Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE MAWU BUA AƲAWƆWƆE?

Ale Si Mawu Bu Aʋawɔwɔe Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me

Ale Si Mawu Bu Aʋawɔwɔe Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me

Wonɔ dukɔa tem ɖe anyi. Ðikeke mele eme o be Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la do gbe ɖa na Mawu enuenu be wòaxɔ na yewo, abe ale si wo tɔgbuiwo hã do gbe ɖa na Mawu be wòaxɔ na yewo ene, gake fifia ya, Roma Fiaɖuƒea ye nɔ dukɔa tem ɖe anyi. Azɔ wova se nu tso Yesu ŋu. Eyae ava nye Mesia si ŋugbe wodo la? Mewɔ nuku o be ame geɖe nɔ “mɔ kpɔm be ame siae aɖe Israel” tso Romatɔ siwo nɔ wo tem ɖe anyi la si me. (Luka 24:21) Gake ame aɖeke mexɔ na wo o. Ke boŋ le ƒe 70 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la, Roma-srafowo va tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa.

Nu ka gbɔe wòtso? Nu ka tae Mawu mewɔ aʋa na Yudatɔwo abe ale si wòwɔe le blema ene o? Alo nu ka tae megblɔ na dukɔa be woawɔ aʋa aʋli wo ɖokui ta be woakpɔ ablɔɖe tso ame siwo nɔ wo tem ɖe anyi la si me o? Ðe ale si Mawu bua aʋawɔwɔe la trɔa? Ao. Gake nane trɔ vevie le Yudatɔwo ŋu. Wogbe Yesu, Mawu ƒe Vi la, be menye eyae nye Mesia la o. (Dɔwɔwɔwo 2:36) Eya ta Mawu hã gbe wo be woaganye yeƒe dukɔ azɔ o.—Mateo 23:37, 38.

Mawu megakpɔa Yuda dukɔa kple woƒe Ŋugbedodonyigbaa ta o, eye Yudatɔwo magate ŋu agblɔ gbeɖe be Mawu le megbe na yewo le aʋawɔwɔ me o. Abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene la, Mawu megale Israel dukɔa yram abe tsã ene o, ke boŋ fifia, Mawu tia dukɔ yeye si nye gbɔgbɔmetɔ la na eɖokui, si Biblia yɔ be “Mawu ƒe Israel,” eye dukɔ sia dzie Mawu ƒe yayra le azɔ. (Galatiatɔwo 6:16; Mateo 21:43) Kristotɔ siwo Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na la ƒe hame lae nye Mawu ƒe Israel gbɔgbɔmetɔ la. Wogblɔ na wo tẽe le ƒe alafa gbãtɔ me be: “Azɔ mienye Mawu ƒe dukɔ.”—1 Petro 2:9, 10.

Esi wònye be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwoe zu “Mawu ƒe dukɔ” azɔ la, ɖe Mawu wɔ aʋa ɖe wo nu be yeaɖe wo tso Romatɔ siwo nɔ wo tem ɖe anyi la si mea? Alo ɖe wògblɔ na wo be woawɔ aʋa kpli woa? Ao. Nu ka tae? Abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, hafi Mawu nanɔ megbe na aʋawɔwɔ aɖe la, eya ŋutɔe tsoa nya me le ɣeyiɣi si woawɔ aʋa lae ŋu. Mawu mewɔ aʋa ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nu o, eye megblɔ na wo hã be woakpɔ gome le aʋa siwo dukɔwo wɔna la me o. Eme kɔ ƒãa be, le ƒe alafa gbãtɔ me la, ɣeyiɣia mede na Mawu be wòawɔ aʋa atsɔ atsi ŋutasesẽ kple ameteteɖeanyi nu o.

Eya ta abe ale si Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blemablema la wɔe ene la, ele be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nalala akpɔ Mawu sinu va se ɖe esime eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia de be wòatsi ŋutasesẽ kple ameteteɖeanyi nu. Hafi ɣemaɣi naɖo la, Mawu meɖe mɔ na wo be woawɔ aʋa kple woƒe futɔwo o. Yesu Kristo na esia me kɔ nyuie le eƒe nufiafiawo me. Le kpɔɖeŋu me, megblɔ na eyomedzelawo be woawɔ aʋa o, ke boŋ ɖe wògblɔ na wo be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye minɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” (Mateo 5:44) Esime Yesu nɔ egblɔm ɖi be Romatɔwo ava dze Yerusalem dzi le ƒe alafa gbãtɔ me la, megblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ dua me awɔ aʋa kpli wo o, ke boŋ ɖe wògblɔ na wo be woasi adzo.—Luka 21:20, 21.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, . . . elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia; nye la, maɖo eteƒe,’ Yehowa ye gblɔe.” (Romatɔwo 12:19) Esi Paulo ŋlɔ nya mawo la, nya siwo Mawu gblɔ ƒe alafa geɖe do ŋgɔ, siwo dze le 3 Mose 19:18 kple 5 Mose 32:35 la dzie wòhe susu yi. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, mɔ siwo dzi Mawu to bia hlɔ̃ na eƒe amewo la dometɔ ɖekae nye be ekpe ɖe wo ŋu wowɔ aʋa kple woƒe futɔwo. Eya ta Paulo ƒe nyawo ɖee fia be ale si Mawu bua aʋawɔwɔe la metrɔ o. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Mawu gabua aʋawɔwɔ kokoko be enye mɔ si sɔ, si dzi yeato abia hlɔ̃ na ye subɔlawo ahatsi ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ƒomevi ɖe sia ɖe nu. Ke hã abe ale si ko wònɔ le blema ene la, Mawu ɖeka koe tsoa nya me le ɣeyiɣi si woawɔ aʋa kple ame si awɔ aʋaa ŋu.

Eme kɔ ƒãa be Mawu meɖe mɔ na Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me be woawɔ aʋa o. Ke egbea ya ɖe? Ðe Mawu gblɔ na ame aɖewo be woawɔ aʋa? Alo ɖe ɣeyiɣia de na Mawu be wòawɔ aʋa ɖe esubɔlawo nua? Aleke tututue Mawu bua aʋawɔwɔe egbea? Nyati siawo ƒe mamlɛtɔa aɖo biabia mawo ŋu.