Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nya Siwo Biblia Gblɔ Ku Ðe Nyui Kple Vɔ̃ Ŋu Gale Vevie Egbea?

Ðe Nya Siwo Biblia Gblɔ Ku Ðe Nyui Kple Vɔ̃ Ŋu Gale Vevie Egbea?

 Ame geɖe, siwo dometɔ aɖewo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye gɔ̃ hã, sena le wo ɖokui me be Biblia ƒe se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋua megale vevie egbea o. Le esia taa, sɔlemeha aɖewo wɔ asitɔtrɔwo le nu siwo wofiana ku ɖe nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋua ŋu. Ðe nya siwo Biblia gblɔ ku ɖe nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋua gale vevie egbea? Ɛ̃. Nyati sia ana míakpɔ nu si tae wògale vevie ɖo.

Amegbetɔwo hiã na Mawu ƒe mɔfiame ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu

 Esi wònye Mawue wɔ amegbetɔwo taa, ele be woaɖo ŋu ɖe wo Wɔlaa ŋu be wòafia mɔ yewo. Biblia gblɔ be: “Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.” (Yeremiya 10:23) Togbɔ be Yehowa a Mawu na ŋutete mí be míawɔ nyametsotsowo hãa, mena ŋusẽ alo ŋutetea mí be míaɖo nu si nye nyui kple vɔ̃ na mía ɖokuiwo o. Edi be míaɖo ŋu ɖe ye ŋu.—Lododowo 3:5.

 Míate ŋu akpɔ Mawu ƒe mɔfiamewo le Biblia me. Kpɔ susu eve aɖewo siwo tae mɔfiame mawo le vevie ɖo.

  •   Mawue wɔ mí. (Psalmo 100:3) Esi wònye Mawue nye mía Wɔla taa, enya nu si tututu ana míanɔ lãmesẽ me, míakpɔ dzidzɔ, míaƒe susu nadze akɔ anyi, eye míaƒe dzi nadze eme. Azɔ hã, enya nu siwo adzɔ ne míewɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi o. (Galatiatɔwo 6:7) Tsɔ kpe ɖe eŋua, Yehowa di be eme nanyo na mí le agbe me. Esia tae Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be enye “ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, Ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto.”—Yesaya 48:17.

  •   Míaƒe dzodzrowo ate ŋu akplɔ mí atrae. Ame geɖe susu be yewoate ŋu aɖo nu si nye nyui kple vɔ̃ na yewo ɖokuiwo ne yewoɖoa to yewoƒe dzi, si fia be ne yewowɔa nu si yewodi alo yewoɖia kɔ na yewoƒe dzodzrowo. Gake Biblia gblɔ be “ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, eye enu menya léna o.” (Yeremiya 17:9) Ne míeɖea mɔ nunya si tso Mawu gbɔ fiaa mɔ míaƒe dzi oa, míaƒe dzi ate ŋu able mí míava wɔ nu si ave mí emegbe.—Lododowo 28:26; Nyagblɔla 10:2.

Ðe wòle be subɔsubɔhakplɔlawo naŋe aɖaba aƒu nya si Biblia gblɔ tso nyui kple vɔ̃ ŋu dzia?

 Ao! Biblia na míenya nyateƒenya si ku ɖe Mawu kple ale si wòdi be míanɔ agbee ŋu. (1 Korintotɔwo 6:9-11; Galatiatɔwo 5:19-23) Mawu di be amewo nanya nyateƒe sia. (1 Timoteo 2:3, 4) Eya ta ele be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo nafia amewo nu si Mawu ƒe Nyaa gblɔ.—Tito 1:7-9.

 Ame geɖe siwo medina be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi o la dia hakplɔla siwo agblɔ “nu si dim wole be yewoase la na” yewo. (2 Timoteo 4:3, etenuŋɔŋlɔ) Gake Mawu ƒe Nyaa xlɔ̃ nu mí vevie be: “Baba na ame siwo yɔa nyui be vɔ̃ heyɔa vɔ̃ be nyui.” (Yesaya 5:20) Eme kɔ ƒãa be Mawu ahe to na hakplɔla siwo mefiaa nu si tututu Mawu gblɔ tso nyui kple vɔ̃ ŋua amewo o.

Ðe Biblia gblɔ be woazi Mawu ƒe mɔfiamewo ɖe amewo dzia?

 Ao. Ame siwo di be yewoadze Mawu ŋua srɔ̃a Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu eye wowɔa eƒe nufiafiawo dzi. Efia eyomedzelawo be woagadrɔ̃ ʋɔnu amewo o, ke boŋ woalɔ̃ amewo katã eye woade bubu wo ŋu.—Mateo 5:43, 44; 7:1.

 Yesu fia eyomedzelawo be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo nu. Gake ekpe ɖe wo ŋu wose egɔme hã be ame aɖewo ate ŋu atiae be yewomawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi o. (Mateo 10:14) Yesu mena ŋusẽ eyomedzelawo be woato dunyahehe alo mɔnu bubu aɖe dzi azii ɖe amewo dzi be woawɔ Mawu ƒe mɔfiamewo dzi o.—Yohanes 17:14, 16; 18:36.

Viɖe kawoe míakpɔ ne míewɔa nu siwo Biblia gblɔ tso agbe nyui nɔnɔ ŋua dzi?

 Ame siwo dzea agbagba wɔa nya siwo Mawu gblɔ tso nyui kple vɔ̃ ŋu dzia akpɔ viɖewo fifia kple le etsɔme siaa. (Psalmo 19:8, 11) Esia ƒe ɖewoe nye:

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.