Dzo kpo yi emenuwo dzi

Kristotɔwoe Yehowa Ðasefowo Nyea?

Kristotɔwoe Yehowa Ðasefowo Nyea?

 Ɛ̃. Míenye Kristotɔwo le susu siwo gbɔna la ta:

  •   Míedzea agbagba be míazɔ ɖe Kristo ƒe nufiafiawo dzi ahasrɔ̃ eƒe nuwɔnawo pɛpɛpɛ.​—1 Petro 2:21.

  •   Míexɔe se be Yesu Kristo ye nye ame vevitɔ si dzi míato akpɔ xɔxɔ, eye míexɔe se hã be “xɔxɔ la mele ame bubu aɖeke me o, elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona ame aɖe le amegbetɔwo dome, si dzi wòle be míato akpɔ xɔxɔ o.”​—Dɔwɔwɔwo 4:12.

  •   Hafi amewo nazu Yehowa Ðasefo la, wonyrɔa wo le Yesu ƒe ŋkɔ me.​—Mateo 28:​18, 19.

  •   Míedoa gbe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me.​—Yohanes 15:16.

  •   Míexɔe se be Yesu Kristoe nye Ta, alo ame si woɖo be wòakpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu sia ŋutsu dzi.​—1 Korintotɔwo 11:3.

 Gake míeto vovo na subɔsubɔha bubu siwo woyɔna be Kristotɔwo la le mɔ geɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, míexɔe se be Biblia fia nu be Mawu ƒe Vie Yesu nye, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. (Marko 12:​29) Mímexɔ nu si wofiana be luʋɔ mekuna o la dzi se o. Eye mímexɔe se be kpeɖodzi aɖe le Biblia me be Mawu wɔa fu amewo le dzo mavɔ me alo be woada dzesideŋkɔ tɔxɛwo ɖe subɔsubɔhakplɔlawo dzi si awɔe be woƒe ɖoƒe nakɔ wu ame bubuwo tɔ o.​—Nyagblɔla 9:5; Xezekiel 18:4; Mateo 23:​8-10.