Dzo kpo yi emenuwo dzi

Srɔ̃ Woƒe Xɔse—Ŋutsu Kple Nyɔnu Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe

Tso Xexea Wɔwɔ Dzi Va De Asi Na Tsiɖɔɖɔa

Habel​—“Togbɔ Be Eku Hã La, Egale Nu Ƒom”

Esi wònye nya ʋɛ aɖewo koe wogblɔ tso Habel ŋu le Biblia me ɖe, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eyama kple eƒe xɔse ŋu?

Enok—“Eƒe Nu Dze Mawu Ŋu Nyuie”

Ne èle ƒome dzi kpɔm alo ètɔ afɔ to be yeawɔ nu dzɔdzɔe la, àte ŋu asrɔ̃ Enok ƒe xɔse.

Noa ‘Zɔ Kple Mawu Vavã La’

Kuxi kawoe Noa kple srɔ̃a do goe le wo viwo hehe me? Nu ka tae aɖakaʋua kpakpa bia be xɔse nanɔ Noa si?

Wokpɔ Eya Kple “Ame Adre Bubuwo” Ta

Aleke Noa kple eƒe ƒomea wɔ tsi agbe le ɣeyiɣi sia si do blukɔ wu le ameƒomea ƒe ŋutinya me la me?

Tso Tsiɖɔɖɔa Dzi Va De Asi Na Ʋuʋu Le Egipte

Abram—‘Ame Siwo Katã Si Xɔse Le La Fofo’

Aleke Abram ɖee fia be yexɔ Mawu dzi se? Mɔ kawo nue nàdi be yeasrɔ̃ Abram ƒe xɔse le?

Sara: “Nyɔnu Dzetugbee Nènye”

Le Egipte la, Farao ŋu mewo de dzesii be Sara dze tugbe ŋutɔ. Nu si dzɔ kplɔe ɖo la awɔ nuku na wò.

Mawu Yɔe Be “Fiavinyɔnu”

Nu ka tae ŋkɔ yeye sia sɔ na Sara?

Rebeka Gblɔ Be: “Ɛ̃, Mayi”

Menye xɔse koe nɔ Rebeka si o, ke boŋ eɖe nɔnɔme nyui ɖedzesi geɖewo hã fia.

“Miɖo To, Ne Miase Drɔ̃e” Sia

Kuxi siwo ɖe fu na Yosef ƒe ƒomea la zu nufiame vevi aɖe na ƒome siwo me atikɔmeviwo le egbea.

“Aleke Gɔ̃ Mawɔ Vɔ̃ Gã Sia?”

Aleke Yosef wɔ nɔ te ɖe agbagba si Potifar srɔ̃ dze vevie be yeable enu la nu?

“Alo Drɔ̃e Gɔmeɖeɖe La Menye Mawu Tɔe Oa?”

Nu kae kpe ɖe Yosef ŋu wòɖe drɔ̃e siwo Egiptetɔwo ƒe ahakulawo ƒe amegã, abolomelawo ƒe amegã, kple Farao siaa ku la gɔme na wo dzinɔameƒotɔe? Aleke wòdzɔe be le ŋkeke ɖeka pɛ ko dzi la, woɖe Yosef le gaxɔ me eye wòva zu bubume le fiasã me?

“Mawu Teƒee Melea?”

Ne ŋuʋaʋã, nugbeɖoɖo, alo fuléle gblẽ miaƒe ƒomea ƒe ŋutifafa me kpɔ la, Yosef ƒe ŋutinya si le Biblia me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò.

Hiob—‘Nyemaɖe Asi Le Nye Fɔmaɖimaɖi Ŋu O!’

Aleke Hiob ƒe ŋutinya si le Biblia me la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom, ne nya vɔ̃wo dzɔ ɖe mía dzi, alo xɔse ƒe dodokpɔ bubuwo va mía dzi?

Hiob—Yehowa Ðe Eƒe Vevesesewo Ða

Ne míewɔ nuteƒe abe ale si Hiob wɔ nuteƒe ene la, míana dzi naku Satana vevie gake míana Yehowa, ame si lɔ̃ mí, ya nakpɔ dzidzɔ ale gbegbe!

Ʋuʋu Le Egipte Va De Asi Na Israel Fia Gbãtɔ

Wobu Raxab ‘Ame Dzɔdzɔe To Dɔwɔwɔwo Me’

Aleke Raxab ƒe ŋutinyaa ɖee fia be Yehowa dea asixɔxɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu? Aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe xɔse?

“Metso Abe Vidada Ene Le Israel”

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Debora ƒe ŋutinya si le Biblia me la me tso xɔse kple dzideƒo ŋu?

Rut​—“Afi Si Nàyi La, Afi Ma Mayi”

Nu ka tae Rut lɔ̃ faa ʋu le eƒe ƒometɔwo gbɔ kple wo denyigbaa dzi? Nɔnɔme nyui kae wòɖe fia si na Yehowa melɔ̃ nu le egbɔ o?

Rut​—Enye “Nyɔnu Zãzɛ”

Nu ka tae wònɔ vevie be Rut kple Boas naɖe wo nɔewo? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Rut kple Naomi gbɔ ku ɖe nu si ƒome nye ŋu?

Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa

Ale si Xana xɔ Yehowa dzi se la kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ si ŋu wòdze abe mate ŋu awɔ naneke le o ene la nu.

Samuel ‘Nɔ Tsitsim Le Yehowa Gbɔ’

Nu ka tae Samuel ƒe ɖevime menɔ abe ɖevi bubuwo tɔ ene o? Nu kae do ŋusẽ Samuel ƒe xɔse esime wònɔ avɔgbadɔa me?

Dzigbãnyawo Tu Samuel, Gake Edo Dzi

Nɔnɔme sesẽwo kple dzigbãnyawo tua mía dometɔ ɖe sia ɖe eye wodoa míaƒe xɔse kpɔna. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Samuel ƒe dzidodoa me?

Tso Israel Fia Gbãtɔ Dzi Va De Asi Na Yesu Dziɣi

Yonatan​—‘Naneke Mexea Mɔ Na Yehowa O’

Yonatan nɔ ŋgɔ na eƒe adekplɔvia wo ame evea ɖeɖe ho aʋa ɖe futɔ asrafoha siwo bla aʋakpa la ŋu, eye esia he aʋadziɖuɖu gã aɖe vɛ.

“Yehowa Tɔe Nye Aʋa La”

Nu kae na David te ŋu wu Goliat? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso David ƒe ŋutinyaa me?

David Kple Yonatan—‘Woƒe Nu Lé Dzi Na Wo Nɔewo’

Aleke wòdzɔe be ame eve siwo tsi le nɔnɔme vovovowo me eye ame ɖeka tsi wu nɔvia boo la va zu xɔlɔ̃ kplikplikpli siwo dome tsi metona o? Aleke woƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze xɔlɔ̃ nyuiwo egbea?

Abigail Wɔ Nu Le Aɖaŋudzedze Me

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si atsuƒe sesẽ na Abigail la me?

Eliya Ʋli Tadedeagu Dzadzɛa Ta

Aleke míate ŋu asrɔ̃ Eliya ne míele nu me dzrom kple ame siwo melɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi o?

Eliya Nɔ Ŋudzɔ, Eye Wòlala

Aleke Eliya do vevie gbedodoɖa esime wònɔ Yehowa si nu kpɔm be wòawɔ eƒe ŋugbedodoa dzi?

Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ

Nudzɔdzɔ kawoe wɔe be dzi va ɖe le Eliya ƒo ale gbegbe be wòbia gɔ̃ hã be yeaku?

Eliya kpɔ Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Teƒe Gake Edo Dzi

Ðe wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò kpɔa? Èle mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa? Xlẽ nu tso ale si nàte ŋu asrɔ̃ nuteƒewɔla Eliyae ŋu.

Eliya—Edo Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

Dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe ƒe kpɔɖeŋu si Eliya ɖo la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado ŋusẽ míaƒe xɔse le ɣeyiɣi sesẽwo me.

Yona Srɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me

Àte ŋu ase nu si tae Yona nɔ vɔvɔ̃m be yeayi dɔa gbe la gɔme nɛa? Eƒe ŋutinyaa fia nu vevi aɖewo mí tso Yehowa ƒe dzigbɔɖi kple nublanuikpɔkpɔ ŋu.

Yona Srɔ̃ Nublanuikpɔkpɔ

Aleke Yona ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me anukwaretɔe?

Ester Ʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

Ebia xɔse kple dzinɔameƒo be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia abe ale si Ester wɔe ene.

Ester Dze Nunya, Dzi Nɔ Eƒo, Eye Medi Eɖokui Tɔ O

Aleke Ester wɔ nu ɖokuitɔmadimaditɔe le Yehowa kple eƒe amewo ta?

Tso Yesu Dziɣi Va De Asi Na Apostoloawo Ƒe Kuku

Maria​—‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’

Esi mawudɔla Gabriel ƒo nu kple Maria la, nu kae Maria ƒe nuwɔna ɖe fia le eƒe xɔse ŋu? Nɔnɔme nyui bubu kawo hãe wòɖe fia?

Maria Nɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”

Nu siwo teƒe Maria kpɔ la na wògaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi geɖe wu.

Maria Do Dzi Le Vevesese Si Le Abe Yi Tɔame Ene La Me

Kpɔɖeŋu si Maria, Yesu dada, ɖo ɖi la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle veve sem abe “yi legbe” ye woƒo ɖe wò ene.

Yosef Kpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu

Mɔ kawo nue Yosef kpɔ eƒe ƒomea ta le? Nu ka tae wòkplɔ Maria kple Yesu yi Egipte ɖo?

Marta​—“Mexɔe Se”

Esime Marta nɔ nu xam la, aleke wòɖee fia be xɔse sẽŋu le ye si?

Maria Magdalatɔ La—“Mekpɔ Aƒetɔ La!”

Mɔnukpɔkpɔ su nyɔnu nuteƒewɔla sia si be wòagblɔ nya nyui aɖe na ame bubuwo.

Petro Dze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi

Ðikeke tea ŋu ɖua ame dzi, wògblẽa nu ŋutɔ. Gake Petro te ŋu ɖu vɔvɔ̃ kple ɖikeke si nɔ eme la dzi hezu Yesu yomedzela.

Petro Wɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo Me

Aleke Petro ƒe xɔse kple eƒe nuteƒewɔwɔ kpe ɖe eŋu be wòlɔ̃ Yesu ɖɔe ɖo?

Petro Srɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ

Aleke Yesu fia tsɔtsɔke Petroe? Aleke Yesu ɖee fia be yetsɔ ke Petro?

“Vinye Lɔlɔ̃a Kple Nuteƒewɔla Le Aƒetɔ La Me”

Nu kae kpe ɖe ɖekakpui Timoteo si ŋu kpena la ŋu wòva zu Kristotɔ dzikpɔla nyui aɖe?