Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Panama

Tsaɖiɖi Yi Panama

ÐEWOHĨ nu si wonya na Panama nyuie wue nye eƒe tsimɔ si tso Atlantik va do ɖe Pasifik atsiaƒu gã la me. Esi wònye Panama ye tsiã anyigbagã siwo nye Dziehe Amerika kple Anyiehe Amerika ta la, ena kadodo le dukɔ kple dome hã. Ameƒomevi vovovowo kple dekɔnu vovovowo le afi ma. Dua me tɔwo ƒe akpa gãtɔ nye dumevi dzidziwo kple Europatɔwo ƒe dzidzimeviwo.

ÈNYAA? Panamatɔwo ƒe akpɔkplɔ vevi (Atelopus zeteki) sia “ʋuʋua” asi tsɔ yɔa asi alo tsɔ nyaa atsu bubuwo ɖa

Le ƒe 1501 me, esi Spaintɔ du yeye dilawo va Panama la, wova ke ɖe Panama-vi dzidziwo ƒe to alo hlɔ̃ geɖewo ŋu, eye to mawo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ li va se ɖe egbe. To siawo dometɔ ɖekae nye Guna (eye woyɔa wo tsã be Kuna). Guna toa me tɔ geɖewo le San Blas Ƒukpohatsotsoa ƒe akpa aɖe si dumevi dzidziwo le kple liƒo si le Carib Ƒuta le afi si te ɖe liƒo si le Panama kple Colombia dome la ŋu. Le nuto mawo me la, wodaa ade, wotsɔa akrowo dea tɔƒo, eye woawo ŋutɔwo dea woƒe agble ɖuna.

Le Gunatɔwo dome la, ne ŋutsu ɖe srɔ̃ la, eʋuna ɖatsia srɔ̃a ƒe ƒometɔwo gbɔ henɔa dɔ wɔm na wo. Ne srɔ̃a dzi nyɔnuvi ko hafi eya kple eƒe ƒomea ate ŋu aʋu adzo le srɔ̃a ƒe ƒometɔwo gbɔ aɖanɔ wo ɖokuiwo si.

Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo ade 300 ye le Panama. Tsɔ kpe ɖe Spaingbe ŋuti la, Ðasefowo wɔa kpekpewo le Chinagbe, Eŋlisigbe, Gujaratigbe, Gunagbe, Haititɔwo ƒe Creolegbe, Ngaberegbe, kple Panama Tokunɔgbe hã me.