Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fukpekpe Nu Ayi Kpuie!

Fukpekpe Nu Ayi Kpuie!

Tsɔe be èle xexe si me nu siwo nana míekpea fu, abe nu vlo wɔwɔ, aʋawɔwɔ, dɔléle kple dzɔdzɔmefɔkuwo ene mele o la me. Kpɔe ɖa le susu me be ne èfɔ ŋdi sia ŋdi la, mètsia dzimaɖi le vovototodedeameme, ameteteɖeanyi nuwɔna, alo ganyawo ƒe kemalimali ta o. Ðe wòwɔ na wò be drɔ̃e gbɔlo koe nya siawo nyea? Enye nyateƒe be amegbetɔ alo amegbetɔwo ƒe habɔbɔ aɖeke mate ŋu ahe tɔtrɔ mawo ava xexea me o. Gake Mawu do ŋugbe be yeaɖe nu siwo katã nana amegbetɔwo kpea fu la ɖa; esiwo me míedzro le nyati si do ŋgɔ me la hã le eme. De ŋugble le Mawu ƒe ŋugbedodo siawo siwo dze le eƒe Nya, Biblia, me la ŋu kpɔ:

DZIÐUÐU NYUI AVA

“Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”Daniel 2:44.

Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si woɖo anyi le dziƒo. Yesu Kristo, si nye Dziɖula si Mawu tia la axɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe eye wòakpɔ egbɔ be wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo kple anyigba dzi afi sia hã. (Mateo 6:9, 10) Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mava xɔ ɖe dziɖuɖu sia teƒe o, elabena “mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ” ye wònye. Ŋutifafa axɔ aƒe ɖi tegbee le dziɖuɖu ma te.2 Petro 1:11.

ALAKPASUBƆSUBƆ MAGANƆ ANYI O

“Satana ŋutɔ yia edzi trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla. Eya ta menye nu gã aɖekee wònye, ne eƒe subɔlawo hã yia edzi trɔa wo ɖokuiwo dzɔdzɔenyenye ƒe subɔlawo o. Gake woƒe nuwuwu anɔ ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu.”2 Korintotɔwo 11:14, 15.

Woaklo nu le alakpasubɔsubɔ dzi wòadze gaglãa be Abosam ƒe dɔwɔwɔe wònye, eye woaɖee ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi. Fuléle si subɔsubɔhawo dona ɖe ŋgɔ kple woƒe ʋukɔkɔɖi nu ayi. Esia ana mɔnukpɔkpɔ ame siwo katã lɔ̃ “Mawu gbagbe vavã” la be woasubɔe le “xɔse ɖeka” me, le “gbɔgbɔ kple nyateƒe” me. Ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ka gbegbee nye esi wòanye!1 Tesalonikatɔwo 1:9; Efesotɔwo 4:5; Yohanes 4:23.

AMEGBETƆWO ƑE BLIBOMADEMADE NU AYI

“Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Yehowa Mawu ana esia nava eme to Via, Yesu, ame si tsɔ eƒe agbe sa vɔe ɖe ameƒomea ta la dzi. (Yohanes 3:16) Le Yesu ƒe mɔfiafia te la, woana  amegbetɔwo nagava zu ame deblibowo ake, abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. Fukpekpe aɖeke maganɔ anyi o, elabena “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo” eye atutu “aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume.” Eteƒe madidi o, amegbetɔ ƒe blibomademade kple fukpekpe azu gbe aɖe gbe nya; “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”Psalmo 37:29.

GBƆGBƆ VƆ̃WO MAGANƆ ANYI O

“[Yesu Kristo] lé ʋɔ driba, si nye da xoxo la, si nye Abosam kple Satana, eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka. Eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe aʋli la me, eye wòtu nu ɖe enu, eye wòtre enu, bene wòagakplɔ dukɔwo atrae azɔ o.”Nyaɖeɖefia 20:2, 3.

Ne wolé Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo de “aʋli la” si nye dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme me me vɔ la, womagakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi azɔ o. Ɣemaɣi la, gbɔgbɔ vɔ̃wo magakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo dzi le mɔ aɖeke nu o. Gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi wòanye be míanɔ agbe le xexe si me Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fuɖename maganɔ o la me!

“ŊKEKE MAMLƐAWO” AWU ENU

“Ŋkeke mamlɛawo” awu enu ne “xaxa gã” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la va. Egblɔ be: “Ɣemaɣi la, xaxa gã ava, si tɔgbi meva kpɔ o, ao, meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magava ake o.”Mateo 24:21.

Anye xaxa gã le gɔmesesea nu be nɔnɔme sesẽ siwo tɔgbi meva kpɔ o lae ava. Awu enu kple “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ,” si woyɔna be “Harmagedon.”Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

Le xexea me godoo la, ame siwo lɔ̃ nu nyui wɔwɔ la le mɔ kpɔm na nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu vevie. Bu yayra siwo le wo lalam le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋu kpɔ.

YAYRA BUBUWO AGATSO MAWU GBƆ!

Woakpɔ “ameha gã aɖe” ta woage ɖe ŋutifafa ƒe xexe yeye me: Mawu ƒe Nya la gblɔ be “ameha gã” aɖe si womenya xexlẽme na o la “[ado] go tso xaxa gã la me” eye woakpɔ wo ta woage ɖe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14; 2 Petro 3:13) Woalɔ̃ ɖe edzi be Yesu Kristo, “Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa” la dzie woto ɖe yewo.Yohanes 1:29.

Nufiame si tso Mawu gbɔ aɖe vi geɖe: Le xexe yeyea me la, ‘sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi.’ (Yesaya 11:9) Ale si amewo anɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me ahalé be na anyigba la hã le nufiame si atso Mawu gbɔ la me. Mawu do ŋugbe be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye ame si fia nu si nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la.”Yesaya 48:17.

Woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre: Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, efɔ exɔlɔ̃ Lazaro si ku la ɖe tsitre. (Yohanes 11:1, 5, 38-44) Eto esia dzi ɖe nu si wòato Mawu Fiaɖuƒea dzi awɔ le xexea me godoo la fia.Yohanes 5:28, 29.

Ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee: Le Kristo ƒe dziɖuɖu te la, sedzimawɔmawɔ azu gbe aɖe gbe nya. Aleke míewɔ nya? Elabena ŋutete le Yesu si be wòanya nu si le ame ƒe dzi me, eye awɔ ŋutete ma ŋu dɔ atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo. Womaɖe mɔ na ame siwo gbe be yewomatrɔ le yewoƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la be woayi edzi anɔ agbe le Mawu ƒe xexe yeyea me o.Psalmo 37:9, 10; Yesaya 11:3, 4; 65:20; Mateo 9:4.

Nu siwo me míedzro la nye Biblia me nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso ɣeyiɣi nyui si le ŋgɔ gbɔna ŋu la dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Ne Mawu Fiaɖuƒea le anyigba dzi ɖum la, “ŋutifafa gbogbo” axɔ aƒe ɖi tegbee. (Psalmo 37:11, 29) Woaɖe nu siwo hea vevesese kple fukpekpe siwo me tom amegbetɔwo le vɛ la katã ɖa. Mawu ŋutɔe do ŋugbe esi wògblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee. . . . Nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo.”Nyaɖeɖefia 21:5.