Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkɔ nyui nana wokana ɖe ame dzi eye bubu nɔa ame ŋu

‘Ŋkɔ Nyui Nyo Wu Kesinɔnu Geɖe

‘Ŋkɔ Nyui Nyo Wu Kesinɔnu Geɖe

AMEWO dea asixɔxɔ ŋkɔ nyui ŋu ale gbegbe be le dukɔ aɖewo me la, wowɔ sewo be woatsɔ akpɔ eta. Se siawo dometɔ aɖewoe nye be woagaŋlɔ nya gbegblẽwo atsɔ agblẽ ame ƒe ŋkɔ le nyadzɔdzɔgbalẽwo alo nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo me alo ada alakpa ɖe ame si atsɔ agblẽ eŋu o. Esia na míeɖo ŋku blemanya siawo dzi be: “Ŋkɔ nyui tiatia nyo wu kesinɔnu geɖe; eye bubunɔameŋu nyo wu klosalo kple sika.” (Lododowo 22:1) Nu kae míawɔ be ŋkɔ nyui nanɔ mía ŋu eye amewo nade bubu mía ŋu? Míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Biblia me.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nya si Biblia gblɔ le Psalmo 15 lia ŋu kpɔ. Esi psalmowo ŋlɔla nɔ nyabiase si nye, “Ame kae adze [Mawu ƒe] agbadɔ me?” ŋu ɖom la, egblɔ be: “Ame si . . . wɔa nu dzɔdzɔe eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me. Ame si metsɔa eƒe aɖe gblẽa ame ŋu o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o. Ame si gbɔ ame vloewo meɖia naneke le o, . . . Megbea eƒe ŋugbedodo dzi wɔwɔ o, ne esia agblẽ nu le eya ŋutɔ ŋu gɔ̃ hã. . . . Eye mexɔa zãnu . . . o.” (Psalmo 15:1-5) Ðe màde bubu ame si wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui siawo dzi ŋu oa?

Nɔnɔme bubu si hã nana amewo dea bubu ame ŋue nye ɖokuibɔbɔ. Lododowo 15:33 gblɔ be: “Ðokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.” Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðokuibɔbɔla dea dzesi nu siwo me wòate ŋu awɔ asitɔtrɔ le eye wòdzea agbagba wɔnɛ. Azɔ hã, mesesẽna nɛ be wòaɖe kuku ne edze agɔ le ame aɖe dzi o. (Yakobo 3:2) Dadala ya mewɔa nu alea o, ke boŋ edoa dziku kabakaba. Lododowo 16:18 gblɔ be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.”

Ke ne ame aɖe gblẽ wò ŋkɔ ya ɖe? Ðe wòle be nàtsi klokloklo akpɔ nyaa gbɔ le dziku mea? Bia ɖokuiwò be, ‘Ne mele agbagba dzem be maʋli nye ŋkɔ ta la, ɖe mava nɔ alakpanyaa kakam boŋua?’ Togbɔ be míate ŋu atsɔ se akplɔ amea hã la, Biblia ɖo aɖaŋu sia be: “Mègatsi klokloklo nàtsɔ nya ayi ʋɔnui o.” Ke boŋ “kpɔ wò kple hawòvi dome nya gbɔ.” (Lododowo 25:8, 9) * Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ ate ŋu awɔe be màgblẽ ga o.

Menye subɔsubɔgbalẽ koe Biblia nye o. Enye agbalẽ si me mɔfiame bubu siwo akpe ɖe mía ŋu le agbe me la le. Nɔnɔme nyuiwo va sua ame siwo katã wɔna ɖe Biblia me mɔfiame nyui siawo dzi la si, eye esia wɔnɛ be bubu kple ŋkɔ nyui nɔa wo ŋu.

^ mm. 5 Biblia gagblɔ mɔnu bubu siwo dzi míato akpɔ nyawo gbɔ le Mateo 5:23, 24; 18:15-17.