Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

  ÐE WOWƆEA?

Nyatakaka Si Gbegbe Nɔa Domenyiŋusẽfianu Me

Nyatakaka Si Gbegbe Nɔa Domenyiŋusẽfianu Me

KƆMPIUTAZÃLAWO trɔa asi le nyatakaka gbogbo aɖewo ŋu, eye wòhiãna be woadzra wo ɖo ale be woate ŋu ava wɔ wo ŋu dɔ emegbe ne ehiã. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le mɔ kpɔm be yewoahe tɔtrɔ gã aɖe ava nyatakakadzadzraɖo ƒe mɔnuwo me. Woƒe susue nye be yewoanɔ te ɖe dzɔdzɔme nyatakakadzraɖonu si de ŋgɔ sãsãsã la ƒe ŋutete dzi awɔ yewo tɔa. Dzɔdzɔmenu mae nye domenyiŋusẽfianu (DNA alo ADN).

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Nyatakaka miliɔn akpe geɖewoe nɔa nu gbagbewo ƒe domenyiŋusẽfianuwo me. Aƒetɔ Nick Goldman si wɔa dɔ le Europatɔwo ƒe dɔwɔƒe aɖe (European Bioinformatics Institute) gblɔ be: “Míate ŋu aɖe wo tso atiglinyi ƒomevi aɖewo siwo nɔ anyi le blema ƒe ƒuwo me . . . ahase nyatakaka siwo le wo me la gɔme. Wole nyaŋui ŋutɔ, gake nyatakaka gbogbo aɖewoe le wo me, eye mehiã be woazã elɛktrik-ŋusẽ aɖeke hafi ate ŋu adzra nyatakaka mawo ɖo o, ale wɔ wo tsɔtsɔ kple wo dzadzra ɖo ɖi le bɔbɔe.” Ðe woate ŋu adzra nyatakaka siwo ŋu amegbetɔwo trɔ asi le la ɖo ɖe domenyiŋusẽfianuwo dzia? Numekulawo ɖo eŋu be ɛ̃, woate ŋui.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu wɔ domenyiŋusẽfianuwo hedzra nuŋɔŋlɔwo, fotowo kple nu léɖemɔ̃dziwo ɖo ɖe wo dzi abe ale si ko wodzraa nyatakakawo ɖe elɛktronik-nuwo dzi ene. Numekulawo te ŋu trɔ nyatakaka siwo wodzra ɖo ɖe domenyiŋusẽfianu wɔwɔeawo dzi hegbugbɔ wo va ale si wonɔ tsã, eye wode pɛpɛpɛ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be gbe ɖeka yewoate ŋu ato mɔnu sia dzi adzra nyatakaka siwo anɔ CD 3,000,000 dzi la ɖe domenyiŋusẽfianu wɔwɔe gram 1 dzi. Wosusui be woate ŋu azã mɔnu sia atsɔ adzra nyatakaka siwo le xexea me ƒe elɛktronik-nyatakakawo dzraɖoƒewo katã dzi ɖo. Ale wɔ wona ŋkɔ domenyiŋusẽfianu be “nyatakakadzraɖonu gãtɔ.”

Nu kae nèsusu? Ðe ale si domenyiŋusẽfianu tea ŋu xɔa nyatakaka gbogbowo la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?