Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Nye Ŋutɔ Mesusu Be Menɔ Agbe Ðum Ale Si Dze

Nye Ŋutɔ Mesusu Be Menɔ Agbe Ðum Ale Si Dze
  • ƑE SI ME WODZII: 1982

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: POLAND

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ŊUTASẼLA, ATIKE VƆ̃ÐI ZÃLA, KPLE AME SI LƆ̃ DƆ GÃ

NYE ŊUTINYA:

Poland ƒe du sue aɖe si medidi tso Germany ƒe dea gbɔ o la mee wodzim le. Agblewo kple avewo ƒo xlã mí, eye míenɔ tomefafa me. Dzinyela lɔlɔ̃awo de dzi ƒo nam be manɔ agbe nyui, mado vevie nu le suku, eye mava nye dɔ gã aɖe wɔla.

Nye kuxiawo dze egɔme esime meyi ɖanɔ yunivɛsiti dem le Wrocław be mazu senyala. Esi nyemegale dzinyelawo gbɔ o ta la, meva dze xɔlɔ̃ baɖawo. Tso ɣeaɖeɣi ke la, bɔlkpɔkpɔ doa dzidzɔ nam, gake esi medze xɔlɔ̃ ame gblẽkuwo ta la, esia wɔe be meva zu zazɛ̃nyahela le bɔlƒonyawo me. Bɔlƒoha si dzi medena la tso Warsaw, eye medzea wo yome kwasiɖanuwuwuwo yia afi sia afi si woyi bɔl ƒo ge le. Le teƒe mawo la, meƒoa ɖokuinye ɖe aha geɖe nono kple atike vɔ̃ɖi zazã me, eye medaa kɔ kple bɔlƒoha kemɛa dzi delawo ɣeaɖewoɣi. Mesusu be nu mawo wɔwɔ ana maɖe susu ɖa le gbe sia gbe ƒe hloluitsotsowo ŋu vie, gake menyae be ne kpovitɔwo lém la, woate ŋu axe mɔ nam be nyemagazu senyala o.

Nye kple xɔ̃nyewo míelɔ̃ zãmodzakaɖeƒewo kple ɣeɖuƒewo yiyi. Ne míede teƒe mawo la, míedaa kɔ le ablɔwo dzi zi geɖe. Kpovitɔwo léam enuenu, gake medzea agbagba ɣesiaɣi be woagakplɔm yi ʋɔnui o, eye ɣeaɖewoɣi la, zãnue menana hafi dona le eme. Nye ŋutɔ mesusu be menɔ agbe ɖum ale si dze. Ke hã, le ememe la, menyae be agbe si nɔm mele la menyo o. Eya ta medea sɔleme Kwasiɖagbe ɖe sia ɖe be nye dzitsinya nagaɖe fu nam fũu o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Le ƒe 2004 me la, Yehowa Ðasefo eve va ƒo ʋɔ nam, eye melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kplim. Esi nu si srɔ̃m menɔ la na mekpɔ nu si wòbia be ame nanye Kristotɔ vavãtɔ la, nye dzitsinya va nɔ fu ɖem nam vevie. Menya be ele be madzudzɔ aha geɖe nono, atike vɔ̃ɖiwo zazã kpakple hadede kple ame siwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu o. Mekpɔe hã be ele be madzudzɔ akpasesẽnuwɔwɔ kple ŋutasẽgbenɔnɔ. Togbɔ be mekpɔe be ehiã be mawɔ tɔtrɔ hã la, megayi edzi nɔ agbe vloea nɔm kokoko.

Nane dzɔ gbe ɖeka si na mekpɔe be ele be matrɔ nye agbenɔnɔ. Gbe ma gbe la, menɔ kɔ dam kple ŋutsu enyi; meɖo ŋku edzi be woƒom metsi anyigba, eye wonɔ kɔ tumem henɔ afɔ tum ta nam. Esi mekpɔe be meɖo kudonu la, medo gbe ɖa be: “Yehowa, meɖe kuku, tsɔe kem be nyemetsɔ wò Nya la wɔ dɔe o. Ne èna metsi agbe la, mana Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kplim eye matrɔ nye agbenɔnɔ.” Ewɔ nuku nam ŋutɔ be metsi agbe. Eya ta mewɔ nye ŋugbedodoa dzi eye megadze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme.

Le ƒe 2006 me la, meʋu yi England. Nye taɖodzinue nye be mawɔ dɔ akpɔ ga ne matrɔ ayi Poland ale be mayi nye agbalẽsɔsrɔ̃a dzi axɔ senyalawo ƒe ɖaseɖigbalẽ si gakɔkɔ wu. Esi meyi Biblia-sɔsrɔ̃a dzi la, mawunyakpukpui aɖe wɔ dɔ ɖe dzinye vevie. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mebua nuwo katã hã be wonye nu búbuwo le nye Aƒetɔ Kristo Yesu ŋuti sidzedze si xɔ asi sãsãsã wu la ŋuti. Le eya amea ta melɔ̃ faa be nuwo katã nabú nam, eye mebua wo aɖukpodzinuwo sɔŋ, ale be Kristo nasu asinye.” (Filipitɔwo 3:8) Apostolo Paulo hã xɔ hehe abe senyala ene, eye wòsẽ ŋuta le amewo ŋu vevie, abe nye ke ene. (Dɔwɔwɔwo 8:3) Ke hã, ekpɔe be ele be yeanɔ agbe si nyo wu, si nye be yeasubɔ Mawu ahawɔ yeƒe ŋutete ɖe sia ɖe asrɔ̃ Yesu. Esi mede ŋugble le Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, mekpɔe be dɔ si me ga geɖe le kple ŋutasẽnuwɔwɔ menana ame kpɔa dzidzɔ o. Meva ka ɖe edzi be ne Paulo te ŋu trɔ eƒe agbenɔnɔ la, ekema nye hã mate ŋui. Eya ta metso nya me be manɔ England ko eye nyemagayi senyalawo ƒe sukua dede dzi o.

Zi ale si menɔ nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, zi nenemae nye kplii dome va le kplikplikpli. Eƒe ŋugbedodo si nye be yeatsɔ ame siwo ɖoe tso dzi blibo me be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ ƒe nu vɔ̃wo ake wo la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:38) Eye esi mede ŋugble le 1 Yohanes 4:16 si gblɔ be, “Mawu nye lɔlɔ̃” ŋu la, meva se nu si tae Mawu lé fu ŋutasẽnuwɔwɔ ɖo la gɔme.

Edzrom be manɔ nɔviwo ƒe habɔbɔ kpɔdzidzɔ si me Ðasefowo le la me

Ðasefowo ƒe agbenɔnɔ hã wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Mekpɔe dze sii kɔtɛ be wodzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe sewo nu. Edzrom be manɔ nɔviwo ƒe habɔbɔ kpɔdzidzɔ si me wole la me. Esi meku kutri vevie la, mete ŋu trɔ nye agbenɔnɔ, eye mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le ƒe 2008 me.

Dzidzɔ bliboe wònye na nye kple Esther be míele Biblia fiam Polandgbedolawo

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Biblia kpe ɖe nye si nye nu gã dila, ŋutasẽla, atike vɔ̃ɖi zãla, aha tsu nola kple zazɛ̃nyahela le bɔlƒonyawo me tsã la ŋu meva zu Mawu subɔla si kpɔa dzidzɔ ɖe Biblia-fiafia amewo ŋu. Bɔlkpɔkpɔ gadoa dzidzɔ nam ya, gake fifia meɖoe kplikpaa be nyemaɖe mɔ modzakaɖeɖe sia nanye nu vevitɔ le nye agbe me o.

Meɖe srɔ̃ fifia; srɔ̃nye Esther nye nyɔnu dzetugbe si hã nye Yehowa subɔla, eye míele dzidzɔ kpɔm le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Dzidzɔ bliboe wònye na mí be míele Biblia fiam Polandgbedola siwo le England ƒe dzieheɣetoɖoƒe nutoa me afi sia. Esiae nye zi gbãtɔ si mekpɔe le nye agbe me be nye dzi dze eme ŋutɔŋutɔ. Dzitsinya nyui su asinye, mele vivi sem na agbea eye taɖodzinu vavã le nye agbe ŋu.