Saul si. Aleke Yonatan wɔ nui? Ðe wòbu eŋu kpɔ be dziɖula ka ƒomevie ye ya yeava nyea? Ðe wònɔ mɔ kpɔm be yeava ɖɔ vodada siwo ye tɔ wɔ la dometɔ aɖewo ɖo ahanye fia kpɔɖeŋu nyui ɖola si wɔa nuteƒe heɖoa to Mawua? Míenya eƒe dzimesusuwo ya o; nu si míenya koe nye be ne esusu nu mawo gɔ̃ hã la, mɔkpɔkpɔ mawo mava eme gbeɖe o. Ðe esia fia be Yehowa gblẽ nuteƒewɔla ma ɖia? Ao, ke boŋ eto Yonatan ƒe ŋutinya aɖe dzi na míekpɔ xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o la ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ siwo le Biblia bliboa me la dometɔ ɖeka! Míalé ŋku xɔlɔ̃wɔwɔ ma ŋu le nyati bubu aɖe si aku ɖe Yonatan ŋu la me.