Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

  NYATI SI LE AKPAA DZI

Ðe Nyakakadɔwɔlawo Toa Nyateƒea?

Ðe Nyakakadɔwɔlawo Toa Nyateƒea?

AME geɖe mexɔa nyakakadɔwɔlawo ƒe nyawo dzi sena o. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, Gallup-dɔwɔƒea bia gbe amewo le ƒe 2012 me be “woagblɔe ne wokana ɖe” nyadzɔdzɔ siwo wogblɔna le radio kple television dzi kple esiwo nɔa nyadzɔdzɔgbalẽwo me la dzi be wodena pɛpɛpɛ eye wonyea nyateƒenyawo hã. Ame siwo wobia gbee la dometɔ 6 le 10 me ƒe akpa aɖe ɖo eŋu be yewomekana ɖe wo dzi “tututu o” eye akpa bubu hã be yewomekana ɖe wo dzi “kura o.” Ðe wòsɔ be woase le wo ɖokuiwo me alea?

Nyakakadɔwɔla geɖewo kple habɔbɔ siwo wowɔa dɔ na la kaa atam be yewoagblɔ nya siwo le eteƒe hede pɛpɛpɛ. Gake ehiã be ame nabu nanewo ŋu. Woawoe nye esiwo gbɔna:

  • DƆWƆƑE GÃ. Dɔwɔƒe gã ʋɛ aɖewo siwo si ga le ŋutɔe ɖo nyakakadɔwɔƒe gã aɖewo. Nyakakadɔwɔƒe gã mawo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe nya siwo woagblɔ, ale si woagblɔ woe, kple vevienyenye si gbegbe woatsɔ agblɔ nya mawoe la dzi. Esi wònye ɖe woɖo dɔwɔƒe gã mawo ƒe akpa gãtɔ ɖe viɖekpɔkpɔ ta ŋuti la, nyametsotso siwo woƒe nyakakadɔwɔƒewo wɔna la ƒe taɖodzinu ate ŋu anye be wòahe ga vɛ na yewo. Nyakakadɔwɔƒe siawo ate ŋu aŋe aɖaba aƒu nyatakaka siwo ate ŋu agblẽ nu le dɔwɔƒe siawo ƒe gakpɔmɔnuwo ŋu la dzi.

  • DZIÐUÐUWO. Nya geɖe siwo nyakakadɔwɔlawo gblɔna la kuna ɖe amewo kple dziɖuɖuwo ŋu. Dziɖuɖuwo dzea agbagba be yewoana amewo nada asi ɖe yewoƒe ɖoɖowo dzi ahada megbe na dziɖuɖumegãwo. Esi wònye be nyakakadɔwɔlawo xɔa nyatakakawo tso dziɖuɖua gbɔ ta la, ɣeaɖewoɣi la nyakakadɔwɔlawo kple dziɖuɖumegãwo wɔa nu asi le asi me.

  •  BOBLODODO. Le dukɔ geɖewo me la, ele be nyakakadɔwɔƒewo nato mɔ aɖe dzi akpɔ ga hafi woate ŋu ayi woƒe dɔa dzi, eye wokpɔa ga sia ƒe akpa gãtɔ tso boblododo me. Le United States la, boblododo mee dɔwɔƒe siwo taa magazinewo kpɔa woƒe ga ƒe akpa 50 va se ɖe 60 le alafa me le, nyadzɔdzɔgbalẽtaƒewo kpɔa woƒe ga ƒe akpa 80 le alafa me le eme, eye televisiondɔwɔƒe kple radiodɔwɔƒe siwo woɖo ɖe asitsatsa ta hã kpɔa woƒe gawo katã tso asitsatsa me. Eme kɔ be boblodolawo medina be yewoakpe asi ɖe ɖoɖo siwo made yewoƒe adzɔnuwo dzi o la ŋu o. Ne womekpɔ ŋudzedze ɖe nyakakadɔwɔƒe aɖe ƒe boblododo ŋu o la, woate ŋu atrɔ ɖe nyakakadɔwɔƒe bubu ŋu. Esi nyakakadɔwɔlawo nya esia ta la, woƒoa asa na nyatakaka siwo made dɔwɔƒe siwo kpea asi ɖe wo ŋu dzi o la gbɔgblɔ.

  • NYATEƑEMATOMATO. Menye nyakakadɔwɔlawo katãe toa nyateƒe o. Wo dometɔ aɖewo kpaa nyawo gblɔna. Ƒe ʋɛ aɖewo nye esi va yi la, nyakakadɔwɔla aɖe si le Japan ku nu me tso nu si gbɔ wòtso be adzakpo dzeani siwo le Okinawa la dome le gbegblẽm la ŋu. Esi mekpɔ kpeɖodzi aɖeke o la, eya ŋutɔ gblẽ nu le adzakpo aɖe ŋu eye wòɖe fotoe. Wotea ŋu trɔa asi le fotowo gɔ̃ hã ŋu tsɔ blea amewo. Mɔ siwo dzi wotona trɔa asi le fotowo ŋu la va de ŋgɔ egbea ŋutɔ, eye le ɖewo gome la, asesẽ ŋutɔ be woanya be ɖe wotrɔ asi le fotoawo ŋu.

  • AMIÐEÐE ÐE NYAWO. Ne kpeɖodzi sẽŋu le nyatakaka aɖe ŋu hã la, nyakakadɔwɔla ate ŋu atrɔ asi le eŋu ahagblɔe ale si wòdii. Nya kawoe woagblɔ le nyatakaka aɖe me, eye kawoe womagblɔ o? Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be woɖu bɔl-ƒoha aɖe dzi kple age eve. Nyateƒeae nye ema. Gake nyakakadɔwɔla ate ŋu agblɔ nu geɖewo be wo gbɔe wòtso be woɖu bɔl-ƒoha ma dzi.

  • NYA AÐEWO ŊEŊE ÐE EME, Zi geɖe la, ne nyakakadɔwɔlawo le asi trɔm le nyatakakawo ŋu be wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi la, woɖea nyatakaka siwo gbɔgblɔ ate ŋu ahe kuxi vɛ alo afɔ biabia aɖewo ɖe te la le eme. Esia wɔnɛ be woɖea ami ɖe nya aɖewo eye bubuwo ƒe vevienyenye dzi ɖena kpɔtɔna. Ɣeaɖewoɣi la, esi wònye be miniti ʋɛ aɖewo koe nɔa television dzi nyakakadɔwɔlawo kple nyatakakanalawo si be woatsɔ aƒo nu tso nya goglo aɖewo ŋu ta la, woŋea nya vevi aɖewo ɖe eme eye woŋea aɖaba ƒua ɖewo hã dzi.

  •  HOƲIƲLI. Esi televisiondɔwɔƒewo va le agbɔ sɔm ɖe edzi le ƒe ʋɛ siawo me la, ɣeyiɣi si amewo zãna tsɔ kpɔa televisiondɔwɔƒe ɖeka ƒe wɔnawo dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ. Esia ƒoe ɖe televisiondɔwɔƒewo nu be woatrɔ asi le woƒe wɔnawo ŋu woanɔ etɔxɛe alo woavivi ame nu ale be amewo nakpɔtɔ anɔ woƒe wɔnawo kpɔm. Esi agbalẽ si nye Media Bias nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ be: “Woɖea nɔnɔmetatawo le [television] dzi nyadzɔdzɔgbɔgblɔ ɖe sia ɖe kloe me, nɔnɔmetatawo dometɔ aɖewo blea fu le lã me na ame eye bubuwo hã léa dzi na ame hewɔa dɔ ɖe ame dzi, eye woɖe nyatakakawo ƒe didime dzi kpɔtɔ le esi amewo megalɔ̃na kpɔa nu ɖeka ʋuu o ta.”

  • VODADAWO. Esi wònye amegbetɔwo koe nyakakadɔwɔlawo hã nye ta la, wotea ŋu daa vo. Nya aɖe maŋlɔmaŋlɔ nyuie, gbɔviedzesidada ɖe afi si mesɔ o, alo gbeŋutise aɖe ŋu dɔmawɔmawɔ nyuie ate ŋu atrɔ gɔmesese si le nya aɖe ŋu. Ate ŋu adzɔ be womeku nya aɖe me hekpɔ kpeɖodzi gobi le eŋu o. Eye ele bɔbɔe hã be nyakakadɔwɔla si le klokloklo dzi be yeawɔ ɖe game dzi la naŋlɔ xexlẽdzesi bubu ɖe bubu teƒe. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be wòaŋlɔ 10,000 ɖe 100,000 teƒe.

  • NUSUSU GBLƆ. Mele bɔbɔe be woagblɔ nyadzɔdzɔwo woade pɛpɛpɛ abe ale si ame aɖewo bunɛ ene o. Woate ŋu abu nu si wobuna egbea be enye nyateƒe la etsɔ be menye nyateƒe o. Le kpɔɖeŋu me, wobunɛ tsã be anyigbaa le míaƒe ɣe kple eŋuɣletinyigbawo titina. Gake egbea la, míenyae be anyigba la boŋue nɔa xlã ƒom ɣea.

 Ehiã Dadasɔ

Togbɔ be masɔ be míaxɔ nu sia nu si míexlẽna le nyadzɔdzɔgbalẽwo me dzi ase o hã la, esia mefia be míake ɖi woƒe nya sia nya o. Ðewohĩ nu si akpe ɖe mía ŋu míada asɔe nye be míanɔ ŋudzɔ, gake le ɣeyiɣi ma ke me la míalɔ̃ ɖe nya siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi.

Biblia gblɔ be: “Ðe to medoa nya kpɔna, abe ale si veme ɖɔa nuɖuɖu kpɔna ene oa?” (Hiob 12:11) Eya ta nu siwo gbɔna akpe ɖe mía ŋu míado nya siwo míesena kple nu siwo míexlẽna la kpɔ:

  • AFI SI NYADZƆDZƆA TSO: Habɔbɔ alo nyakakadɔwɔla ɖianukware gbɔe nyatakakaa tsoa? Ðe wonya nyakakadɔwɔƒea alo agbalẽtaƒea be wokua nyawo me tsitotsito hafi gblɔa woa? Alo wonye ame siwo ɖea ami ɖe nyaa? Ame kae naa gakpekpeɖeŋu nyakakadɔwɔƒe ma?

  • AFI SI WOWƆ NUMEKUKU LE: Ðe kpeɖodzi li be woku nya me tsitotsitoa? Hatsotso ɖeka aɖe gbɔ koe woku nu me tsoea? Ðe ame siwo gbɔ woku nu me tsoe la nye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖoa? Ðe wonye ame siwo dana sɔna alo ɖeko wotia wo be woava ɖɔli kpɔ na ame bubuwoa?

  • TAÐODZINU: Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wogblɔ nya sia koŋ be woatsɔ ana nyanya amewo loo alo ɖe wogblɔe be woatsɔ ado nukokoe na amewoa? Ðe wotsɔe le boblo dom nane loo alo ɖe wogblɔe be woatsɔ ada megbe na nanea?’

  • ALE SI WOGBLƆ NYA LAE: Ne dzikudodo, ameŋugbegblẽ alo nyahehe ɖe ame ŋu vevie dze le nyaa ƒe gɔmedzedze ko la, nyae be wole ame aɖe ŋu gblẽ ge ke menye be woadzaka nyawo nuŋububutɔe o.

  • ÐEKAWƆWƆ KPLE NYA BUBUWO: Ðe nya siwo wogblɔ la wɔ ɖeka kple nyati bubuwo tɔa? Ne nyakakadɔwɔlawo ƒe nu mesɔ le nyaa ŋu o la, ke kpɔ nyuie le nya ma ŋu!

  • ESƆ ÐE ƔEYIƔIA NU: Ðe nyatakakaa nye esi dzɔ nyitsɔ laa si dzi woate ŋu aka ɖoa? Ðewohĩ nane si woxɔ se be enye nyateƒe ƒe 20 do ŋgɔ la magate ŋu anye nyateƒe kokoko egbea o. Nenema kee, ne nyaa nye nyadzɔdzɔ yeye la, ate ŋu adzɔ be womeku nya me tsitotsito hekpɔ kpeɖodziwo katã o.

Eya ta míabia azɔ be ɖe nàte ŋu aka ɖe nyakakadɔwɔƒewo dzia? Salomo ɖo aɖaŋu nyui sia si me nunya le na mí be: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.”—Lododowo 14:15.