Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Aleke Mawɔ Aɖu Tetekpɔwo Dzi?

Aleke Mawɔ Aɖu Tetekpɔwo Dzi?

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi nɔa menye.” (Romatɔwo 7:21) Èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Ne nenemae la, nyati sia akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàɖu ɖokuiwò dzi ne tetekpɔwo va dziwò.

 Nu si wòle be nànya

Nyaƒoɖeamenuwo tea ŋu nana míewɔa nu gbegblẽ. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be “hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.” (1 Korintotɔwo 15:33) Modzakaɖeɖewo kple amewo ƒe nyaƒoɖeamenuwo ate ŋu ana dzodzro vɔ̃wo naɖo mewò be nàwɔ nu gbegblẽ, eye ate ŋu awɔe gɔ̃ hã be ‘nàdze amehawo yome le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me.’—2 Mose 23:2.

“Ne èdina be yeadze amewo ŋu la, esia ate ŋu ana nàva nɔ nu sia nu si ame bubuwo wɔna la wɔm kple susu be wòalɔ̃ ye.”—Jeremy.

Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ètsia dzi ɖe ale si amewo abu wòe ŋu fũu akpa la, nu ka tae esia ana wòasesẽ na wò be nàɖu tetekpɔwo dzi?—Lododowo 29:25.

Nya vevitɔ: Mègana hawòtiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nana nàwɔ nu si nènya be menyo o.

 Nu si nàte ŋu awɔ

Nya nu siwo dzi nèxɔ se. Ne mènya nu siwo dzi nèxɔ se o la, àte ŋu ava zu ko abe fefenu aɖe si wonɔa ka hem na ene. Aɖe vi wu sãsãsã ne èwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Mido nuwo katã kpɔ; milé ɖe nu si nyo la ŋu.” (1 Tesalonikatɔwo 5:21) Ne èse wò dzixɔsewo gɔme nyuie la, anɔ bɔbɔe na wò wu be nàlé wo me ɖe asi sesĩe ahaƒo asa na nu siwo tsi tre ɖe wo ŋu la wɔwɔ.

Bu nya sia ŋu kpɔ: Nu ka tae nèka ɖe edzi be wò ŋutɔ wò nyonyo tae se siwo Mawu de ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la li ɖo?

“Mede dzesii be ɣesiaɣi si menɔ agbe ɖe nye dzixɔsewo nu eye nyemeɖe mɔ tetekpɔ ɖu dzinye o la, amewo gadea bubu ŋunye wu.”—Kimberly.

Bibliameme si ƒe kpɔɖeŋu nàte ŋu asrɔ̃: Daniel. Anɔ eme be sɔhɛ ye Daniel gakpɔtɔ nye esime wòɖoe kplikpaa “le eƒe dzi me” be yeawɔ Mawu ƒe sededewo dzi.—Daniel 1:8.

Ne mènya nu siwo dzi nèxɔ se o la, àte ŋu ava zu ko abe fefenu aɖe si wonɔa ka hem na ene

Nya wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Biblia ƒo nu tso “sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzrowo” ŋu. Wonye dzodzro siwo nu sẽna, vevietɔ le ame ƒe sɔhɛmenɔɣi. (2 Timoteo 2:22) Menye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖeɖe ko ŋue dzodzro siawo ku ɖo o, elɔ didi be yeadze amewo ŋu kple didi be yeanɔ ye ɖokui si esime mèsu te haɖe o hã ɖe eme.

Bu nya sia ŋu kpɔ: Biblia gblɔ be “nu si tea ame sia ame kpɔnae nye eya ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ eye wòblenɛ.” (Yakobo 1:14) Nudzodzro kae tea kpɔna wu?

“To nyateƒe na ɖokuiwò eye nàde dzesi tetekpɔ siwo dzi ɖuɖu sesẽna na wò wu. Ku nu me tso ale si nàwɔ aɖu wo dzi ŋu eye nàwɔ nuŋlɔɖi siwo nàte ŋu azã. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be ne tetekpɔ mawo gava dziwò ake la, ànya ale si nàɖu wo dzi.”—Sylvia.

Bibliameme si ƒe kpɔɖeŋu nàte ŋu asrɔ̃: David. Ɣeaɖewoɣi la, David ɖe mɔ eya ŋutɔ ƒe nudzodzrowo kple ame bubuwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo wɔe be wòwɔ nu gbegblẽ. Gake esrɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me eye wòdze agbagba be yemagawɔ wo azɔ o. Edo gbe ɖa na Yehowa be: “Wɔ dzi dzadzɛ ɖe menye, eye nàde gbɔgbɔ yeye si li ke la menye.”—Psalmo 51:10.

Ðu ɖokuiwò dzi. Biblia gblɔ be: “Mègaɖe mɔ nu vɔ̃ɖi naɖu dziwò o.” (Romatɔwo 12:21) Esia fia be anya wɔ be nàɖu tetekpɔwo dzi. Àte ŋu atiae be yeawɔ nu si sɔ.

Bu nya sia ŋu kpɔ: Aleke nàwɔ aɖu ɖokuiwò dzi ahawɔ nu si sɔ ne tetekpɔ aɖe dze ŋgɔ wò?

“Mebua ale si mase le ɖokuinye me ne meɖe mɔ tetekpɔ aɖe ɖu dzinye la ŋu. Ðe esia ana makpɔ dzidzɔa? Ðewohĩ hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Gake ɖe dzidzɔ ma anɔ anyi ɖaa? Ao, ɖeko nye dzi anɔ fɔ bumem. Ke emae nyo wua? Gbeɖe!”—Sophia.

Bibliameme si ƒe kpɔɖeŋu nàte ŋu asrɔ̃: Paulo. Togbɔ be Paulo lɔ̃ ɖe edzi be nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe didi nɔ ye me hã la, eɖu eɖokui dzi. Eŋlɔ bena: “Meƒoa nye ŋutilã vevie hewɔnɛ kluvii.”—1 Korintotɔwo 9:27.

Nya vevitɔ: ŋutɔe atso nya me le nu si nàwɔ ne tetekpɔwo va dziwò la ŋu.

Ðo ŋku edzi be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu koe tetekpɔwo nyena. Melissa, si xɔ ƒe 20, gblɔ be: “Nu siwo nye tetekpɔ sesẽwo nam esime menɔ sekɛndrisuku (alo lycée) la megaɖia naneke nam egbea o. Ŋugbledede tso esia ŋu nana mekana ɖe edzi be tetekpɔ siwo me tom mele fifia hã nu ava yi eye be gbe ɖeka la, matrɔ akpɔ megbe akpɔe be enyo ŋutɔ be mete ŋu ɖu wo dzi.”