Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYƆ! No. 4 2017 | Ðe Nèle Nu Geɖe Wɔm Akpaa?

Vovo megale ame geɖe ŋu egbea kura o eye esia wɔe be ɣeaɖewoɣi la egblẽa ƒomedodowo me eye ƒomewo kpea fu.

Aleke míate ŋu awɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie wu?

Nunyala aɖe ŋlɔ nya siawo be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.”—Nyagblɔla 4:6.

“Nyɔ”! sia ƒo nu tso ale si míawɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋu dɔ nyuie, si ƒe ɖee nye be míatsɔ nu vevitɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu.

 

NYATI SI LE AKPAA DZI

Ðe Nèle Nu Geɖe Wɔm Akpaa?

Menɔa bɔbɔe na ame geɖe be woakpɔ vovo ɖe woƒe dɔwo kple woƒe ƒomewo ŋu o. Nu ka gbɔe kuxia tso? Nu kae míate ŋu awɔ aɖe kuxia dzi akpɔtɔ?

Ƒudzixe Wɔnuku La

Tsãa, wosusu be ƒudzixe sia ƒe ʋuʋu tso Artik nutoa me yi Antaktika ƒe sia ƒe nyea kilometa 35,200. Gake ema nye xe sia ƒe mɔzɔzɔ wɔnukua ƒe akpa aɖe ko.

‘Ŋkɔ Nyui Nyo Wu Kesinɔnu Geɖe

Míate ŋu ana ŋkɔ nyui nanɔ mía ŋu eye amewo nade bubu mía ŋu. Gake aleke míawɔe?

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Ne Ðeviwo Tsi Eye Woʋu Le Aƒe Me

Srɔ̃tɔ aɖewo toa kuxi sesẽwo me ne wo viwo tsi eye woʋu le aƒea me. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu?

INTERVIEW

Susuŋutinunyala Aɖe Ƒe Xɔse

Nufialagã Rajesh Kalaria ƒo nu tso eƒe dɔ si wòwɔna kple eƒe xɔse ŋu. Nu kae na wòva trɔ susu le afi si agbe dzɔ tso la ŋu?

NU SI BIBLIA GBLƆ

Tetekpɔ

Srɔ̃gbegbe, lãmesẽkuxiwo, dzitsinya ƒe fuɖename, nu siwo dzɔna ɖe ame dzi ne eɖe mɔ tetekpɔ ɖu edzi la dometɔ aɖewo koe nye esiawo. Aleke nàwɔ aƒo asa na tetekpɔ siawo?

WAS IT DESIGNED?

Pollia Kutsetse Ƒe Amadede Blɔ Nyakpɔ La

Atikutsetse sia me tsi mele blɔ o, ke hã eƒe amadede si le blɔ lae nye amadede si le blɔ wu atikutsetse bubu ɖe sia ɖe tɔ. Nu kae na eƒe amadedea nya kpɔ nenema?

Internet Dzi Nu Bubuwo

Ðe Biblia Ate Ŋu Ana Dzidzɔkpɔkpɔ Nanɔ Nye Ƒomea Mea?

Biblia me aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la kpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖewo ŋu xoxo woƒe ƒomewo le dzidzɔ kpɔm.