Dzo kpo yi emenuwo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Guyana

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Guyana

 “Nu mate ŋu aɖɔ dzidzɔ si gbegbe ame kpɔna ne eva subɔ le afi si hiahiã geɖe le la o!” Nya sia Joshua si tso United States eye wovae subɔ ɣeyiɣi aɖe le Guyana gblɔ. Ðasefo bubu siwo hã subɔ le Dziehe Amerika ƒe du sia, si me amewo ɖoa to nya nyuia le la hã sena le wo ɖokui me alea. a Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ðasefo siwo vae subɔ le nuto siwo me gbeƒãɖela geɖe hiã le la gbɔ? Ne èdi be ye hã yeavae subɔ le duta, aleke woƒe nuteƒekpɔkpɔa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzra ɖo?

Nu Kae Ʋã Wo?

Linel

 Hafi nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Linel naʋu ayi Guyana la, eɖea gbeƒã le anyigbamama si me womewɔa dɔ le edziedzi o me le wode United States. Linel gblɔ be: “Woɖo mí ame 20 ɖe West Virginia ƒe kɔƒe nuto aɖe me. Kwasiɖa eve siwo míetsɔ ɖe gbeƒã eye míede ha kple mía nɔewo ɖekae la trɔ nye agbe kura! Megava ɖoe kplikpaa wu tsã be masubɔ Yehowa bliboe ale si mate ŋui.”

Erica kple Garth

 Atsu kple asi siwo ŋkɔe nye Garth kple Erica nɔ eŋu bum vevie be yewoavae subɔ le duta, eye wotiae be yewoayi Guyana. Nu ka tae wotia Guyana? Erica ɖe eme be: “Nye kple srɔ̃nye míenya srɔ̃tɔ aɖe siwo ʋu yi afi ma. Lɔlɔ̃ si le wo si kple ale si wotsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wonɔ le Guyana ŋu ʋã míawo hã be míaʋu ayi afi ma.” Erica kple Garth zã ƒe etɔ̃ sɔŋ le Guyana tsɔ ɖe gbeƒã, eye woɖɔ ɣeyiɣi mawo be wonye “ɣeyiɣi siwo me míekpɔ dzidzɔ le ŋutɔ.” Garth gblɔ be: “Míeɖɔ subɔsubɔ le duta kpɔ, eye míekpɔe be enyo.” Emegbe eya kple srɔ̃a wode Gilead Suku eye wole subɔsubɔm fifia le Bolivia.

Zi geɖea, ame siwo subɔna le duta la sea vivi na dzeɖoɖo kple amewo tso Biblia me

Aleke Wodzra Ðoe?

 Biblia me gɔmeɖosewo de dzi ƒo na mí be míanɔ agbe tsɛ. (Hebritɔwo 13:5) Biblia gade dzi ƒo na mí hã be ne míedi be míawɔ nyametsotso gãwo la, ele be míabu wo ŋuti kɔnta gbã. (Luka 14:26-33) Ʋuʋu avae subɔ le duta hã le nyametsotso gã mawo me! Garth gblɔ be: “Hafi míaʋu ayi Guyana la, ehiã be nye kple Erica míawɔ tɔtrɔ aɖewo anɔ agbe tsɛ. Esia bia be míadzra míaƒe dɔwɔƒea, míaƒe aƒea kple nu bubu siwo katã le aƒea me siwo míegazãna o. Esia xɔ ƒe ʋɛ aɖewo. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, míezɔa mɔ yia Guyana ƒe sia ƒe ale be subɔsubɔ le afi ma ƒe didia nakpɔtɔ anɔ mía me.”

Sinead kple Paul

 Nu bubu si ŋu wòle be ame nabu ye nye ga si wòatsɔ anɔ eɖokui dzi kpɔm. Gbeƒãɖela siwo vae subɔna le dukɔ siwo me gbeƒãɖela geɖe hiã le tea ŋu wɔa dɔ le dukɔ mawo me, nenye be dukɔa ƒe se ɖe mɔ na wo. Wo dometɔ aɖewo tea ŋu toa kɔmpiuta dzi ganɔa dɔ si wɔm wonɔ hafi ʋu yi duta la ke wɔm. Bubuwo hã tianɛ be yewoanɔ yewo de yim edziedzi avae nɔ dɔm wɔm hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi siwo nye Paul kple Sinead yia wo de Ireland zi ɖeka ƒe sia ƒe vae wɔa dɔ. Esia kpe ɖe wo ŋu wosubɔ dzidzɔtɔe le Guyana ƒe 18 sɔŋ, togbɔ be wova dzi vi hã.

Christopher kple Lorissa

 Psalmo 37:5 gblɔ be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me; ɖo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.” Atsu kple asi siwo nye Christopher kple Lorissa siwo tso United States doa gbe ɖa edziedzi tso woƒe didi be yewoavae subɔ le duta la ŋu. Azɔ hã, le woƒe ƒometadeagu mea, wodea ŋugble tso nu siwo wòahia be woawɔ ale be woate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ la ŋu. Wobua eŋuti viɖeawo kple kuxiawo hã ŋu. Esi womedi be yewoaʋu ayi teƒe si wòahiã be yewoava srɔ̃ gbe bubu le o ta la, wotia Guyana, afi si wodoa Eŋlisigbe le.

 Eyome wowɔ ɖe mɔfiame si le Lododowo 15:22 dzi, afi ma gblɔ be: “Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi, ke afi si aɖaŋuɖola geɖewo le la, nuwo dzea edzi.” Woŋlɔ nu na alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Guyana, b eye wotsɔ woƒe didia ɖo ŋkume na wo hegblɔ na wo be yewoli faa, woate ŋu azã yewo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wobia nu tso nutoa me ƒe atikewɔnyawo, yame ƒe nɔnɔme kple nutoa me dekɔnuwo ŋu. Alɔdzedɔwɔƒea ɖo woƒe biabiawo ŋu na wo, eye wona wodo ka kple hamemetsitsi siwo le afi si woava ʋu ayi.

 Linel, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la nye dzikpɔla mɔzɔla fifia le Guyana. Hafi eya hã naʋu ayi afi ma, ewɔ ɖe mɔfiame si le Lododowo 15:22 dzi. Linel gblɔ be: “Tsɔ kpe ɖe ale si medzra ga ɖo ɖe ʋuʋua ŋua, meƒo nu kple ame bubu siwo ʋu vae subɔ le duta hã. Meɖo dze tso nye taɖodzinua ŋu na nye ƒomea, míaƒe hamemetsitsiwo kple míaƒe nutome sue dzikpɔla. Mexlẽ nu geɖe le míaƒe agbalẽwo me tso subɔsubɔ le duta ŋu.”

Joseph kple Christina

 Ame geɖe siwo dina be yewoavae subɔ le dukɔ bubu me la ɖia tsa yia dukɔ mawo me gbã. Atsu kple asi siwo nye Joseph kple Christina gblɔ be: “Zi gbãtɔ si míeyi Guyana la, míenɔ afi ma ɣleti etɔ̃. Esia na míekpɔ ale si nuwo le le dua me. Emegbe míetrɔ yi aƒe vae bla míaƒe agbawo eye míedze mɔ.”

Aleke Wotrɔ Ðe Nɔnɔmeawo Ŋui?

Joshua

 Be ame nakpɔ dzidzedze le subɔsubɔ le duta mea, ele be wòanye ame si tsɔa nuwo saa vɔ eye wòlɔ̃na faa trɔna ɖe nuto yeye ƒe nɔnɔmewo kple dekɔnuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe siwo ʋuna tso nuto siwo me yame fana le me yina nuto siwo me yame xɔa dzo le mea va kpɔnɛ be nudzodzoeviwo sɔa gbɔ ɖe nuto mawo me ŋutɔ. Joshua, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Le mía dea, nudzodzoeviwo mebɔ ale o. Gake le Guyana afi sia, wobɔ ŋutɔ eye wololo hã! Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe ne mekpɔ woa, megãɖea fu nam o. Eye meva de dzesii hã be ne ame na eƒe aƒe me le dzadzɛa, nudzodzoeviwo dzi ɖena kpɔtɔna. Esia bia be wòaklɔ agbawo, atsɔ gbeɖuɖɔwo aƒu gbe, eye wòanɔ aƒea me dzram ɖo edziedzi.”

 Tɔtrɔ ɖe agbenɔnɔ le dukɔ bubu me ŋu hã bia be ame natrɔ ɖe nuɖuɖu yeyewo kple ale si woɖaa woe la ŋu. Joshua gblɔ be: “Nye kple nɔvi si nɔ xɔ me míebia nɔvi aɖewo le hamea me be woafia mí ale si woɖaa nutoa me nuɖuɖuwoe. Ne míesrɔ̃ nuɖuɖu aɖe ɖaɖaa, míekpea nɔviwo be woava ɖui kpli mí ɖekae. Míetoa dzidzɔɣi siawo hã dzi nyaa mía nɔviawo eye míedzea xɔlɔ̃ wo.”

Paul kple Kathleen

 Paul kple Kathleen gblɔ tso dekɔnu yeyewo sɔsrɔ̃ ŋu be: “Ehiã be míasrɔ̃ ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu nyui kple ale si míado awu wòasɔ le nɔnɔme nyui me. Eya ta ehiã be míabɔbɔ mía ɖokui atrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu, ke hã míeɖɔa ŋu ɖo be mímaŋe aɖaba aƒu Biblia ƒe mɔfiamewo dzi o. Tɔtrɔ siawo te mí ɖe nɔviawo ŋu eye ekpe ɖe mía ŋu hã be míekpɔ dzidzedze le subɔsubɔdɔa me.”

Yayra Kawoe Wokpɔ?

 Abe ame bubuwo ke enea, Joseph kple Christina hã gblɔ be: “Yayra siwo míekpɔ le subɔsubɔdɔa me la sɔ gbɔ sãsãsã wu kuxi siwo me míeto. Esi míelɔ̃ ʋu le mía dea, esia kpe ɖe mía ŋu míeva de dzesi nu siwo míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Míeva kpɔe be nanewo siwo míebuna tsã be wole vevia, mehiã tututu hafi o. Nu siwo katã me míeto la ʋã mí míeɖoe kplikpaa be míawɔ geɖe na Yehowa. Nu siwo le mía si fifia la dzea mía ŋu eye míaƒe dzi dze eme.”

 Erica si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Subɔsubɔ le afi si gbeƒaɖelawo hiã le kpe ɖe nye kple srɔ̃nye ŋu míegava srɔ̃ ale si míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Míekpɔ Yehowa ƒe asi le mɔ siwo nu míenɔ kpɔm na kura o. Eye dɔwɔwɔ ɖekae kple srɔ̃nye na mí ame evea dome gava le kplikplikpli wu.”

a Ale si gbeƒãɖeɖedɔa yi edzi le Guyana ƒe ŋutinya dze le Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 2005 Ƒegbalẽa me.

b Trinidad kple Tobago ƒe alɔdzedɔwɔƒea ye kpɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Guyana.