Dzo kpo yi emenuwo dzi

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kawoe Wòle Be Manya Tso Amamaɖenuwo Ðoɖo Ða To Asitelefon Dzi Ŋu?

Nu Kawoe Wòle Be Manya Tso Amamaɖenuwo Ðoɖo Ða To Asitelefon Dzi Ŋu?

 Nu kae nye amamaɖenuwo ɖoɖo ɖa to asitelefon dzi?

Elɔ foto siwo wole amama ɖe, gbɔdɔnyawo alo videowo ɖoɖo ɖe ame to asitelefon dzi ɖe eme. Ŋutsu aɖe gblɔ be: “Enye nu si bɔ egbea ŋutɔ. Ne mieŋlɔ nu ɖo ɖe mia nɔewo zi ɖeka alo zi eve aɖewo koa kaka mianya la, mieva le miaƒe fotowo ɖom ɖe mia nɔewo xoxo.”

Nu ka tae amewo wɔa nu sia? Ʋɔnudrɔ̃la ƒe kpeɖeŋutɔ aɖe gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times me be sɔhɛ aɖewo bunɛ be “ne amewo kpɔ wò ahiãvi ƒe foto si me wòle amama le le wò asitelefon dzi la, woanya be èle ŋutsu me. Esiae le tsia dzi fifia.” Sɔhɛ aɖe yɔe gɔ̃ hã be enye “gbɔdɔnuwɔna si me afɔku mele o.” Egblɔ kpee be: “Esia mate ŋu ana nàfɔ fu alo axɔ nulɔdɔ o.”

Susu bubu siwo ta sɔhɛwo ɖea foto woƒe ɣaɣlaƒewo ɖona ɖe wo nɔewo dometɔ aɖewoe nye:

  • Be yewoƒe nu nalé dzi ame si yewodi be yewoadze ahiãe.

  • Elabena ame aɖe le amama ɖe foto ɖo ɖee eya ta eya hã di be yeaɖo ye tɔ ɖee ‘atsɔ ada akpe nɛ.’

 Afɔku kawoe le nuwɔna sia me?

Ne ènya ɖo wò foto ɖe ame aɖe to asitelefon dzi ko la, meganye tɔwò o, mègakpɔ ŋusẽ ɖe ale si wòazãe dzi kple ale si wòana woabu wòe hã dzi o. Amanda Lenhart si nye numekulawo ƒe tatɔ si ŋlɔ nu tso amamaɖenuwo ɖoɖo ɖa to asitelefon dzi ŋu le Pew Research Center gblɔ be: “Ele bɔbɔe egbea be woakaka amewo ƒe vodadawo kple sedzidadawo alo adzra wo ɖo be ame bubuwo nava kpɔ wu ale si wònɔ tsã.”

Le go aɖewo me la

  •   Amewo ɖoa foto siwo me wole amama le la ɖe wo xɔlɔ̃ geɖewo abe modzakaɖenu ene

  •   Ðekakpui aɖewo ɖoa woƒe ahiãviwo ƒe foto siwo me wole amama le ɖe amewo be yewoatsɔ ahe to na yewoƒe ahiãviawo le esi wogbe yewo ta.

ÈNYAA? Le go geɖe me la, wobu amamafotowo ɖoɖo ɖa to asitelefon dzi be esɔ kple ɖevigbɔdɔdɔ kple devigbɔdɔdɔ ƒe fotowo ɖoɖo ɖa amewo. Wotsɔ nya ɖe sɔhɛvi siwo ɖo amamafotowo ɖe wo nɔewo ŋu gɔ̃ hã be woɖi gbɔdɔnuwɔna gbegblẽwo ƒe fɔ.

 Nya kae Biblia gblɔ?

Biblia ƒo nu nyui tso ame siwo ɖe wo nɔewo ƒe vivisese le gbɔdɔdɔ me ŋu. (Lododowo 5:18) Ke hã eƒo nu tsi tsitre ɖe ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe gbɔdɔdɔ ŋu. Bu mawunyakpukpui siwo gbɔna ŋu kpɔ:

  • “Migana woayɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ kple makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖeke alo ŋukeklẽ ŋkɔ teti gɔ̃ hã le mia dome o, . . . kple ŋukpenanuwɔwɔ alo bometsinyagbɔgblɔ, alo fefenya madzeto.”—Efesotɔwo 5:3, 4.

  • “Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome.”—Kolosetɔwo 3:5.

Mawunyakpukpui mawo xlɔ̃ nu tso gbɔdɔdɔ ƒe “agbe gbegblẽ nɔnɔ” (ame si menye ame srɔ̃ o gbɔ dɔdɔ) ŋu. Ke hã egaxlɔ̃ nu tso makɔmakɔnyenye (si lɔ nu makɔmakɔ wɔwɔ ɖe sia ɖe ɖe eme) kple “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro” (esia melɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si sɔ si nɔa srɔ̃tɔwo dome ɖe eme o, ke boŋ dzodzro si tea ŋu kplɔa ame dea agbe makɔmakɔ nɔnɔ me bɔbɔe.)

Bia ɖokuiwò be:

  • Aleke amamafotowo ɖoɖo ɖe amewo nye “makɔmakɔnyenye” ƒomevi aɖe?

  • Mɔ ka nue wònyɔa “gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro” ɖe ame me le?

  • Nu ka tae didi be woakpɔ amamafotowo alo aɖo wo ɖe amewo nye “dzodzro vɔ̃”?

Mawunyakpukpui siwo gbɔna gagblɔ susu vevi aɖewo siwo ta wòle be míatsri amamafotowo ɖoɖo ɖe amewo alo wo xɔxɔ tso amewo gbɔ keŋkeŋ.

  • “Wɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe nàtsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame si dze eŋu ene, dɔwɔla si mehiã be ŋu nakpe le naneke ŋuti o.”—2 Timoteo 2:15.

  •   “Ame ka ƒomeviwo ye wòle be mianye le agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me.”—2 Petro 3:11.

Mawunyakpukpui mawo gblɔ nu nyui siwo dona tso agbe dzadzɛ nɔnɔ me. Ne ènɔa agbe dzadzɛ la mànɔ vɔvɔ̃m be yeƒe nuwɔnawo ava gblẽ nu le ye ŋu o.—Galatiatɔwo 6:7.

Bia ɖokuiwò be:

  •   Ame ka ƒomevie menye?

  •   Ðe medina be ŋkɔ nyui nanɔ ŋunyea?

  •   Ðe madi be matsɔ nu si agblẽ nu le amewo ŋu la aɖe modzakaea?

  •   Aleke amewo abum ne wonya be mewɔa nu sia?

  •   Ðe dzinyelawo agaka ɖe dzinye ne wonya be mewɔa nu sia?

NUDZƆDZƆ ŊUTƆŊUTƆ: “Nyɔnuvi aɖe si nye xɔ̃nye kple ŋutsuvi aɖe wonɔ zɔzɔm gake eɣlae ɖem. Eɖo eƒe foto si me wòle amama le ɖee eye eya hã ɖo etɔ ɖee. Mede ŋkeke eve gɔ̃ hã o, xɔ̃nyea fofo va tsa le eƒe asitelefon dzi. Ekpɔ nu siwo xɔ̃nye kple ŋutsuvia ɖo ɖe wo nɔewo, eye eƒe dzi gbã. Esi fofoa biae la, eʋu nya sia nya me nɛ. Menya be eve xɔ̃nyea be yewɔ nu ma, gake nua te ɖe edzilawo dzi ale gbegbe be ɖeko woƒe dzi fla! Womenya ne yewoagate ŋu aka ɖe xɔ̃nyea dzi o.”

Nyateƒenya: Amamaɖenuwo ɖoɖo ɖa to asitelefon dzi ɖia gbɔ ame si ɖoe ɖa kple ame si xɔe siaa. Sɔhɛ aɖe si xɔlɔ̃a zi edzi wòle amama ɖe foto ɖo ɖee la gblɔ be: “Nuwɔna sia na menyɔa ŋu ɖokuinye eye mebua fɔ ɖokuinye vevie.”

Esi wònye be nuwɔna ma mesɔ ɖe Biblia nu o, menye agbe dzadzɛ nɔnɔ eye wòate ŋu ana woadze dziɖuɖu ƒe se me hã ta la, anyo be nàwɔ ɖe Bibia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi:

  • “Si le sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzrowo nu.”—2 Timoteo 2:22.

  • “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.”—Psalmo 119:37.

 Nu kae nàwɔ?

Wɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le wò agbenɔnɔ me. Xlẽ Janet ƒe nya siawo eye nàkpɔe ɖa be tiatia kae asɔ wu be yeawɔ hã.

“Medo go ŋutsuvi aɖe gbe ɖeka eye míexɔ mía nɔewo ƒe kaƒodzesi. Mede kwasiɖa ɖeka o ebia be manɔ godi kple noléwu me aɖe foto aɖo ɖe ye.”​—⁠Janet.

Nu kae nèsusu be esɔ be Janet nawɔ? Nu kae nàwɔ?

  • TIATIA 1 Àte ŋu asusui be: ‘Naneke megblẽ le eŋu o. Ne míeyi tsileƒe le ƒuta la, manɔ godi kple noléwu me wòakpɔ godoo ɖe.’

  • TIATIA 2 Àte ŋu asusui be: ‘Nyemenya susu si le esi o. Maɖo foto aɖe si me nye ametia dze le vie ko ɖee makpɔ eƒe susu ɖa.’

  • TIATIA 3 Àte ŋu asusui be: ‘Gbɔdɔdɔ ko minyam ŋutsuvi sia le. Matutu eƒe nyawo ɖa.’

Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be tiatia 3 liae nye nyuitɔ oa? Gawu la, Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.”—Lododowo 22:3.

Dodokpɔ sia ɖe nane si kplɔa ame dea nuwɔna sia kple nu tovo bubuwo wɔwɔ me la ɖe go: Ðe nèɖɔa ŋu ɖo le ame siwo nàdze xɔ̃e gomea? (Lododowo 13:20) Nyɔnuvi aɖe si woyɔna be Sarah gblɔ be: “De ha kple ame siwo nènya be womedina be yewoakpɔ gbegblẽnuwɔnawo kple ŋku o.” Ðetugbui si ŋkɔe nye Delia da asi ɖe eƒe nya dzi. Egblɔ be: “Ame siwo gblɔna be xɔ̃wòwoe yewonye dometɔ aɖewo dina be yewoana nàdzudzɔ agbe dzadzɛ nɔnɔ ke menye be yewoade eƒe dzi ƒo na wò o. Ne woƒe nuwɔnawo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe sewo o la, ekema ɖe wole dzi dem ƒo na wò be nawɔ nu gbegblẽ. Nu sia tututue nèdi be yeawɔa?”